Nations Bible

Jeremiah 29

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yeremia ŋlɔ agbalẽ na aboyomenɔlawo

1Esia nye agbalẽ si Nyagblɔɖila Yeremia ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomenɔlawo ƒe ametsitsi mamlɛawo, nunɔla siwo gale agbe, nyagblɔɖilawo kple ame bubu siwo Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi ɖe Babilonia la me nyawo. 2Esia va eme le esi wokplɔ Fia Yehoyatsin, fiasrɔ̃, ʋɔnudɔdzikpɔlawo, Yuda dumegãwo, Yerusalem dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo le Yerusalem yi aboyo mee megbe 3Ame siwo xɔ agbalẽa yi na woe nye, Eleasa, Safan ƒe vi kple Gemaria, Hilkia ƒe vi, ame si Yuda fia Zedekia dɔ ɖo ɖe Babilonia fia Nebukadnezar gbɔ. Agbalẽa me nyawo be:

4Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ na ame siwo katã mekplɔ tso Yerusalem yi ɖe aboyo mee le Babilonia, 5“Mitso aƒewo ne mianɔ wo me, mide agble eye miaɖu emenuwo. 6Miɖe srɔ̃ ne miadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Miɖe srɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, ale be woawo hã nadzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Midzi ɖe edzi le afi ma ke migazu ʋɛe o. 7Gawu la, midi ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ na du si me meɖe aboyo mi ɖo ɖo la. Mido gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta elabena ne eme nyo na wo la, anyo na miawo hã.” 8Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migana Nyagblɔɖila kple bokɔnɔ siwo le mia dome la nable mi o. Migalé to ɖe drɔ̃e siwo miede dzi ƒo na wo be woaku la ŋuti o. 9Aʋatsonyawo gblɔm wole ɖi na mi le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo o.” Yehowae gblɔe.

10Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne ƒe blaadre de na Babilonia vɔ la, mava mia gbɔ eye mawɔ ɖe amenuveveŋugbe si medo, be magakplɔ mi va teƒe sia la dzi. 11Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi. 12Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi. 13Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko. 14Miake ɖe ŋunye, eye makplɔ mi agbɔe tso aboyo me. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye magakplɔ mi ava teƒe sia, afi si mekplɔ mi tsoe yi ɖe aboyo mee.” Yehowae gblɔe.

15Miagblɔ be, “Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo na mi le Babilonia.” 16Gake ale Yehowa gblɔ le fia si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, ame siwo katã susɔ ɖe du sia me, miaƒe dumetɔ siwo meyi aboyo me o la ŋuti, 17Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Madɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo ŋuti eye mawɔ wo abe gbotsetse manyomanyo si ƒaƒã ale gbegbe be womate ŋu aɖui o la ene. 18Mati wo yome kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃, eye woanye ŋɔdzinu na anyigbadzidukɔwo katã. Woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔ siwo katã dome menya wo ɖo ɖo la. 19Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe.

20Eya ta mise Yehowa ƒe nya, mi ame siwo meɖo ɖe aboyo me le Babilonia tso Yerusalem. 21Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔ le Ahab, Kolaya ƒe vi kple Zedekia, Maaseya ƒe vi, ame siwo le aʋatsonyagblɔɖiwo gblɔm le nye ŋkɔ dzi la ŋutie nye esi: “Makplɔ wo ade asi na Babilonia fia, Nebukadnezar eye wòawu wo le mia ŋkume. 22Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’ 23Elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo eye woka aʋatso le nye ŋkɔ me, evɔ nyemegblɔe na wo be wonewɔ nenema o. Menya eye menye ɖasefo nɛ.” Yehowae gblɔe.

Gbedeasi na Semaya

24Gblɔ na Semaya, Nehelamitɔ be, 25“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ me heɖo ɖe Yerusalemtɔwo katã, na nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi kple nunɔla bubuawo.’ Eŋlɔ na Zefania be, 26‘Yehowa ɖo wò nunɔlae ɖe Yehoiada teƒe be nànye Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzi kpɔla, eye ne aɖaʋatɔ aɖe va le nu wɔm abe nyagblɔɖila ene la, lée de kunyowu me, eye nàde ga kɔ nɛ. 27Ekema nu ka ta mèka mo na Yeremia, Anatɔt la, ame si le nyagblɔɖila ƒe dɔ wɔm le mia dome la o? 28Eɖo agbalẽ sia ɖe mi le Babilonia be mianɔ afi ma wòadidi, eya ta mitso aƒewo mianɔ wo me, miade agble, eye miaɖu emenuwo.’ ”

29Ke Nunɔla Zefania xlẽ agbalẽ la na Nyagblɔɖila Yeremia. 30Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 31“Ɖo gbedeasi sia ɖe aboyomeawo katã be, ‘Ale Yehowa gblɔ le Semaya, Nehelamitɔ la ŋutie nye esi: “Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ nyemedɔe o eye wòna miexɔ beblenya dzi se ta la,” 32ale Yehowa gblɔe nye esi: Mahe to na Semaya, Nehelamitɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã, eƒe ƒometɔ aɖeke masusɔ ɖe eƒe amewo dome alo akpɔ nu nyui si mawɔ na nye dukɔ la o, elabena egblɔ nya be woadze aglã ɖe ŋutinye.’ ” Yehowae gblɔe.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Jeremiah's Letter to the Exiles in Babylon

  • Jeremiah sent his letter to the exiles carried by Elasah son of Shaphan and Gemariah son of Hilkiah, royal envoys dispatched by King Zedekiah to Nebuchadnezzar in Babylon. Rather than anticipating an immediate return, the deportees were advised to build houses, plant gardens, marry, and pray for the welfare and peace of the city where they lived.Sources: the Bible text itself · Elasah · Gemariah
  • The prophet warned the community against trusting diviners and false prophets who claimed the captivity would end quickly. Instead, the divine message announced that the exile under Babylonian rule would last seventy years before God would restore them to Jerusalem.Sources: the Bible text itself
  • The chapter records an exchange of letters between Jerusalem and Babylon. A rival prophet named Shemaiah the Nehelamite sent letters from Babylon to the priest Zephaniah in Jerusalem, demanding that Jeremiah be put in stocks for urging the exiles to settle down for a lengthy stay.Sources: the Bible text itself · Shemaiah · Zephaniah

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.