Nations Bible

Judges 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Samson ƒe hlɔ̃biabia

1Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, le luxaɣi la, Samson tsɔ gbɔ̃vi aɖe yi be yeatsɔ ana ye srɔ̃ eye yeadɔ kplii gake srɔ̃a fofo meɖe mɔ nɛ o. 2Egblɔ na Samson be, “Mebu xaa be ɖe nèlé fui eya ta metsɔe na xɔ̃wò wòɖe. Nɔvia suetɔ hã li, ame si dze tugbe wui eya ta àte ŋu aɖe eya boŋ.”

3Nu sia do dɔmedzoe na Samson ŋutɔ eya ta wòblu ɖe wo ta gblɔ be, “Ne nya aɖe dzɔ ɖe mia dzi fifia la, migabu fɔm o!”

4Nu sia ta Samson yi ɖalé abei alafa etɔ̃, sa kɔ abei eve ɖe sia ɖe ƒe asikewo ɖekae eye wòbla akakati ɖeka ɖe abei eve ɖe sia ɖe siwo ƒe asikewo wòsa ɖekae la ŋu. 5Esi dzo tɔ akakati ɖe sia ɖe eye wòna abeiawo ƒu du yi Filistitɔwo ƒe agblewo me eye wotɔ dzo lu siwo womexa haɖe o kple wainkawo kpakple amitiwo.

6Esi Filistitɔwo bia be ame kae wɔ esia la, woɖo eŋu na wo be, “Samson ye elabena srɔ̃a fofo tsɔ srɔ̃a na ŋutsu bubu wòɖe.”

Ale Filistitɔwo tɔ dzo nyɔnuvi la kple fofoa kple woƒe aƒe. 7Samson ka atam be, “Magabia hlɔ̃ kokoko hafi adzudzɔ.” 8Eya ta Samson dza ali kple ata na wo hewu ame geɖewo eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le Etam.

9Filistitɔwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Yuda eye wokaka ɖe Lehi. 10Yudatɔwo bia wo be, “Nu ka dim miele le afi sia?”

Filistitɔwo ɖo eŋu be, “Míeva be míalé Samson eye míawɔe abe ale si wòwɔ mí ene.”

11Ale Yuda ŋutsu alafa etɔ̃ (3,000) yi Samson gbɔ le agado la me le Etam. Wobiae be, “Nu kae nye nu sia si nèle mía wɔm? Ɖe mènya be Filistitɔwoe le mía dzi ɖum oa?”

Samson ɖo eŋu be, “Nu si wowɔm teƒe koe meɖo na wo.”

12Wogblɔ nɛ be, “Míeva be míalé wò eye míatsɔ wò ade asi na Filistitɔwo.”

Samson gblɔ be, “Mika atam nam be miawo miawum o.”

13Woɖo eŋu be, “Míelɔ̃. Ɖe ko míabla wò, atsɔ wò ade asi na wo. Míawu wò o.” Ale woblae kple atagbika yeye eve eye wokplɔe dzoe tso agakpe la dzi. 14Esi Samson kple Yuda ŋutsu siwo lée ɖo Lehi la, Filistitɔwo tso aseye kple ɣli. Enumake Yehowa ƒe ŋusẽ gaɖo Samson me eye atagbika siwo wotsɔ blae la tso abe ɖetika ko wonye ene eye woge le alɔnu nɛ! 15Etsɔ tedzi kuku aɖe ƒe glãƒu si nɔ anyigba la eye wotsɔe wu Filistitɔ akpe ɖeka.

16Emegbe la Samson gblɔ be,

“Tedzi glãe metsɔ wu ame akpe ɖekae!”

17Esi wòwu nya siawo gbɔgblɔ nu la, eɖe asi le tedziglã la ŋu da ɖi. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Ramat Lehi,” si gɔmee nye “Tedziglãtogbɛ.”

18Tsikɔ de asi Samson wuwu me vevie eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be, “Èɖe Israel nukutɔe to dzinye va se ɖe egbe! Ɖe maku azɔ le tsikɔwuame ta eye mage ɖe trɔ̃subɔla siawo si mea?” 19Ale Mawu na tsi do tso agakpe aɖe me eye esi Samson noe la, agbe gaɖo eme. Ena ŋkɔ teƒea be “En Hakore” si gɔmee nye, “Gbedoɖala Ƒe Vudo.” Eye teƒe sia gali va se ɖe egbe.

20Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel le ƒe blaeve siwo kplɔ nya siawo ɖo la me, ke Filistitɔwo gaɖu Israelnyigba la dzi kokoko.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Samson's Vengeance and the Spring at Lehi

  • The place name Lehi means jawbone in Hebrew. After defeating a thousand Philistines with a fresh donkey jawbone, Samson named the site Ramath-lehi, which means jawbone height or elevation of Lehi.Sources: Lehi · Ramath-lehi · the Bible text itself
  • When Samson cried out in extreme thirst and exhaustion after his victory, God opened a hollow place in Lehi to provide water. The resulting spring was named En-hakkore, meaning fountain of the crier.Sources: En-hakkore · the Bible text itself
  • During this era of forty years of Philistine dominion, three thousand men of Judah chose to bind Samson rather than defy their Philistine rulers. Samson served as a judge in Israel for twenty years during this period of Philistine rule.Sources: Philistine Dominion · Judgeship of Samson · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Ramath-lehi · Today: Khirbet es Siyyagh · 31.749, 35.001 · verse 17

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.