Nations Bible

Judges 16

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Samson kple Delila

1Gbe ɖeka la, Samson yi Filistitɔwo ƒe du si woyɔna be Gaza la me eye wòtsi gbolo aɖe gbɔ dɔ. 2Wofi tofi na amewo be wokpɔ Samson le dua me eya ta wona nyanya duŋudzɔlawo. Ŋutsu geɖewo de xa ɖi nɛ zã blibo la le dua ƒe agbo nu, ale be ne eva dzo yina la, yewoalée. Wogblɔ le wo ɖokui dome be, “Ne ŋu ke eye asifli le dzedzem ko la, míakpɔe alée, awui.”

3Samson mlɔ anyi kple gbolo la va se ɖe zãtitina. Efɔ heyi dua ƒe agbo la gbɔ. Eho agbo la kple eƒe atiwo le tome kpe ɖe gametiawo ŋu, tsɔ wo ɖe abɔta heyi ɖada ɖe to aɖe tame le Hebron ƒe akpa kɛme.

4Azɔ la, Samson dze ahiã ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Delila ame si nɔ Sorek ƒe balime.

5Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo katã va yi Ɖelila gbɔ, eye wobia tso esi be wòable Samson nu ne wòagblɔ eƒe ŋusẽ ƒe dzɔtsoƒe nɛ ne wòava gblɔ na yewo ale be yewoate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi alée, ablae awɔ fui. Ne ete ŋu wɔ nenema la, ekema yewo dometɔ ɖe sia ɖe atsɔ klosalo akpe ɖeka kple alafa ɖeka anae.

6Nu sia na Delila ɖe kuku na Samson be wòagblɔ eƒe nya ɣaɣla la na ye. Egblɔ be, “Meɖe kuku, gblɔ nu si na wò lãme sesẽna alea la nam, nyemebu be ame aɖeke ate ŋu alé wò o!”

7Samson gblɔ nɛ be, “Ne woablam kple datimeka yeye adre la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.”

8Ale wotsɔ datimeka yeye adre na Ɖelila eye esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila blae kple ka adreawo, 9le esime ŋutsu aɖewo be ɖe xɔ evelia me. Esi Ɖelila blae vɔ ko la, edo ɣli sesĩe be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!”

Samson tso kaawo enumake abe ale si dzo lãa ɖetikawo ene. Ale womenya nu si tututu mee eƒe ŋusẽ triakɔ la le o.

10Emegbe la, Delila gblɔ nɛ be, “Ɖeko nètsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene hele bleyem, meɖe kuku, gblɔ nu si tututu woawɔ hafi ate ŋu alé wò la nam dzro!”

11Samson ɖo eŋu be, “Ne woblam kple ka yeye siwo wometsɔ bla nanekee kpɔ o la, ekema magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.”

12Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Delila tsɔ ka yeyewo blae. Ŋutsuwo gabe ɖe xɔ evelia me abe tsã ene eye Ɖelila do ɣli be, “Samson, Filistitɔwo va be yewoalé wò!”

Samson tso kaawo abe yiyiɖɔ ƒe kawoe wonye ene!

13Delila gagblɔ nɛ be, “Ɖeko nègatsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene, gblɔ ale si woate ŋu alé wòe la nam azɔ.”

Samson gblɔ be, “Ne èlɔ̃ nye ɖakɔ adreawo abe ale si wolɔ̃a avɔe ene la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila lɔ̃ ɖakɔ adreawo 14eye wòtsɔ ɖalénu lée.

Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ eye wòtu ɖa babla la.

15Ɖelila fa konyi be, “Aleke nàte ŋu agblɔ be yelɔ̃m gake màte ŋu agblɔ wò nya ɣaɣla nam o? Èblem zi etɔ̃ sɔŋ eye mègblɔ afi si wò ŋusẽ le la nam o!” 16Mlɔeba la, le eƒe gbe sia gbe ƒe nyatoƒitoto kple fuɖename ta la, ɖeɖi te Samson ŋu.

17Ale Samson gblɔ nya sia nya nɛ be, “Womelũ ta nam kpɔ o elabena menye Naziritɔ si woɖe ɖe aga na Mawu tso nye dzidzime ke. Ne woalũ ta nam la, nye ŋusẽ adzo le gbɔnye eye magbɔdzɔ abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.”

