Nations Bible

Jeremiah 48

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Gbedeasi tso Moab ŋuti

1Tso Moab ŋuti:

Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:

“Baba na Nebo elabena azu aƒedo.

Woado ŋukpe Kiriataim eye woaxɔe;

woagbã mɔ sesẽ la eye wòazu ŋukpe.

2Womagakafu Moab azɔ o,

ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be,

‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’

O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme.

3Se ɣli si le ɖiɖim tso Horonaim ɖa,

enye tsɔtsrɔ̃ gã kple gbegblẽ ƒe ɣli.

4Woamu Moab aƒu anyi

eye via suewo afa avi.

5Wodze Luhit mɔ dzi le avi fam hehehe.

Wose konyifaɣli le Horonaim mɔ dzi le gbegblẽ la ta.

6Misi! Miɖe miaƒe agbe eye mianɔ abe gbe le gbegbe ene.

7Esi nèɖo dzi ɖe wò dɔwɔwɔwo

kple wò kesinɔnuwo ŋuti ta la,

woaɖe aboyo wò hã eye woakplɔ Kemos ayi aboyo mee,

kpe ɖe eƒe nunɔlawo kple dumegãwo ŋu.

8Nugblẽla ava du sia du me eye du aɖeke masi o.

Woagblẽ balimewo eye woakaka towo

elabena Yehowae gblɔe.

9Mide dze Moab elabena aƒaƒã eye eƒe duwo azu aƒedo,

ame aɖeke maganɔ wo me o.

10“Aɖi ame si le asi blem le Yehowa ƒe dɔ ŋu!

Aɖi ame si he eƒe yi ɖe megbe be magakɔ ʋu ɖi o la ŋu!

11“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke

abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe

tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene;

esia nye be meyi aboyo me kpɔ o.

Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.

12Yehowa be, ‘Gake ŋkekewo li gbɔna esi maɖo ŋutsu

siwo trɔa nu le gowo me la ɖa

eye woatrɔe aƒu gbe,

woana eƒe gowo naɖi gbɔlo

eye woagbã eƒe kpluwo.

13Ekema Kemos akpe ŋu na Moab,

abe ale si ŋu kpe Israel ƒe aƒe la esi wòtsɔ

eƒe susu da ɖe Betel dzi ene.’

14“Aleke miate ŋu agblɔ be, ‘Míenye kalẽtɔwo,

kple ŋutsu siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me?’

15Woagbã Moab kple eƒe duwo

eye woakplɔ eƒe ɖekakpui vavãwo ayi ɖe amewuƒee.”

Fia si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.

16“Moab ƒe anyidzedze tu aƒe,

eƒe dzɔgbevɔ̃e ava kaba.

17Mi ame siwo katã ƒo xlãe,

mifa nɛ eye ame siwo katã nya

ale si wòxɔ ŋkɔe la negblɔ be,

‘Aleke fiatikplɔ sesẽ la

kple atizɔti dzeani la ŋe ale!’

18“Ɖi le wò ŋutikɔkɔe me eye nànɔ anyi ɖe anyigba

si ƒu kplakplakpla la dzi,

O mi ame siwo le Dibon vinyɔnu ƒe du me

elabena ame si gbã Moab la aƒo ɖe dziwò

eye wòagbã wò mɔ sesẽwo.

19Mi ame siwo le Aroer,

mitsi tsitre ɖe mɔto ne miakpɔ nu.

Bia ŋutsu si le du dzi kple nyɔnu si le sisim la be,

‘Nya kae dzɔ?’

20Wodo ŋukpe Moab elabena wogbãe gudugudu.

Do ɣli, nàfa avi sesĩe!

Ɖe gbeƒãe le Arnon be wogbã Moab.

21Ʋɔnudɔdrɔ̃ va du siwo le to tame la dzi.

Eva Holon, Yaza kple Mefaat dzi.

22Eva Dibon, Nebo kple Bet Diblataim dzi.

23Eva Kiriataim, Bet Gamul kple Bet Meon dzi,

24Eva Keriyɔt, Bozra kple Moab duwo katã dzi,

esiwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa dzi.

25Wolã Moab ƒe dzo ɖa, woŋe eƒe abɔ.”

Yehowae gblɔe.

26“Mina aha Moab wòano amu,

aƒo dablibɛ le xe si wòɖe la me,

eye wòazu alɔmeɖenu, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.

27Ɖe menye Israel ye nye wò alɔmeɖenu oa?

Ɖe wolée le fiafitɔwo dome kpɔ hafi ne èle nu ƒom

tso eŋu la, nèʋuʋua ta fewuɖutɔea?

28Mi Moabtɔwo, misi le miaƒe duwo me,

miayi aɖanɔ agakpewo tome.

Minɔ abe akpakpa si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.”

29Yehowa be, “Míese Moab ƒe dada, ɖokuiŋudzedze, adegbeƒoƒo,

ɖokuidzadzra kple amemabumabu

kple eƒe dzi ƒe kɔkɔ ɖe dzi.

30Menya eƒe tonumasemase gake toflokoe,

elabena eƒe dada vivivo mahe naneke vɛ nɛ o.

