Nations Bible

Joshua 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Anyigba si susɔ woagaxɔ

1Yosua tsi heku amegã azɔ, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Fifia, èzu amegãɖeɖi, evɔ dukɔ geɖewo gali siwo dzi wòle be miaɖu.

2“Anyigba siwo kpɔtɔ la woe nye:

“Filisti kple Gesur dukɔwo ƒe anyigba 3si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron;

hekpe ɖe Avitɔwo ŋu 4le dziehe;

Kanaantɔwo ƒe anyigba la katã gali kpe ɖe Ara, si nye Sidontɔwo tɔ heyi keke Afek le Amoritɔwo ƒe liƒo dzi ŋu.

5Gebalitɔwo ƒe anyigba

kple Lebanonyigba blibo la ɖo ta ɣedzeƒe, tso Baal Gad, si le Hermon to la ƒe anyigbeme heyi Hamat mɔ la nu.

6“Sidontɔwo, ame siwo le tonyigba la dzi le Lebanon towo kple Misrefat Maim dome la ƒe anyigba hã le eme. Mele klalo be manya dukɔ siawo katã ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ, eya ta bu anyigba siawo katã abe mia tɔwo ene, 7eye nàmae na Israel ƒe to asiekɛawo kple Manase ƒe to afã la abe ale si meɖo na wò ene.”

Anyigba si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe la mama

8Manase ƒe to la ƒe afã kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe xoxo, elabena Mose tsɔ anyigba sia na wo.

9Woƒe anyigba la nye teƒe si tso Areor, le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga kple du siwo le balime la, to Medeba ƒe togbɛnyigba dzi yi Dibon. 10Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si ƒe fiadu nye Hesbon la ƒe duwo hã nɔ anyigba la me, eye wòtso eme yi keke Amon ƒe liƒowo dzi.

11Gilead kple anyigba si nye Gesuritɔwo kple Makatitɔwo tɔ kple Hermon to la, Basan to la kple Saleka du la 12kple Ɔg, Basan fia, ame si ɖu fia le Astarot kple Edrei la ƒe anyigba. Eyae nye Refaimtɔ mamlɛtɔ, elabena Mose ho aʋa ɖe wo ŋu, eye wònya wo ɖa le anyigba la dzi. 13Ke Israelviwo menya Gesuritɔwo alo Makatitɔwo o, eya ta wogale Israelviwo dome va se ɖe egbe.

14Ale si woma anyigba na Israel ƒe to vovovoawo la yi ale: Levitɔwo: Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, ke boŋ etsɔ vɔsanu siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la na wo.

15Ruben ƒe to: Mose na anyigba Ruben ƒe to la ɖe ƒome siwo le to la me la ƒe agbɔsɔsɔ nu.

16Ruben ƒe viwo ƒe anyigba tso Aroer le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe toga, dze le Arnon du si le balime la ƒe titina la ŋu va dze le Medeba ƒe togbɛwo ŋu. 17Du siwo nɔ afi ma la woe nye Hesbon kple du bubu siwo le gbadzaƒe: Dibon, Bamɔt Baal, Bet Baal Meon, 18Yaza, Kedemot, Mefaat, 19Kiriataim, Sibma, Zeret Sabar si le to aɖe dzi le balime la tame, 20Bet Peor, Bet Yesimot kple Pisga to la kɔgo. 21Du siwo nɔ togbɛwo dzi kple Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe me la hã nɔ Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Sixɔn nye Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Hesbon. Mose wu Fia Sixɔn kple Midian fia bubu siawo: Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba. 22Israelviwo hã wu afakala Balaam si nye Beor ƒe vi la hã. 23Yɔdan tɔsisi lae nye Ruben ƒe viwo ƒe anyigba la ƒe liƒo le ɣedzeƒe lɔƒo.

24Gad ƒe to: Mose na anyigba Gad ƒe viwo ƒe to la ɖe ƒome siwo le to la me ƒe agbɔsɔsɔ nu.

