Nations Bible

Joshua 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Teƒe si wona Yuda

1Anyigba si wotsɔ na Yuda ƒe viwo la ƒe anyigbemeliƒo dze egɔme tso Edom ƒe dzigbemeliƒo dzi, tso Zin gbegbe la, eye wòtɔ Negeb ƒe dzieheliƒo.

2Dzieheliƒo sia tso Dzeƒu alo Ƒukuku la to le anyigbeme 3ɖo ta dziehe tso Akrabim to dzi mɔ la gbɔ heyi Zin. Eɖo ta dziehe to Kades Barnea, to Hezron heyi Adar, trɔ ɖo ta Karka, 4eye wòyi Azmon. Eto tɔʋu si le Egipte ƒe liƒo dzi la ŋu heyi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Yuda ƒe anyigbemeliƒo.

5Ɣedzeƒeliƒo la tso Dzeƒu la ŋu yi Yɔdan tɔsisi la nu.

Anyigbemeliƒo la dze egɔme tso afi si Yɔdan tɔsisi la de nu Dzeƒu la me le, 6hetso eme yi Bet Hogla, Bet Araba ƒe anyiehe yi Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ. 7Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel. 8Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme. 9Egatso to la tame heyi Nef to la ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi du siwo le Efrɔn to dzi la gbɔ hafi trɔ ɖo ta dzigbeme, ƒo xlã Baala (si wogayɔna be Kiriat Yearim) 10ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu. 11Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to.

12Ke ɣetoɖoƒeliƒo enye ƒu gã la kple eŋu nyigbawo.

Israelviwo xɔ Yeriko

13Yehowa gblɔ na Yosua be wòatsɔ Yuda ƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Kaleb, Yefune ƒe vi la. Ale wotsɔ Arba du si wogayɔna be Hebron, du si wotsɔ Anak fofo ƒe ŋkɔ na la na Kaleb. 14Esia ta Kaleb nya Anak ƒe vi etɔ̃awo, Talmai, Sesai kple Ahiman ƒe dzidzimeviwo le anyigba la dzi, 15eye wòwɔ aʋa kple ame siwo nɔ Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la me. 16Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi. 17Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a. 18Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti.

Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?”

19Axsa ɖo eŋu be, “Na nu bubu aɖem, elabena anyigba si nènam la nye gbegbe sɔŋ! Na teƒe si tsi le lam.” Ale Kaleb tsɔ tsivudo si le to dzi kple balime la nɛ.

20Esiae nye anyigba si wona Yuda ƒe viwo.

21Woƒe du siwo nɔ Edom le Negeb ƒe liƒowo dzi woe nye:

Kabzeel, Eder, Yagur, 22Kina, Dimona, Adada, 23Kedes, Hazor, Itnan, 24Zif, Telem, Bealot, 25Hazor Hadata, Keriot Hezron (si nye Hazor), 26Aman, Sema, Molada, 27Hazar Gada, Hesmon, Bet Pelet, 28Hazar Sual, Beerseba, Biziotia, 29Baala, Im, Ezem, 30Eltolad, Kesil, Horma, 31Ziklag, Madmana, Sansana, 32Lebaot, Silhin, Ain kple Rimon. Du siawo katã de blaeve-vɔ-asiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.

33Du siwo wotsɔ na Yuda ƒe viwo le gbadzaƒe la woe nye:

Estaol, Zora, Asna, 34Zanoa, En Ganim, Tapua, Enam, 35Yarmut, Adulam, Soko Azeka, 36Saaraim, Aditaim, Gedera (alo Gederotaim). Du siawo nye du wuiene kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.

37Wogatsɔ du wuiade kple woƒe kɔƒewo na Yuda ƒe viwo. Du siawoe nye: Zenan, Hadasa, Migdal Gag, 38Dilean, Mizpeh, Yɔkteel, 39Lakis, Bozkat, Eglon, 40Kabon, Lahmas, Kitlis, 41Gederot, Bet Dagon, Naama, Makeda,

42Libna, Eter, Asan, 43Yefta, Asna, Nezib,

44Keila, Akzib kple Maresa. Du siawo le asiekɛ kple wo ŋu kɔƒeduwo.

45Ekron ƒe du kple eŋukɔƒewo katã hã nɔ Yudatɔwo ƒe anyigba la me.

46Liƒo la gatso Ekron yi ɖatɔ Domeƒu la, eye du kple kɔƒe siwo te ɖe Asdod ƒe liƒo ŋu la hã le anyigba la me kpe ɖe Asdod du la kple eƒe kɔƒewo, 47Gaza kple eƒe kɔƒewo, heyi keke Egipte ƒe tɔʋu la kple Domeƒu la ƒe ƒuta, tso Egipte tɔʋu la nu le anyigbeme yi Tiro le dzigbeme ŋu.

