Nations Bible

Jeremiah 28

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Aʋatsonyagblɔɖila Hananiya

1Eva eme le ɣleti atɔ̃lia me le ƒe ma ke me, esi nye ƒe enelia le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me be Nyagblɔɖila Hananiya, Azur ƒe vi si tso Gibeon gblɔ nam le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nunɔlawo kple ameha la katã ŋkume be, 2“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Mele Babilonia fia ƒe kɔkuti la ŋe ge. 3Le ƒe eve megbe la, matrɔ nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar lɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me tsɔ yi Babilonia la vɛ. 4Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’ ” Yehowae gblɔe.

5Tete Nyagblɔɖila Yeremia ɖo nya la ŋu na Nyagblɔɖila Hananiya le nunɔlaawo kple ame siwo katã nɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me. 6Egblɔ be, “Amen! Yehowa nena wòava eme nenema! Yehowa nena wò nyagblɔɖi la nava eme be woagbugbɔ nu siwo katã wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple aboyome siwo wokplɔ yi Babilonia la natrɔ gbɔ. 7Ke hã la, ɖo to nàse nya siwo ku ge mala ɖe to me na wò kple ame siwo le teƒe sia. 8Tsã la, nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na nye kple wò la gblɔ aʋawɔwɔ, gbegblẽ kple dɔvɔ̃ ƒe nyawo ɖi ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe geɖewo ŋuti. 9Gake nyagblɔɖila si gblɔ ŋutifafanya aɖe, eye eƒe nyagblɔɖi la va eme la koe wobuna be enye ame si Yehowa dɔ vavã.”

10Kasia Nyagblɔɖila Hananiya ɖe kɔkuti la le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia eye wòŋee. 11Egblɔ le ameawo ƒe ŋkume be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Aleae maŋe Babilonia fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti le kɔe na dukɔwo katã le ƒe eve me.’ ” Le esia megbe la, Nyagblɔɖila Yeremia lé eƒe mɔ hedzo.

12Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, esi Nyagblɔɖila Hananiya ŋe kɔkuti le kɔ na Nyagblɔɖila Yeremia megbe la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 13“Yi nàgblɔ na Hananiya be ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Èŋe atikɔkuti, gake le eteƒe la, woatsɔ gakɔkuti ana wo. 14Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔ ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Matsɔ gakɔkuti aku kɔ na dukɔwo katã be woasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar eye woazu subɔlawo nɛ. Mana ŋusẽe ɖe lã wɔadãwo gɔ̃ hã dzi.” ’ ”

15Tete Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Hananiya nyagblɔɖila la be, “Ɖo to afii, Hananiya! Yehowa medɔ wò o, evɔ nèƒoe ɖe dukɔ sia nu be wòaxɔ aʋatsonyawo dzi ase. 16Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mele ɖe wò ge ɖa le anyigba dzi. Àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe nya.’ ”

17Le ɣleti adrelia me le ƒe ma me la, Nyagblɔɖila Hananiya ku.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Jeremiah and the False Prophet Hananiah

  • Hananiah, the son of Azzur from the Benjaminite town of Gibeon, publicly confronted Jeremiah in the Jerusalem temple during the fourth year of King Zedekiah. He prophesied that within two years, God would break the yoke of Babylon, return the captured temple vessels, and restore King Jeconiah and the exiles.Sources: the Bible text itself · Gibeon · Zedekiah · Jehoiachin
  • Jeremiah had been wearing a wooden yoke on his neck as a physical sign of Judah's submission to King Nebuchadnezzar of Babylon. After Hananiah removed the yoke and smashed it before the priests and people, God declared through Jeremiah that replacing the broken wooden yoke would bring an inescapable yoke of iron upon the nations.Sources: the Bible text itself · Jeremiah · Nebuchadnezzar
  • Jeremiah warned Hananiah that the Lord had not sent him and that he had made the people trust in a lie. Because he had preached rebellion against God, Hananiah was told he would die within the year, and he died two months later in the seventh month.Sources: the Bible text itself · Hananiah · Jeremiah

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Gibeon · Today: El Jib · 31.847, 35.183 · verse 1
  • Babylon · 32.543, 44.422 · verses 2, 3, 4, 6, 11, 14

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.