18Delila dze sii bena egblɔ nyateƒe la na ye mlɔeba eya ta wòɖo du ɖe Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo. Egblɔ na wo be, “Migava zi ɖeka ko elabena azɔ ya la, egblɔ nya sia nya nam.” Tete Filisitɔwo ƒe amegãwo va eye wotsɔ klosalo ɖe asi. 19Ɖelila ble Samson nu wòdɔ alɔ̃ ɖe eƒe atata. Eyɔ ame aɖe vɛ, wòko Samson ƒe ɖakɔ adreawo nɛ, ale Samson de asi gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye eƒe ŋusẽ dzo. Ɖelila de asi kɔtutui me elabena ekpɔ be eƒe ŋusẽ dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ.

20Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!”

Samson nyɔ hebu le ta me be, “Mawɔ abe tsã ene. Maʋuʋu ɖokuinye eye magado tso woƒe asi me.” Ke medze sii be Yehowa dzo le ye gbɔ o.

21Ale Filistitɔwo lée, wogbã eƒe ŋkuwo, kplɔe yi Gaza, de gae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wona wòtua bli abe gaxɔmenɔla ene. 22Ke sẽe ko la, eƒe ɖa gade asi toto me.

Samson ƒe kuku

23Azɔ la, Filistitɔwo ƒe dukplɔlawo ƒo ƒu be yewoasa vɔ na Dagon, woƒe mawu eye yewoaɖu ŋkekenyui elabena wogblɔ be, “Míaƒe mawu tsɔ Samson, míaƒe futɔ, de asi na mí.”

24Esi ameawo kpɔe la, wokafu woƒe mawu eye wogblɔ be,

“Míaƒe mawu tsɔ míaƒe futɔ la

de asi na mí,

ame si gblẽ míaƒe anyigba

eye wòwu mía dometɔ geɖewo.”

25Wain si wono la na wokpɔ dzidzɔ eye wogblɔ be, “Miyɔ Samson ɖa wòava ɖe modzaka na mí.” Ale wokplɔe tso gaxɔ la me eye wòva ɖe modzaka na wo le Dagon subɔƒe.

Esime wònɔ sɔti eve siwo tsɔ xɔgbagba la dome la, 26Samson gblɔ na ɖekakpui si lé eƒe alɔnu le ekplɔm la be, “Tsɔ nye asiwo ɖo sɔti eveawo ŋu. Medi be maziɔ ɖe wo ŋu ne madzudzɔ sẽe.” 27Amewo yɔ xɔ la taŋtaŋ; Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo kple ame bubu akpe etɔ̃ (3,000) nɔ xɔ la tame henɔ Samson ƒe modzakaɖename ƒe nuwɔnawo kpɔm. 28Samson do gbe ɖa na Aƒetɔ la hegblɔ be, “Oo, Yehowa, Aƒetɔ Mawu, gaɖo ŋku dzinye. Meɖe kuku, gado ŋusẽm zi ɖeka ko, ale be mate ŋu abia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku siwo wogbã la dometɔ ɖeka pɛ ko ta.” 29Samson tsɔ eƒe ŋusẽ katã tutu sɔtiawo sesĩe 30le esime wòdo gbe ɖa be, “Na maku kple Filistitɔ siawo.” Tete gbedoxɔ la ƒe dzisasã ge dze Filistitɔwo ƒe kplɔlawo kple ameawo katã dzi eye woku. Ale ame siwo Samson wu le eƒe kuɣi la sɔ gbɔ wu ame siwo wòwu le eƒe agbenɔɣi blibo la me.

31Le esiawo megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va be woaxɔ eƒe kukua, wokɔe yi eƒe anyigba dzi eye woɖii ɖe Zora kple Estaol dome, afi si woɖi fofoa, Manoa ɖo. Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe blaeve.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Downfall and Death of Samson

  • Delilah lived in the Valley of Sorek, where Philistine rulers offered her silver to discover the secret of Samson's strength. Samson, consecrated as a Nazirite from birth, finally revealed that cutting the seven braids of his hair would break his consecration and leave him weak.Sources: Delilah · Samson · the Bible text itself
  • The Philistines gathered in Gaza to celebrate Samson's capture and offer sacrifices to Dagon, their national god. Easton's Bible Dictionary describes Dagon as a deity represented with the body of a fish and the head and hands of a man, with major temples at Gaza and Ashdod.Sources: Dagon · Gaza · the Bible text itself
  • After leading Israel for twenty years, Samson was recovered by his relatives and buried in the tomb of his father Manoah. This burial place was situated between Zorah and Eshtaol in the Judean lowlands.Sources: Zorah · Eshtaol · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Gaza · Today: Tell Harube · 31.504, 34.464 · verses 1, 2, 21
  • Hebron · Today: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · verse 3
  • Valley of Sorek · Today: Nahal Sorek · 31.756, 35.050 · verse 4

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.