Judges 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Samson ƒe srɔ̃ɖeɖe
1Gbe ɖeka la, Samson yi Timna eye wòkpɔ Filisti ɖetugbi aɖe. 2Esi wòtrɔ gbɔ la, egblɔ na fofoa kple dadaa bena yedi be yeaɖee.
3Dzilawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura o, wobiae be, “Nu ka ta màɖe Yuda ɖetugbi aɖeke o? Nu ka ta nàɖe srɔ̃ tso Filistitɔ, ame siwo nye trɔ̃subɔlawo dome? Nyɔnuvi aɖeke mele Israelviwo dome nàte ŋu aɖe oa?”
Ke Samson gblɔ na fofoa be, “Eya koe nye ame si medi be maɖe. Ɖee nam.”
4Fofoa kple dadaa medze sii be Mawue nɔ mɔ trem na Filistitɔwo, ame siwo nye Israel dziɖulawo le ɣe ma ɣi o.
5Gbe ɖeka esi Samson kple edzilawo yina Timna la, dzatavi aɖe nɔ gbe tem helũ ɖe Samson dzi le waingble aɖe me le dua gbɔ lɔƒo. 6Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va edzi eye esi lãnu aɖeke menɔ esi o la, etsɔ asi ƒuƒlu fe dzata la ƒe glã bɔbɔe abe gbɔ̃vi aɖe tɔ ene! Ke Samson megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋuti na dzilawo o. 7Esi woɖo Timna la, eƒo nu kple ɖetugbi la eye wòkpɔ be eya tututu dim yele. Ale wowɔ srɔ̃ɖeɖe la ŋu ɖoɖowo.
8Esi Samson trɔ tso Timna gbɔna la, edze yi gbe me be yeakpɔ dzata kuku la ɖa. Kasia ekpɔ anyiwo kple anyitsi le eme. 9Eɖe anyitsi la, ɖu ɖe le mɔa dzi eye wòna ɖe fofoa kple dadaa gake megblɔ na wo be dzata ƒe dɔ me ye yekpɔe tsoe o.
Samson to adzo le eƒe srɔ̃ɖeƒe
10Azɔ la, esi fofoa yi be yeakpɔ nyɔnu la la, Samson ɖo kplɔ̃ le afi ma abe ale si ɖekakpuiviwo wɔna ene. 11Esi Samson va ɖo la, wotsɔ ɖekakpui blaetɔ̃ kpe ɖe eŋu.
12Samson gblɔ na wo be, “Mina mato adzo na mi. Ne miete ŋu ɖe egɔme nam le azãɖuɖua ƒe ŋkeke adreawo me la, matsɔ aklala biɖibiɖiwu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na mi. 13Ke ne miete ŋu ɖe egɔme o la, ekema miawo hã miatsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ nam.” Woɖo eŋu nɛ be, “To wò adzo la na mí, na míase wò adzo la.” 14Adzo si wòto lae nye,
“Nuɖuɖu do tso nuɖula me
eye nu vivi do tso nu sesẽ me!”
Ŋkeke etɔ̃ va yi, womete ŋu ɖe adzo la gɔme o.
15Le ŋkeke enea gbe la, wogblɔ na Samson srɔ̃ be, “Ble srɔ̃wò nu ne wòaɖe adzo la gɔme na mí. Ne menye nenema o la, míatɔ dzo wò kple fofowò ƒe aƒekɔ la miaku. Ɖe miekpe mí va afi siae be miada adzo mía?”
16Tete Samson srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒu Samson dzi, nɔ hehe ɖom be, “Èlé fum! Mèlɔ̃m kura o. Èto adzo na nye amewo gake mèɖe egɔme nam o.”
Samson ɖo eŋu nɛ be, “Nyemeɖe egɔme na fofonye alo danye gɔ̃ hã o. Nu ka tae maɖe egɔme na wò ya?” 17Nyɔnu la fa avi le azãɖuɖu ƒe ŋkeke adreawo katã me. Ale le ŋkeke adrea gbe la, egblɔe nɛ mlɔeba elabena nyɔnu la nɔ fu ɖem nɛ akpa. Ale nyɔnu la yi ɖagblɔ adzo la ƒe gɔmeɖeɖe na wo detɔwo.
18Ale hafi ɣe naɖo to le ŋkeke adrea gbe la, ɖekapuiawo ɖe adzo la gɔme na Samson be,
“Nu kae vivina wu anyitsi
eye nu kae sesẽ wu dzata?”
Samson gblɔ na wo be,
“Ne menye nye ŋutɔ nye nyivie mietsɔ ŋlɔ agblea o la,
anye ne miete ŋu nya nye adzo la ƒe gɔmeɖeɖe o.”
19Tete Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va Samson dzi kple ŋusẽ, eyi Askelon du la me, wu ŋutsu blaetɔ̃, ɖe woƒe awuwo eye wòtsɔ wo na ɖekakpui siwo ɖe adzo la gɔme. Ke dɔ me vee eya ta wògblẽ srɔ̃a ɖi eye wòdzo yi fofoa ƒe aƒe me. 20Ale wotsɔ Samson srɔ̃ na ŋutsu si nɔ Samson ŋu le esime wòlé alɔ kple srɔ̃a.

Did you know?
Samson's Marriage and Riddle at Timnah
- Samson's desire to marry a woman from Timnah, a town located about twenty miles west of Jerusalem, alarmed his parents. While Israel lived under Philistine dominion, marriages to Philistines were technically not among those forbidden by the Mosaic laws concerning the seven native Canaanite nations.Sources: Samson · Timnah · the Bible text itself
- To provide the thirty changes of clothing promised in his wedding riddle, Samson traveled to Ashkelon, one of the five principal Philistine cities situated on the Mediterranean coast about twelve miles north of Gaza.Sources: Ashkelon · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Ashkelon · Today: Tel Ashkelon · 31.664, 34.546 · verse 19
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org