Nations Bible

Jeremiah 27

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yuda azu Nebukadnezar tenɔla

1Le Yuda fia Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be: 2Ale Yehowa gblɔ nam nye esi: “Gbi ka, nàtsɔ ati sesẽ eve awɔ kɔkuti eye nàtsɔ kɔkuti la ku wò kɔ. 3Ekema nàɖo du ɖe Edom, Moab, Amon, Tiro kple Sidon fiawo to woƒe ame dɔdɔ siwo va Yuda fia, Zedekia, gbɔ le Yerusalem la dzi. 4Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be, 5Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃. 6Azɔ la, matsɔ miaƒe dukɔwo katã ade asi na nye dɔla, Babilonia fia, Nebukadnezar. Mawɔe be lã wɔadãwo gɔ̃ hã anɔ eƒe kpɔkplɔ te. 7Dukɔwo katã asubɔe, asubɔ via kple eƒe tɔgbuiyɔvi gɔ̃ hã va se ɖe esime eƒe anyigba ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo aɖu edzi.

8“ ‘ “Ke ne dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar, alo abɔbɔ ɖe eƒe kɔkuti te o la, mahe to na dukɔ ma kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ va se ɖe esime matsrɔ̃e kple Nebukadnezar ƒe asi.” ’ Yehowae gblɔe. 9Eya ta migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃egɔmeɖelawo, ŋɔliyɔlawo kple nukala siwo gblɔna na mi be, ‘Migasubɔ Babilonia fia o’ la o. 10Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃. 11Gake ne dukɔ aɖe bɔbɔ ɖe Babilonia fia ƒe kɔkuti te hesubɔe la, mana be dukɔ ma nanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi eye wòanɔ edzi. Yehowae gblɔe.”

12Metsɔ gbedeasi sia ke na Yuda fia Zedekia. Megblɔ nɛ be, “Tsɔ wò kɔ de Babilonia fia, Nebukadnezar, ƒe kɔkuti te; subɔ eya kple eƒe dukɔmetɔwo eye nànɔ agbe. 13Nu ka ŋuti wò kple wò amewo miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si ƒe ŋugbe Yehowa do na dukɔ si masubɔ Babilonia fia o la ƒe asi me? 14Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò. 15Yehowa be, ‘Nyemedɔ wo o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Eya ta manya wò ɖa le teƒe sia eye wò kple Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò la siaa miatsrɔ̃.’ ”

16Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi. 17Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilonia fia, ekema mianɔ agbe. Nu ka ŋuti du sia azu aƒedo? 18Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o. 19Elabena, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso sɔtiawo, akɔblizɔ kple nu siwo dzi woda wo ɖo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me la ŋuti. 20Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti. 21Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi: 22‘Woalɔ wo ayi ɖe Babilonia, afi ma woanɔ va se ɖe gbe si gbe mava alɔ wo ekema matrɔ wo agbɔe va teƒe sia.’ ” Yehowae gblɔe.

Did you know?

The Yoke of Babylon

  • God instructed Jeremiah to make a yoke of straps and place it on his neck as a living visual message. He was directed to address foreign envoys from Edom, Moab, Ammon, Tyre, and Sidon who were visiting King Zedekiah in Jerusalem, urging their nations to submit to Babylon rather than rebel.Sources: the Bible text itself
  • In this message, God refers to Nebuchadnezzar, the ruler of Babylon, as 'My servant.' The text emphasizes that the Creator of the earth gives dominion over lands and kingdoms to whom He pleases, subjecting the surrounding nations to Babylonian rule.Sources: the Bible text itself · Nebuchadnezzar
  • While rival prophets claimed that the sacred vessels taken during the exile of Jeconiah (Jehoiachin) would soon return, Jeremiah warned that this was a lie. He announced that the remaining temple furnishings, including the bronze pillars, the sea, and the bases, would also be carried off to Babylon.Sources: the Bible text itself · Jehoiachin

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Ammon · 31.955, 35.934 · verse 3
  • Edom · 30.746, 35.604 · verse 3
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 3, 18, 20, 21, 22
  • Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verse 3
  • Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verse 3
  • Tyre · 33.271, 35.196 · verse 3
  • Babylon · 32.543, 44.422 · verses 6, 7, 8, 9, 11, 12, 13, 14, 16, 17, 18, 20, 22

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.