31Eya ta mado ɣli ɖe Moab ŋu

eye mafa avi ɖe Moab blibo ŋu.

Mefa na Kir Hareset ŋutsuwo.

32O, mi Sibma wainkawo,

mefa na mi abe ale si Yazer fa avi ene.

Wò alɔwo keke yi ɖe atsiaƒu to ʋĩi

eye wodidi ɖase keke Yazer ƒuta ke.

Nugblẽla va ƒo ɖe wò atikutsetse ɖiɖiwo

kple wò wainkpowo dzi.

33Dzidzɔ kple aseyetsotso nu

tso le Moab ƒe agblewo me.

Metsi wain nu le wainfiamɔwo me,

ame aɖeke magafiae kple dzidzɔ o.

Togbɔ be ɣli le ɖiɖim hã la,

menye dzidzɔɣlie o.

34“Woƒe aviɣli ɖi tso Hesbon,

yi Eleale kple Yahaz ke.

Eɖi tso Zoar, eye wosee le Horonaim,

Eglat Selisia gɔ̃ hã,

elabena Nimrim tɔsisi me tsiwo ke hã mie.

35Maɖo asi ame siwo sa vɔ le nuxeƒewo

eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na

woƒe mawuwo la dzi le Moab.”

Yehowae gblɔe.

36Yehowa be, “Eya ta nye dzi le nu xam le Moab ŋu abe dzekuku ene,

eye nye dzi xa nu abe kpẽ ene na Kir Hareset ŋutsuwo,

elabena kesinɔnu siwo woli kɔe la dzo.

37Wolũ ta ɖe sia ɖe eye woƒlɔ ge ɖe sia ɖe,

wode abi asi ɖe sia ɖe ŋu eye akpanya le ali ɖe sia ɖe dzi.

38Le Moab ƒe xɔwo katã tame

kple ablɔwo me la, naneke meli wu konyifafa o,

elabena megbã Moab abe kplu si

ame aɖeke mele didim o la ene.”

Yehowae gblɔe.

39“Wogbãe gudugudu loo!

Wole ɣli dom ale gbegbe!

Aleke Moab trɔ megbe kple ŋukpee nye esi!

Moab zu alɔmeɖenu kple bibi na

ame siwo katã ƒo xlãe.”

40Ale Yehowa gblɔe nye esi:

“Kpɔ ɖa, hɔ̃ aɖe dzo gbɔna, eɖo asagba,

keke eƒe aʋalawo me ɖe Moab dzi.

41Woaxɔ Keriyɔt kple eƒe mɔ sesẽwo.

Gbe ma gbe la, Moab ƒe Kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ

abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.

42Woatsrɔ̃ Moab, be maganye dukɔ azɔ o,

elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.

43O, Moabtɔwo, ŋɔdzi,

ʋe globo kple mɔka le mia lalam.”

Yehowae gblɔe.

44“Ame si si le ŋɔdzi nu la age adze ʋe globo la me,

mɔka aɖe ame si te ŋu do le ʋe globoa me,

elabena mahe toheɣi va Moab dzi.”

Yehowae gblɔe.

45“Sitsoƒedilawo tɔ ɖe Hesbon ƒe vɔvɔli te xɔnamemanɔsitɔe,

elabena dzo tso Hesbon

eye dzo ƒe aɖe do tso Sixɔn titina,

efia Moabtɔwo ƒe ŋgonu,

dada ƒuƒlu dalawo ƒe tagowo.

46Baba na wò, O Moab!

Wotsrɔ̃ Kemostɔwo,

wokplɔ mia viŋutsuwo yi aboyo mee

eye woɖe aboyo mia vinyɔnuwo.

47“Ke hã la, magaɖo Moab ƒe nunyonamewo te

le ŋkeke siwo ava la me.”

Yehowae gblɔe.

Moab ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ se ɖe afi sia.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Prophecy Against Moab

  • Chemosh was the national deity of the Moabites, who are described in scripture as the people of Chemosh. Jeremiah prophesied that Chemosh would be utterly discredited and carried into exile along with his priests and officials when judgment overtook the nation.Sources: Chemosh · the Bible text itself
  • The land of Moab was located east of the Jordan River and the Dead Sea, containing fortified plateau cities such as Heshbon, Dibon, Kiriathaim, and Horonaim. The chapter catalogs these settlements to illustrate that no corner of the region would escape devastation.Sources: Moab · Heshbon · Kiriathaim · Horonaim

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verses 1, 2, 4, 7, 9, 11, 12, 13, 14, 15, 16, 17, 18, 19, 20, 24, 25, 26, 27, 28, 29, 31, 33, 35, 36, 38, 39, 40, 41, 42, 43, 44, 45, 46, 47
  • Dibon · Today: Tall Dhiban · 31.502, 35.777 · verses 18, 22
  • Arnon · Today: Wadi Mujib · 31.466, 35.573 · verse 20
  • Beth-meon · Today: Ma‘in · 31.680, 35.735 · verse 23
  • Salt Sea · Today: Dead Sea · 31.500, 35.500 · verse 32

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.