Nations Bible

Acts 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem.

Amewo ti Kristotɔwo yome

Tso gbe ma gbe dzi la, amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie, eye esia na be wo katã wosi yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem. 2Ke Yudatɔ aɖewo siwo vɔ̃a Mawu la va kɔ Stefano ƒe kukua ɖaɖi, eye wofae ŋutɔ. 3Ke Saulo ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒe me yia aƒe me, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me.

Filipo gblɔ nyanyui la le Samaria

4Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si woyi la. 5Filipo hã yi Samaria, eye wòɖe gbeƒã le Kristo ŋuti na wo. 6Filipo wɔ nukunu geɖewo le Samaria, eya ta amewo va ɖoa toe ɣe sia ɣi. 7Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la, wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo. 8Esia wɔe be dzidzɔ blibo yɔ dua me fũu.

Simɔn akunyawɔla la

9Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn la nɔ Samaria dua me. Enye afakala xɔŋkɔ aɖe, eye wòna Samaria dukɔ la ƒe nu ku; eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã. 10Amewo katã ku ɖe eŋu; ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa, eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la. 11Amewo dze eyome hoo, elabena enana be woƒe nu kuna to eƒe afakaka la me ɣeyiɣi didi aɖe. 12Ke esi dua me tɔwo se nyanyui la si Filipo gblɔ tso mawufiaɖuƒe la ŋu kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la, woxɔe se, eye wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. 13Nukutɔe la, Simɔn, afakala la ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se, ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ.

14Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa. 15Esime ame dɔdɔawo va ɖo Samaria teti ko la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta be woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, 16elabena tsi ko wode ta na wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, ke womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o. 17Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.

18Esi Simɔn kpɔ be wona Gbɔgbɔ Kɔkɔe amewo to apostoloawo ƒe asidada ɖe wo dzi me la, ena ga apostoloawo, eye wògblɔ na wo be, 19“Mina ŋusẽ sia nye hã ale be ame sia ame si dzi mada asi ɖo la naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”

20Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò, elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga! 21Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o, elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o. 22Dzudzɔ ta me vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò, 23elabena edze nam ƒãa be, èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.”

24Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.”

25Ke esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase hegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã.

Filipo kple Etiopia fianyɔnu ƒe aƒedzikpɔla la

26Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.” 27Filipo tso heyi abe ale si wogblɔ nɛ la ene; eye kasia ekpɔ Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ kple gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem, afi si wòɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me le, 28eye wòtrɔ yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la, enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe le eƒe tasiaɖam me.

29Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.”

30Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu, eye wòse be ele Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm la, Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?”

31Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, aleke mate ŋu ase egɔme esi ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema.

32Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be,

“Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge,

eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fũwo sẽm ene la,

nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o.

33Le eƒe ɖokuibɔbɔ ta womedrɔ̃ ʋɔnue ɖe mɔ dzɔdzɔe nu o.

Ame kae ate ŋu agblɔ ale si dzidzime si me wòdzɔ ɖo la ƒe tagbɔ sẽe la afia?

Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.”

34Etiopia ŋutsu la bia Filipo be, “Nyagblɔɖila Yesaya ŋu eya ŋutɔ nɔ nu ƒom le loo alo ame bubu aɖe ŋuea?”

35Tete Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋu dɔ hegblɔ nyanyui la nɛ le Yesu ŋu.

36Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽe ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?”

[ 37Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.”

Etiopia ŋutsu la ɖo eŋu be, “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe Vi la.]” 38Enumake etɔ tasiaɖam la, eye wòɖi ge ɖe tsi la me, eye Filipo de mawutsi ta nɛ. 39Esi wòdo tso tsia me teti ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe, ale be Etiopia ŋutsu la megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ. 40Egblɔ nyanyui la le afi ma, eye wògagblɔe le du siwo katã le Kaesarea mɔ dzi la hã me.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The message spreads beyond Jerusalem

  • After Stephen’s death, a great persecution broke out against the church in Jerusalem, and all except the apostles were scattered through Judea and Samaria. Philip, one of the seven and later called the evangelist, was among them; he went first to Samaria, where the crowds gave their attention to his message about the Christ.Sources: the Bible text itself · Phillip the Evangelist
  • Before Philip arrived, Simon had long astounded Samaria by sorcery, and people called him the divine power known as the Great Power. He believed and was baptized, then offered money for the power to give the Holy Spirit by the laying on of hands; the word simony, for buying a spiritual office, is derived from his name.Sources: the Bible text itself · Simon the Sorcerer
  • Two roads linked Jerusalem and Gaza; Philip was sent along the one through Hebron and a thinly inhabited district called the desert. There he met an Ethiopian eunuch, treasurer to Candace, queen of the Ethiopians, returning from worship in Jerusalem and reading the prophet Isaiah in his chariot. Candace was a title borne by successive queens of Meroe in Upper Nubia, a wealthy center of trade between Africa and southern Asia.Sources: the Bible text itself · Phillip the Evangelist · Candace

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 14, 25, 26, 27
  • Judea · Today: Judea 1 · 31.777, 35.234 · verse 1
  • Samaria · Today: Samaria 2 · 32.276, 35.195 · verses 1, 5, 9, 14, 25
  • Gaza · Today: Tell Harube · 31.504, 34.464 · verse 26
  • Ethiopia · 16.935, 33.751 · verse 27
  • Ashdod · Today: Tel Ashdod · 31.757, 34.658 · verse 40
  • Caesarea · Today: Caesarea Maritima · 32.500, 34.892 · verse 40

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.