Ezekiel 27
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Konyifaha ɖe Tiro ŋu
1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, dzi konyifaha ku ɖe Tiro ŋu. 3Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“Ègblɔ be, ‘Tiro,
mede blibo le nyonyo me.’
4Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi,
ame siwo tu wò la na wò nyonyo de blibo.
5Wotsɔ sesewu tso Senir wɔ wò xɔtutiwo,
eye wotsɔ sedati tso Lebanon
hewɔ abaladoti na wò.
6Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe,
wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe,
eye wofa nyiɖu ɖe eŋu.
7Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖo
nye wò abala, eye wonye wo aflaga;
wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔ
kple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta.
8Sidon kple Arvad ŋutsuwo nye wò ʋukulawo,
eye Tiro, wò aɖaŋutɔwoe nye wò tɔdzidɔwɔlawo.
9Aɖaŋudɔwɔla tsitsiwo tso Gebal nɔ
wò tɔdziʋuwo me be woatre wò gbagbãƒewo.
Tɔdziʋu siwo katã le ƒu dzi
kple woƒe tɔdziʋumedɔwɔlawo va be yewoatsa asi,
aƒle wò adzɔnuwo.
10“Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Put
nye asrafowo le wò aʋakɔ me.
Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖe
wò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò.
11Ŋutsuwo tso Arvad kple Helek dzɔ
wò gliwo ŋu le akpawo katã,
eye ŋutsuwo tso Gamad nye wò gbetakpɔlawo.
Wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu,
eye wodo wò nyonyo ɖe dzi bobobo.
12“Tarsis wɔ dɔ kple wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ɖɔli wò adzɔnuwoe.
13“Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe.
14“Ŋutsuwo tso Bet Togarma tsɔ dɔwɔsɔwo, aʋadesɔwo kple tedziwo ɖɔli wò adzɔnuwoe.
15“Ŋutsuwo tso Rods tsa asi kpli wò, eye amewo tso ƒuta du ɖe sia ɖe me nye wò nuƒlelawo. Woxe fe na wò kple nyiɖu kple avemeti sesẽwo.
16“Aram tsa asi kpli wò le nu geɖe siwo nèwɔ la ta. Etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, sui kple gbloti ɖɔli wò adzɔnuwoe.
17“Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe.
18“Le wò nuwɔwɔ geɖewo kple wò adzɔnu gbogboawo ta la, Damasko tsa asi kpli wò le wain tso Helbon kple lãfu tso Zahar me.
19“Danitɔwo kple Griktɔwo tso Uzal ƒle wò adzɔnuwo. Wotsɔ gayibɔ, kasiatiwo kple gbeke ɖɔli wò adzɔnuwoe.
20“Dedan tsa asi kpli wò kple sɔdokundruwo.
21“Arabia kple Kedar ƒe dziɖulawo katã nye wò nuƒlelawo. Wotsɔ woƒe agbowo, alẽviwo kple gbɔ̃wo tsa asi kpli wò.
22“Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika.
23“Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò. 24Le wò asi me la, wotsa asi kpli wò kple awu dzeaniwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kundru ŋɔŋɔe siwo wolɔ̃ kple ka si wotro hesa nyuie.
25“Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo.
Wò adzɔnuwo sɔ gbɔ le atsiaƒu la dzi.
26Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi.
Ke ɣedzeƒeya agbã wò ɖe atsiaƒu titina, afli wò wuliwuli.
27Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo
kple adzɔnuwo, tɔdziʋukulawo,
wò kuɖɔɖolawo kple wò gbagbãƒetrelawo,
wò adzɔnuɖɔlilawo, wò aʋawɔlawo katã
kple wò ameha blibo si le ʋua me la,
anyrɔ ɖe atsiaƒu la titina
gbe si gbe wò tɔdziʋu anyrɔ.
28Ne wò ƒudzidɔwɔlawo do ɣli la,
ƒutanyigbawo aʋuʋu kpekpekpe.