48Wogatsɔ du blaene-vɔ-ene siawo kple wo ŋu kɔƒewo le tonyigba la dzi hã na Yuda ƒe viwo:

Samir, Yatir, Soko, 49Dana, Kiriat Sana (si nye Debir), 50Anab, Estemo, Anim, 51Gosen, Holon, Giloh, 52Arab, Duma, Esam, 53Yanim, Bet Tapua, Afeka, 54Humta, Kiriat Arba (alo Hebron) kple Zior. Dus siawo le asieke kple woƒe kɔƒeduwo.

55Maon, Karmel, Zif, Yuta, 56Yezreel, Yokdeam, Zanoah, 57Kain, Gibea kple Timna. Du siawo le ewo kple woƒe kɔƒeduwo.

58Halhul, Bet Zur, Gedor, 59Maarat, Bet Anot, Eltekon. Du siawo le ade kple woƒe kɔƒeduwo.

60Kiriat Baal (si wogayɔna hã be Kiriat Yearim) kple Raba. Du siawo le eve kple woƒe kɔƒeduwo.

61Bet Araba, Midin, Sekaka, 62Nibsan, Dzedu la kple En Gedi. Du ade kple woƒe kɔƒeduwo.

63Yuda ƒe viwo mete ŋu nya Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, eya ta Yebusitɔwo gale afi ma, le Yuda ƒe viwo dome va se ɖe egbe.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Allotment of Judah and Caleb's Inheritance

  • In accordance with the command given to Joshua, Caleb received Kiriath-arba (Hebron), named after Arba the forefather of Anak. From there, Caleb drove out the three descendants of Anak: Sheshai, Ahiman, and Talmai.Sources: the Bible text itself · Caleb · Anak
  • When Othniel captured Kiriath-sepher (Debir), he won Caleb's daughter Achsah as his wife. Recognizing the arid nature of her land in the Negev, Achsah asked her father for water sources and was granted both the upper and lower springs.Sources: the Bible text itself · Achsah · Caleb
  • The territory allotted to the tribe of Judah spanned widely from the Dead Sea to the Mediterranean coastline, reaching south toward Edom and the Brook of Egypt. Despite this vast allotment of towns and villages, the people of Judah were unable to dislodge the Jebusites inhabiting Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Jerusalem · Edom · Salt Sea

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Edom · 30.746, 35.604 · verses 1, 21
  • Negeb · 31.245, 34.841 · verses 1, 19, 21
  • Zin · Today: Zin Desert · 30.971, 35.325 · verse 1
  • Salt Sea · Today: Dead Sea · 31.500, 35.500 · verses 2, 5
  • Great Sea · Today: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · verses 4, 11, 12, 47
  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 5
  • Adummim · 31.817, 35.362 · verse 7
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 8, 63
  • Valley of Hinnom · Today: Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · verse 8
  • Valley of Rephaim · 31.763, 35.219 · verse 8
  • Baalah · Today: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · verses 9, 10
  • Kiriath-jearim · Today: Deir el Azar · 31.809, 35.104 · verses 9, 60
  • Mount Jearim · Today: within 1 km of Kesla · 31.781, 35.051 · verse 10
  • Ekron · Today: Tel Miqne · 31.777, 34.852 · verses 11, 45, 46
  • Hebron · Today: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · verses 13, 14, 54
  • Gulloth-mayim · Today: within 5 km of Khirbet Rabud · 31.432, 35.015 · verse 19
  • Lower Gulloth · Today: within 5 km of Khirbet Rabud · 31.432, 35.015 · verse 19
  • Upper Gulloth · Today: within 5 km of Khirbet Rabud · 31.432, 35.015 · verse 19
  • Shephelah · 31.692, 34.875 · verse 33
  • Jarmuth · Today: Tel Yarmuth · 31.708, 34.975 · verse 35
  • Socoh · Today: Tel Socho · 31.682, 34.975 · verse 35
  • Lachish · Today: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · verse 39
  • Mareshah · Today: Tel Maresha · 31.593, 34.898 · verse 44
  • Ashdod · Today: Tel Ashdod · 31.757, 34.658 · verses 46, 47
  • Gaza · Today: Tell Harube · 31.504, 34.464 · verse 47
  • Jattir · Today: Khirbet Attir · 31.352, 35.016 · verse 48
  • Maon · Today: Tel Main · 31.409, 35.134 · verse 55
  • Engedi · Today: Ein Gedi · 31.450, 35.383 · verse 62

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.