Nations Bible

Jeremiah 50

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Gbedeasi tso Babilonia ŋuti

1Esia nye nya si Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi ku ɖe Babilonia kple Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋuti:

2“Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome,

mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe;

migagbe nya la katã gbɔgblɔ o,

ke boŋ migblɔ be,

‘Woaxɔ Babilonia,

ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie.

Woado ŋukpe eƒe legbawo

eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’

3Dukɔ si tso anyiehe la ava dze edzi

eye wòagblẽ eƒe anyigba keŋkeŋ.

Ame aɖeke manɔ edzi o,

amewo kple lãwo siaa asi adzo.”

4Yehowa be,

“Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me la,

Israelviwo kple Yudatɔwo siaa awɔ ɖeka ava Yehowa,

woƒe Mawu la gbɔ kple avi.

5Woabia Zion ƒe mɔ ta ase

eye woatrɔ woƒe mo ɖo ɖe egbɔ.

Woava eye woabla nubabla mavɔ kple Yehowa,

nubabla si womaŋlɔ be akpɔ o.

6“Nye dukɔ le abe alẽ tatrawo ene,

woƒe kplɔlawoe kplɔ wo trae

eye wona wole tsatsam le towo dzi.

Wole tsaglãla tsam le towo kple togbɛwo dzi

eye woŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe be.

7Ame sia ame si ke ɖe wo ŋu la vuvua wo;

woƒe futɔwo gblɔ be,

‘Míedze agɔ o, elabena wowɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa,

woƒe lãnyiƒe vavã,

kple Yehowa wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti?’

8“Misi do go le Babilonia,

midzo le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi

eye minɔ abe agbowo le alẽhawo ŋgɔ ene,

9elabena made adã ta me na dukɔ

siwo le anyiehenyigba dzi ɖe Babilonia ŋu

eye woawɔ ɖeka aho ɖe eŋu.

Woava aƒu asaɖa anyi ɖe eŋu

eye woava lée tso anyiehe gome.

Woƒe aŋutrɔwo magbɔ ƒuƒlu o,

elabena woanɔ abe ame siwo bi ɖe

aʋawɔwɔ me la tɔwo ene.

10Ale Babilonia azu nuhaha

eye ame siwo hae la akpɔ afunyinuwo fũu.”

Yehowae gblɔe.

11“Esi mi ame siwo nye avuzi le nye domenyinu dzi,

kpɔ dzidzɔ, hetso aseye eye esi mieti kpo

abe nyinɔvi si le bli nyɔm ene,

hexlɔ̃ abe sɔtsuwo ene ta la,

12Ŋukpe gã aɖe ava mia dada dzi

eye ame si dzi mi, woado vloe.

Anye suetɔ le dukɔwo dome, azu gbegbe,

kuɖiɖinyigba kple dzogbe.

13Le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ ta la,

ame maganɔ eme o, ke boŋ azu aƒedo.

Ame sia ame si to Babilonia ŋu yi la ƒe nu aku

eye woaɖu fewu le woƒe abixɔxɔwo katã ta.

14“Mi ame siwo daa aŋutrɔ,

midze aʋa ɖe Babilonia ŋu.

Mida aŋutrɔe!

Midae, ɖeke megasusɔ o,

elabena ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.

15Miɖe to ɖee miado ɣli ɖe eta!

Ena ta, eƒe gbetakpɔxɔwo mu dze anyi

eye wogbã eƒe gliwo ƒu anyi.

Esi wònye Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae ta la, mibia hlɔ̃e;

miwɔe nɛ abe ale si wòwɔe na ame bubuwo ene.

16Mitsrɔ̃ nukuƒãla kple nuŋela

kple eƒe nuŋehɛ siaa le Babilonia le nuŋeɣi.

Le nugblẽla ƒe yi ta la,

ame sia ame netrɔ yi eya ŋutɔ ƒe amewo gbɔ,

eye ame sia ame nesi yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.

17“Israel nye alẽha si dzatawo ɖe ɖe nu, eye wokaka gbẽe.

Ame gbãtɔ si vuvui lae nye Asiria fia

ame mamlɛtɔ si gbã eƒe ƒuwo lae

nye Babilonia fia Nebukadnezar.”

18Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:

“Mahe to na Babilonia fia kple eƒe anyigba

abe ale si mehe to na Asiria ene.

19Ke matrɔ Israel agbɔe va eya ŋutɔ

ƒe gbe dama dzi, aɖu gbe le Karmel

kple Basan eye akpɔ ƒoɖiɖi le Efraim

kple Gilead togbɛwo dzi.”

20Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me,

woatsa, adi Israel ƒe agɔdzedze

gake womakpɔ ɖeke o

eye woadi Yuda ƒe nu vɔ̃wo

gake womakpɔ ɖeke o,

elabena matsɔe ake ame susɔe

siwo megblẽ ɖi.”

21Yehowa be,

“Wɔ avu kple Merataim kple ame siwo le Pekod.

Ti wo yome, wu wo eye nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ.

Wɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò.

22Aʋaɣli le anyigba dzi, eye gbegblẽ gã si

le edzi yim la ƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim.

23Aleke woŋe, eye wohekaka anyigba blibo la ƒe zu ale!

Aleke Babilonia zu gbegbe le dukɔwo dome ale!

24O Babilonia, metre mɔ na wò

eye mɔ ɖe wò hafi nèva nya gɔ̃ hã.

Woke ɖe ŋuwò eye wolé wò

elabena ètsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.

25Yehowa ʋu eƒe aʋawɔnuwo ƒe ʋɔ

eye wòɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe aʋawɔnu do goe,

elabena dɔ le Aƒetɔ Yehowa,

Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,

ŋu wòawɔ le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi.

26Mitso adzɔge miava ƒo ɖe edzi.

Migbã eƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo,

milɔe ƒo ƒu abe ale si wolia kɔ agblemenukuwo ene.

Mitsrɔ̃e keŋkeŋ eye migasusɔ ame ɖeka hɔ̃ɔ hã ɖi o.

27Miwu eƒe nyitsu viwo katã;

mikplɔ wo yi lãwuƒee!

Baba na wo! Elabena woƒe ŋkeke la ɖo,

ɣeyiɣi la de na wo be woaxɔ tohehe.

28Miɖo to miase Babilonia ƒe aʋaléleawo

kple aʋasilawo ƒe nya si gblɔm

wole le Zion tso ale si Yehowa,

míaƒe Mawu la bia hlɔ̃ woe,

ebia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.

29“Miyɔ aŋutrɔdalawo vɛ,

ne woaɖe to ɖe Babilonia,

ame siwo katã hea da me la neva.

Miva ɖe to ɖee godoo va kpe,

migana ame aɖeke nasi o.

Mixe nu siwo katã wòwɔ la ƒe fe nɛ,

miwɔe nɛ abe ale si eya hã wɔe na ame bubuwo ene.

Elabena edze aglã ɖe Yehowa,

Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.

30Eya ta eƒe ɖekakpuiwo aku akaka ɖe mɔtatawo dzi

eye ɖoɖoe azi le eƒe asrafowo nu gbe ma gbe.”

Yehowae gblɔe.

31Aƒetɔ Yehowa,

Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ be,

“Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋutiwò, O dadala,

elabena wò ŋkeke la va ɖo, wò toheɣi ɖo.

32Dadala la akli nu adze anyi

eye ame aɖeke mafɔe ɖe tsitrenu o.

Matɔ dzo eƒe duwo eye dzo la afia

ame siwo katã ƒo xlãe la hã.”

33Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi:

“Wote Israelviwo kple Yudatɔwo siaa ɖe anyi.

Ame siwo katã ɖe aboyo wo la lé wo goŋgoŋ,

eye wogbe asiɖeɖe le wo ŋu.

34Evɔ la, woƒe Xɔnametɔ nye ŋusẽtɔ hafi,

Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.

Aʋli wo ta vevie, ale be wòana gbɔdzɔe woƒe anyigba,

gake ana ame siwo katã le Babilonia la natsi dzimaɖi.”

35Yehowa be, “Yi le Babiloniatɔwo yome!

Etso ɖe ame siwo le Babilonia,

woƒe dumegãwo kple woƒe nunyalawo ŋuti!

36Yi atso ɖe eƒe aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu

eye woazu bometsilawo.

