Jeremiah 49
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Gbedeasi tso Amon ŋuti
1Nya sia ku ɖe Amonitɔwo ŋuti:
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Viŋutsuwo mele Israel si oa?
Domenyilawo mele esi oa?
Ekema nu ka ta Molek xɔ Gad wòzu etɔ?
Nu ka ŋuti eƒe amewo le duwo me?”
2Ke Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mado aʋaɣli ɖe,
Amonitɔwo ƒe du, Raba, ŋu.
Woagbãe wòazu anyiglago eye kɔƒe
siwo ƒo xlãe la, woatɔ dzo wo.
Ekema Israel anya ame siwo nyae de gbe la de gbe,”
Yehowae gblɔe.
3“O Hesbon, fa avi kple ɣli,
elabena wogbã Ai!
Mido ɣli, O mi Raba me nɔlawo!
Mita akpanya ne miafa konyi;
miƒu du tso afii yi afi mɛ le glikpɔtɔtɔ la me,
elabena Molek ayi aboyo me,
kpe ɖe nunɔlawo kple dumegãwo ŋuti.
4Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom,
adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me?
O vinyɔnu ahasitɔ,
èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be,
‘Ame kae adze dzinye?’
5Mahe ŋɔdzi va dziwò tso ame siwo ƒo xlã wò la gbɔ.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
“Woanya mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖa
eye ame aɖeke maƒo aʋasilawo nu ƒu o.
6“Gake emegbe la, magaɖo Amonitɔwo ƒe nunyonamewo te.”
Yehowae gblɔe.
Gbedeasi tso Edom ŋuti
7Ku ɖe Edom ŋuti:
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Nunya megale Teman oa?
Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia?
Ɖe woƒe nunya lé ɣebia?
8Mi ame siwo le Dedan, mitrɔ, misi,
miyi ɖaɣla ɖe agado goglowo me,
elabena mahe gbegblẽ va Esau dzi,
ne ɣeyiɣi de be mahe to nɛ.
9Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la,
ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa?
Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la,
ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa?
10Gake nye la, maɖe amama Esau,
mana eƒe ŋukpeƒe nadze ale be
mate ŋu aɣla eɖokui o.
Viawo, eƒe ƒometɔwo kple eƒe aƒelikawo atsrɔ̃
eye womaganɔ anyi o.
11Migblẽ miaƒe tsyɔ̃eviwo ɖi,
maʋli woƒe agbe ta.
Miaƒe ahosiwo hã neda woƒe susu ɖe dzinye.”
12Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nenye be ame siwo medze be woano kplu la o la noe la, ekema nu ka wɔ woaɖe asi le miawo ya ŋu tomahemahee? Eya ta miayi tomahemahee o, ke boŋ miano kplu la godoo.” 13Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.”
14Mexɔ gbedeasi sia tso Yehowa gbɔ:
Wodɔ dɔla aɖe ɖe dukɔwo gbɔ be wòagblɔ be,
“Miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miadze edzi!
Mitso, midze aʋa!”
15“Azɔ mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome
eye maɖi gbɔ̃ wò vevie.
16Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò,
wò si le agakpewo tome,
eye nèle togbɛwo tame ke.
Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la,
mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,”
Yehowae gblɔe.
17“Edom azu ŋɔdzinu,
ame siwo katã ato eŋu ava yi la ƒe mo awɔ yaa
eye woaɖu fewu le eŋu le abi siwo wòxɔ la ta.
18Anɔ abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora
kple du siwo ƒo xlã wo la ene
ale be ame aɖeke manɔ afi ma o,
ŋutsu aɖeke manɔ eme o.”
Yehowae gblɔe.
19“Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka,
abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me
gena ɖe gbe damawo dzi ene.
Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia?
Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim?
Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”
20Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti,
kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu:
Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me,
agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.
21Woƒe anyidzedze ƒe gbeɖiɖi ana anyigba naʋuʋu;
eye woase woƒe aviɣli le Ƒu Dzĩ nu ke.
22Kpɔ ɖa! Hɔ̃ aɖe ayi yame ʋĩi,
eye wòade agba anyi ɖe Bozra dzi.
Gbe ma gbe la, Edom ƒe kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ
abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Gbedeasi tso Damasko ŋuti.
23Tso Damasko ŋuti:
“Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa,
elabena wose nya vɔ̃.
Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene.
24Damasko zu nu beli,
vɔvɔ̃ ɖoe eye wòtrɔ helé du tsɔ,
elabena vɔvɔ̃ ɖoe eye ŋeŋe kple vevesese xɔe
abe nyɔnu kuléla ƒe vevesese ene.
