Nations Bible

Ezekiel 26

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Nyagblɔɖi ɖe Tirotɔwo ŋu

1Le ƒe wuiɖekɛlia me, le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe nya va nam be, 2“Ame vi, esi Tirotɔwo gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Ahã! Dukɔwo ƒe agbo kaka, eye woƒe ʋɔtruwo ʋu nam. Azɔ esi eƒe dua gbã ta la, nuwo adze edzi nam’ ta la, 3ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. O! Tiro, mana dukɔ geɖe naho ɖe ŋuwò abe ale si atsiaƒu naa eƒe ƒutsotsoewo dea dzi ene. 4Woagbã Tiro ƒe gliwo, eye woamu eƒe xɔ tsralawo. Makplɔ eƒe gli gbagbã kakɛawo ɖa, eye mana wòazu agakpe ƒuƒlu 5Le atsiaƒu me la, azu ɖɔsiaƒe. Nyee ƒo nu; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Azu nuhaha na dukɔwo, 6eye eƒe duwo le anyigba la dzi me tɔwo atsi yinu. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”

7“Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Makplɔ Nebukadnezar, Babilonia fia, fiawo dzi fia tso anyiehe, wòaho aʋa ɖe Tiro ŋu kple tasiaɖamwo kple sɔwo kple sɔdolawo kple aʋakɔ gã aɖe. 8Atsɔ yi awu wò du siwo le anyigba dzi la me tɔwo, atu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu dzi ɖe ŋuwò. 9Atrɔ eƒe gligbãnuwo ɖe wò gliwo ŋu, eye wòatsɔ eƒe aʋawɔnuwo agbã wò xɔ tsralawo. 10Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woana ʋuʋudedi natsyɔ dziwò. Aʋawɔsɔwo, kekewo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ana wò gliwo naʋuʋu kpekpekpe, ne ege ɖe wò agbowo me abe ale si amewo gena ɖe du si ŋu gli gbã le la me ene. 11Eƒe sɔwo ƒe afɔkliwo agblẽ nu le wò ablɔwo katã dzi, awu wò amewo kple eƒe yi, eye wò sɔti sesẽwo amu adze anyi. 12Woaha wò kesinɔnuwo, alɔ wò adzɔnuwo, woamu wò gliwo, woagbã wò xɔ dzeaniwo, eye woalɔ wò kpewo, xɔtutuwo kple gli gbagbãwo akɔ ɖe atsiaƒu me. 13Mana wò hadzidzi ƒe ɖiɖi sesĩe nu natso, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o. 14Mana nàzu agakpe si le ƒuƒlu, eye nàzu teƒe si woasia ɖɔwo ɖo. Womagbugbɔ wò atu akpɔakpɔ o, elabena, nye Yehowae ƒo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

15“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Tiroe nye si. ‘Ɖe wò ƒuta maʋuʋu kpekpekpe le wò anyidzedze ƒe ɖiɖi ta, ne abixɔlawo le hũu ɖem, eye amewuwu le edzi yim le mewò oa? 16Ekema dziɖula siwo le ƒuta duwo me la aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi, eye woaɖe woƒe fiawuwo kple awu ŋɔŋɔewo ada ɖi. Vɔvɔ̃ aɖo wo, woanɔ anyigba, anɔ dzodzom nyanyanya ɣeawo katã ɣi, eye woƒe nu aku ɖe ŋuwò. 17Ekema woadzi konyifahawo ɖe ŋuwò, eye woagblɔ nya siawo na wò.

“ ‘Aleke ƒudzitɔwo gbã wò, o, du xɔŋkɔ!

Ènye ŋusẽ nɔ ƒuwo dzi kpɔ,

wò kple wò amewo,

mienye ŋɔdzi na ame siwo katã nɔ afi ma.

18Azɔ la, wò ƒutanyigbawo le dzodzom kpekpekpe

le wò anyidzegbe ta, eye vɔvɔ̃ ɖo ƒukpowo

le atsiaƒu me le wò anyidzedze ta.’ ”

19Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. “Ne mena nèzu aƒedo abe du si me ame aɖeke megale o, ne mehe atsiaƒu ƒe gogloƒe tsyɔ dziwò, eye eƒe tsi gbawoo la ƒo xlã wò la, 20ekema mana nàyi to kple ame siwo yi aʋlime, àyi gbe aɖe gbe tɔwo gbɔ. Mana nànɔ anyigba te, le aƒedo xoxowo me kple ame siwo yi aʋlime, màgatrɔ agbɔ alo axɔ wò teƒe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o. 21Mana wò nuwuwu nadzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o. Woadi wò, gake womagakpɔ wò akpɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Prophecy against Tyre

  • Tyre was a renowned Phoenician port city whose seafaring merchants dominated Mediterranean commerce. In this chapter, Tyre rejoices at the downfall of Jerusalem, anticipating that the collapse of the inland city would redirect wealth and lucrative trade routes to its own harbors.Sources: Tyre · the Bible text itself
  • The name Tyre means "a rock." Ezekiel emphasizes this identity by prophesying that the prosperous maritime city would be scraped bare of its soil like a rock, becoming nothing more than a deserted flat where fishermen spread out their nets to dry.Sources: Tyre · the Bible text itself
  • Nebuchadnezzar II, the powerful king of Babylon, is identified by name as the instrument of judgment brought against Tyre. Ezekiel describes his army advancing with cavalry, chariots, siege ramps, and battering rams against the coastal settlements and city fortifications.Sources: Nebuchadnezzar · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 2
  • Tyre · 33.271, 35.196 · verses 2, 3, 4, 5, 7, 15, 19
  • Babylon · 32.543, 44.422 · verse 7

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.