25Yazer kple Gilead ƒe duwo katã kple Amonyigba ƒe afã heyi Aroer le Raba gbɔ nɔ Gad ƒe viwo ƒe anyigba la me. 26Anyigba la gatso Hesbon yi Ramat Mizpa kple Betonim, eye wògatso Mahanaim yi Lo Debir. 27Teƒe siwo le anyigba sia me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime la woe nye: Bet Haram, Bet Nimra, Sukɔt, Zafɔn kple Fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe anyigba mamlɛa. Anyigba la ƒe liƒo le ɣetoɖoƒe lae nye, Yɔdan tɔsisi la yi anyigbeme va ɖo keke Galilea ƒu la ƒe dzigbeme. 28Esiawoe nye du siwo wotsɔ na ƒome siwo le Gad ƒe to la me abe woƒe domenyinu ene.

29Mose na anyigba Manase viwo ƒe to la ƒe afã le woƒe ƒomewo nu.

30Ena anyigba wo tso Mahanaim. Basan blibo si nye Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe kple Yair kple Basan ƒe du blaade nɔ to sia ƒe anyigba me. 31Wotsɔ Gilead ƒe afã, Astarot kple Edrei (du siwo le Ɔg, Basan fia ƒe fiaɖuƒe me), na Makir, Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã.

32Aleae Mose ma anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, afi si ameawo ƒu asaɖa anyi ɖo ɣe ma ɣi le Yeriko gbɔ. 33Mose mena anyigba aɖeke Levitɔwo o, elabena abe ale si wòɖe eme na woe ene la, Yehowa Mawu lae nye woƒe domenyinu, Yehowa koe nye nu si wohiã. Yehowa ŋutɔ akpɔ wo ta abe ale si dze ene.

Did you know?

Dividing the Land Across the Jordan

  • Although Joshua was advanced in years and substantial territory remained unconquered—including Philistine strongholds and the northern regions toward Lebanon—God commanded that the land west of the Jordan be allotted to the remaining nine and a half tribes.Sources: the Bible text itself
  • The chapter details the earlier distribution made by Moses east of the Jordan, where the lands taken from King Sihon of Heshbon and King Og of Bashan were assigned to the tribes of Reuben, Gad, and half of Manasseh.Sources: the Bible text itself · Sihon · Og
  • The tribe of Levi was the only tribe that received no territorial land allotment. Instead, their portion consisted of the sacrificial offerings made to the LORD, with the LORD Himself being their inheritance.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Ashdod · Today: Tel Ashdod · 31.757, 34.658 · verse 3
  • Ashkelon · Today: Tel Ashkelon · 31.664, 34.546 · verse 3
  • Egypt · 30.129, 31.308 · verse 3
  • Ekron · Today: Tel Miqne · 31.777, 34.852 · verse 3
  • Gaza · Today: Tell Harube · 31.504, 34.464 · verse 3
  • Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verse 4
  • Gebal · Today: Byblos · 34.119, 35.646 · verse 5
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · verses 5, 6
  • Mount Hermon · 33.400, 35.850 · verses 5, 11
  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verses 8, 23, 27, 32
  • Dibon · Today: Tall Dhiban · 31.502, 35.777 · verses 9, 17
  • Medeba · Today: Madaba · 31.716, 35.795 · verses 9, 16
  • Valley of the Arnon · Today: Wadi Mujib · 31.466, 35.573 · verses 9, 16
  • Ammon · 31.955, 35.934 · verses 10, 25
  • Bashan · 32.781, 35.935 · verses 11, 12, 30, 31
  • Geshur · 32.767, 35.700 · verses 11, 13
  • Gilead · Today: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · verses 11, 25, 31
  • Maacah · 33.258, 35.581 · verses 11, 13
  • Bamoth-baal · Today: Khirbet el Quweiqiyeh · 31.732, 35.741 · verse 17
  • Midian · 28.495, 35.012 · verse 21
  • Rabbah · Today: Amman · 31.955, 35.934 · verse 25
  • Sea of Galilee · 32.819, 35.590 · verse 27
  • Havvoth-jair · 32.588, 35.726 · verse 30
  • Jericho · Today: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · verse 32
  • Moab · Today: Moab 2 · 31.840, 35.674 · verse 32

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.