25Nu ka ta womegblẽ du xɔŋkɔ
si ŋu mekpɔa dzidzɔ le la ɖi o?
26Via ŋutsuwo aku, atsi mɔtatawo dzi le nyateƒe me,
eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo katã nu gbe ma gbe.
27Matɔ dzo Damasko ƒe gliwo
eye wòafia Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.”
Yehowae gblɔe.
Gbedeasi na Kedar kple Hazor
28Nya sia ku ɖe Kedar kple Hazor fiaɖuƒe siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar va dze la ŋu:
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Tso, nàdze Kedar dzi eye nàtsrɔ̃ ɣedzeƒetɔwo.
29Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo
eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo
kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo.
Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’
30“Misi dzo kaba!
Mi ame siwo le Hazor,
mibe ɖe agado goglowo me.”
Yehowae gblɔe.
“Babilonia fia Nebukadnezar ɖo nugbe ɖe ŋuwò,
ewɔ ɖoɖo be wòagblẽ wò.
31“Tso nàdze dukɔ si li bɔkɔɔ kple dukɔ si si dzideƒo le la dzi.
Dukɔ si nu agbo alo akɔbli ƒe mɔnuxenu mele o
eye eƒe amewo le dziɖeɖi me.”
Yehowae gblɔe.
32“Woƒe kposɔwo azu nuhaha
eye woƒe lãha gbogboawo azu afunyinu.
Makaka ame siwo le didiƒewo,
be ya nalɔ wo ɖe nu eye mahe gbegblẽ va
wo dzi le go sia go me.”
Yehowae gblɔe.
33“Hazor azu nɔƒe na amegaxiwo
eye wòazu aƒedo tegbetegbe.
Ame aɖeke manɔ afi ma o;
aƒe aɖeke manɔ eme o.”
Gbedeasi na Elam
34Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia ku ɖe Elam ŋuti, nya sia va nɛ le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedze ƒe ɣeyiɣiwo me:
35Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, maŋe Elam ƒe da,
si nye eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe.
36Makplɔ ya eneawo tso dziƒo
ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam.
Makaka wo ɖe ya eneawo dzi
eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me
womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o.
37Magbã Elam le eƒe futɔ siwo le eƒe agbe yome tim la ƒe ŋkume,
eye mahe gbegblẽ kple nye dziku helĩhelĩ gɔ̃ hã va wo dzi,”
Yehowae gblɔe.
“Mati wo yome kple yi va se ɖe
esime matsrɔ̃ wo katã.
38Maɖo nye zikpui anyi ɖe Elam
eye matsrɔ̃ eƒe fia kple dumegãwo.”
Yehowae gblɔe.
39“Ke hã la, magaɖo Elam ƒe nunyonamewo te le
ŋkeke siwo gbɔna me.”
Yehowae gblɔe.

Did you know?
Judgments on Neighboring Nations
- Jeremiah addresses the Ammonites for occupying territory east of the Jordan River that had been allotted to the tribe of Gad. Their chief city, Rabbah, is warned of destruction and the exile of their deity Milcom and their leaders.Sources: the Bible text itself · Gad · Rabbah
- The prophecy against Edom reflects its rugged, mountainous geography, where inhabitants built strongholds in high rock clefts. It also specifically mentions Teman, a southern district renowned for the reputed wisdom of its people.Sources: the Bible text itself · Edom · Teman
- Kedar refers to nomadic Arabian tribes who lived in tents and moved across the desert with their camels and flocks. The chapter foretells their plunder and defeat by the Babylonian king Nebuchadnezzar.Sources: the Bible text itself · Kedar · Nebuchadnezzar
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Ammon · 31.955, 35.934 · verses 1, 2, 3, 4, 6
- Rabbah · Today: Amman · 31.955, 35.934 · verses 2, 3
- Edom · 30.746, 35.604 · verses 7, 8, 10, 14, 15, 17, 18, 19, 20, 21, 22
- Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 19
- Red Sea · Today: Gulf of Aqaba · 28.750, 34.750 · verse 21
- Damascus · 33.511, 36.306 · verses 23, 24, 27
- Hamath · Today: Hama · 35.136, 36.750 · verse 23
- Babylon · 32.543, 44.422 · verses 28, 30, 31
- East · Today: region around Amman · 31.955, 35.934 · verse 28
- Kedar · 29.811, 39.868 · verse 28
- Elam · 32.189, 48.258 · verses 34, 35, 36, 37, 38, 39
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org