Yi ati woƒe kalẽtɔwo yome

eye ŋɔdzi alé wo!

37Yi atso ɖe eƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple amedzro

siwo katã wotsɔ aʋae la ŋuti

eye woanɔ abe nyɔnuwo ene!

Yi atso ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu

eye woaha wo!

38Kuɖiɖi neto eƒe tɔsisiwo me,

ne woamie ƒiaƒiaƒia,

elabena enye anyigba si yɔ fũu kple legbawo,

legba siwo adze aɖaʋa le ŋɔdzi ta.”

39Yehowa be, “Ava eme be lã wɔadãwo

kple amegaxiwo anɔ afi ma,

eye golowo hã atso aƒe ɖe afi ma.

Maganye amenɔƒe alo amewo magatso aƒe ɖi akpɔ o,

tso dzidzime yi dzidzime.

40Anɔ ko abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomora

kple du siwo ƒo xlã wo lae ene,

ale be ame aɖeke magatso aƒe ɖi o

eye ame aɖeke manɔ afi ma hã o.”

41“Kpɔ ɖa! Aʋakɔ aɖe ho tso anyiehe gbɔna,

wode adã ta me na dukɔ gã aɖe

kple fia gbogbo aɖewo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke gbɔna.

42Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ.

Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o.

Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la,

woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene.

Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be

woava akpe aʋa kpli wò,

Oo, Babilonia vinyɔnu.

43Babilonia fia se nya tso wo ŋu xoxo eye eƒe lãme fa.

Vɔvɔ̃ ɖoe eye wòse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.

44Abe dzata si do go tso Yɔdan ƒe ave dodo me,

hege ɖe gbe dama nyui dzi ene la,

nenema maɖe Babilonia ɖe nu tso

eƒe anyigba dzi zi ɖeka kpoyi!

Ame kae nye ame tiatia si madɔ wòawɔ esia?

Ame kae le abe nye ene eye ame kae ate ŋu

anɔ te ɖe nunye?

Alẽkplɔla ka ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋunye?”

45Eya ta se nu si Yehowa ɖo ɖe Babilonia ŋu

kple nu si ƒe susu wòwɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋu:

Woakplɔ lãha ƒe suetɔwo adzoe,

agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.

46Babilonia xɔxɔ ƒe ɣli ana anyigba naʋuʋu,

eye eƒe aviɣli aɖi le dukɔwo dome.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Judgment on Babylon and Hope for the Exiles

  • Babylon was the capital of the Chaldean empire located on the Euphrates river, famed for its power and its patron deities Bel and Marduk. Jeremiah 50 proclaims the downfall of the city and the public humiliation and shattering of its celebrated idols.Sources: the Bible text itself · Babylon · Chaldea
  • The chapter draws a direct parallel between the Assyrian empire and the Babylonian empire under Nebuchadnezzar. Just as the earlier Assyrian kings who scattered Israel faced downfall, Babylon is warned that its own empire will be broken and devastated by invaders from the north.Sources: the Bible text itself · Assyria · Nebuchadnezzar
  • Jeremiah describes Israel as a scattered flock returning to lush grazing lands in Carmel, Bashan, Ephraim, and Gilead. The exiles are depicted seeking the way back to Mount Zion to renew an enduring covenant with God.Sources: the Bible text itself · Bashan · Carmel · Zion

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Babylon · 32.543, 44.422 · verses 1, 2, 3, 8, 9, 10, 13, 14, 16, 17, 18, 23, 24, 27, 28, 29, 32, 34, 35, 39, 42, 43, 44, 45, 46
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · verses 1, 8, 10, 25, 35, 45
  • Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 5, 28
  • Babylonia · 32.543, 44.422 · verses 11, 12, 22, 26, 40
  • Assyria · 36.359, 43.153 · verses 17, 18
  • Bashan · 32.781, 35.935 · verse 19
  • Gilead · Today: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · verse 19
  • Mount Carmel · 32.672, 35.023 · verse 19
  • Mount Ephraim · 31.923, 35.241 · verse 19
  • Merathaim · Today: Babylon · 32.543, 44.422 · verse 21
  • Pekod · 31.361, 47.450 · verse 21
  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 44

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.