Ezekiel 28
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nyagblɔɖi tso Tiro fia ŋu
1Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be,
“ ‘Mawu aɖe menye,
menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’
Ke amegbetɔ ko nènye,
menye mawu aɖekee nènye o,
togbɔ be èbuna be yenya nu
abe mawu aɖe ene hã.
3Ɖe nènya nu wu Daniel mahã?
4Èwɔ wò nunya kple gɔmesese ŋu dɔ
hekpɔ hotsui na ɖokuiwò,
eye nèƒo ƒu sika kple klosalo
ɖe wò nudzraɖoƒewo.
5Le wò nunya gã tso asitsatsa ŋu ta la,
èdzi wò hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi,
eye le wò hotsuikpɔkpɔ ta la, wò dzi dana.
6“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“Be nèbu be yenya nu,
yenya nu abe mawu aɖe ene ta la,
7makplɔ amedzrowo aƒu wò,
dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui
na ame kura o.
Woatsɔ woƒe yi ɖe wò nyonyo kple wò nunya ŋu,
eye woagblẽ wò atsyɔ̃ gã la me.
8Woatutu wò ade aʋlime, eye àku ku veve aɖe
le atsiaƒuwo titina.
9Ɖe nàgblɔ le ɣe ma ɣi me be, ‘Mawu aɖee menye’
le ame siwo le wuwòm la ŋkumea?
Amegbetɔ ko nènye, mènye mawu aɖeke o,
le ame siwo le wuwòm la ƒe asi me.
10Àku abe aʋamatsomatsotɔwo
ene le amedzrowo ƒe asi me.
Nye Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
11Yehowa ƒe nya va nam be, 12“Ame vi, dzi konyifaha aɖe ɖe Tiro fia ŋu, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si:
“ ‘Ènye blibodede ƒe kpɔɖeŋu,
nunya yɔ mewò, eye wò nyonyo de blibo.
13Ènɔ Eden,
Mawu ƒe abɔ la me,
kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na wò,
Kanelian, krisolit kple emerald,
topaz, oniks kple yaspa,
lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril.
Sikae wotsɔ ɖo to na wò, eye eya kee
wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò le gbe si gbe wowɔ wò.
14Wosi ami na wò abe kerubi, amedzikpɔla ene,
elabena nenemae meɖo wòe.
Ènɔ Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi,
eye nèzɔ le dzokpewo dome.
15Vodada aɖeke menɔ wò zɔzɔme ŋu
tso gbe si gbe wowɔ wò
va se ɖe esime wokpɔ ŋutasesẽ le mewò o.
16To wò asitsatsa yi teƒe geɖewo me la,
ŋutasesẽ yɔ mewò, eye nèwɔ nu vɔ̃.
Eya ta menya wò ŋukpedoametɔe le Mawu ƒe to la dzi;
menya wò kerubi, amedzikpɔla, le dzokpeawo dome.
17Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta,
eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta.
Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba.
Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume
18To wò nu vɔ̃ geɖewo kple wò asitsatsa
si me nuteƒewɔwɔ mele o me la,
èdo gu wò Kɔkɔeƒewo.
Eya ta mena dzo do tso mewò, fia wò,
eye mena nèzu afi le anyigba,
le ame siwo katã nye nukpɔlawo la ŋkume.
19Dukɔ siwo katã nya wò la ƒe nu ku le ŋutiwò;
wò nuwuwu dziŋɔ la va ɖo,
eye màganɔ anyi akpɔakpɔ o.’ ”
Nyagblɔɖi ɖe Sidon ŋu
20Yehowa ƒe nya va nam be, 21“Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe Sidon gbɔ. Gblɔ nya ɖi ɖe eŋu, 22eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon,
eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò.
Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to nɛ,
eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme.
23Mana dɔvɔ̃ nadze edzi, eye ʋu nasi
le eƒe ablɔwo dzi.
Ame kukuwo adze anyi le eme,
eye yi anɔ eŋu le eƒe axa ɖe sia ɖe dzi.
Ekema woanya be nyee nye Yehowa.
24“ ‘Eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
25“ ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ne meƒo ƒu Israelviwo tso dukɔ siwo me wokaka wo ɖo me la, mafia ɖokuinye kɔkɔe le wo dome le dukɔwo ŋkume. Ale woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla, Yakob la dzi. 26Woanɔ dedie le afi ma, woatu xɔwo, eye woade waingble, woanɔ dedie ne mehe to na ame siwo katã ƒo xlã wo, eye wodoa vlo wo. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.’ ”

Did you know?
Prophecies Against Tyre and Sidon
- Ezekiel rebukes the ruler of Tyre for his arrogance fueled by immense commercial prosperity. Tyre was an ancient Phoenician city renowned for navigating the Mediterranean and gathering the commerce of the known world into its warehouses.Sources: the Bible text itself · Tyre
- The prophecy ironically asks if the ruler of Tyre considers himself wiser than Daniel, from whom no secret was hidden. While Daniel was known for his wisdom, Tyre's leader used his skill solely to amass gold, silver, and commercial wealth.Sources: the Bible text itself · Daniel
- Following the judgment against Tyre, Ezekiel prophesies against Sidon, located about twenty-five miles to the north. Sidon was the oldest Phoenician city and the mother city of Tyre, having a long history of oppressing Israel.Sources: the Bible text itself · Sidon · Tyre
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Tyre · 33.271, 35.196 · verses 2, 12
- Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verses 21, 22
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org