29Ame siwo wɔa wò akɔfawo ŋu dɔ la,
agble woƒe tɔdziʋuwo ɖi,
ʋukulawo kple tɔdzidɔwɔlawo katã atsi tsitre ɖe ƒuta.
30Woakɔ woƒe gbe dzi, eye woafa avi vevie ɖe tawò,
woakɔ ʋuʋudedi ɖe woƒe tawo dzi,
eye woamli le dzowɔ me.
31Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya.
Woafa avi ɖe tawò kple luʋɔ ƒe vevesese
kple konyifafa vevie.
32Ne wofa avi, eye wofa konyi ɖe tawò la,
woakpa konyifaha aɖe ɖe ŋuwò be,
Ame kae wona wòzi ɖoɖoe kpɔ abe Tiro,
du si atsiaƒu ƒo xlãe ene?
33Esi wò adzɔnuwo yi ƒu dzi la,
èna dukɔ geɖewo ɖi ƒo.
Ètsɔ wò hotsui gbogbo ɖi ƒo na anyigbadzifiawo.
34Azɔ la, atsiaƒu na nègba gudugudu
le tsiwo ƒe gogloƒe,
wò adzɔnuwo kple wò amewo katã woyi to kple wò.
35Ƒutatɔwo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò;
woƒe fiawo le dzodzom nyanyanya kple ŋɔdzi,
eye woyɔ mo kple vɔvɔ̃.
36Asitsalawo le dukɔwo dome le fewu ɖum le ŋuwò.
Èva ɖo wò nuwuwu si dzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o.”

Did you know?
The Lament and Commerce of Tyre
- In this lament, the prophet depicts the Phoenician maritime city of Tyre as a magnificent trading ship. Its structure is described as built with timbers of Lebanon cedar, cypress, and Bashan oak, outfitted with sails of Egyptian linen, and manned by mariners and craftsmen from coastal cities like Sidon, Arvad, and Gebal.Sources: the Bible text itself · Tyre · Lebanon · Arvad
- The chapter offers a detailed catalog of ancient Mediterranean and Near Eastern commerce. Tyre’s trade connections spanned from Tarshish in the west for metals like silver and tin, to Javan (Greece), the nomadic tribes of Kedar for livestock, and the merchants of Sheba in southern Arabia for gold, gems, and fine spices.Sources: the Bible text itself · Tarshish · Javan · Sheba
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Tyre · 33.271, 35.196 · verses 2, 3, 8, 32
- Lebanon · 33.540, 35.584 · verse 5
- Senir · Today: Mount Hermon · 33.400, 35.850 · verse 5
- Bashan · 32.781, 35.935 · verse 6
- Cyprus · 35.000, 33.000 · verse 6
- Egypt · 30.129, 31.308 · verse 7
- Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verse 8
- Gebal · Today: Byblos · 34.119, 35.646 · verse 9
- Lud · Today: Lydia · 38.488, 28.040 · verse 10
- Persia · 34.806, 48.516 · verse 10
- Javan · Today: Ionia · 38.200, 27.500 · verse 13
- Meshech · Today: about 200 km around Gordion · 39.655, 31.994 · verse 13
- Tubal · Today: Tabal · 37.296, 36.254 · verse 13
- Syria · Today: Aram · 33.511, 36.306 · verse 16
- Damascus · 33.511, 36.306 · verse 18
- Dan · Today: Tel Dan · 33.249, 35.652 · verse 19
- Arabia · Today: Arabian Peninsula · 23.000, 46.000 · verse 21
- Kedar · 29.811, 39.868 · verse 21
- Sheba · 15.348, 44.206 · verses 22, 23
- Asshur · Today: Assur · 35.457, 43.263 · verse 23
- Eden · Today: Beth-eden · 36.701, 38.087 · verse 23
- Haran · Today: Harran · 36.864, 39.033 · verse 23
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org