Acts 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Saulo ƒe dzimetɔtrɔ
1Saulo gado adã ɖe xɔsetɔwo ŋu vevie wu tsã, eye wòlé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ganɔ wo yome tim kple ŋkubiã. Eƒe susu kple didi katã koe nye be yeatsrɔ̃ Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo. Le esia ta la, eyi nunɔlagã la gbɔ 2be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye, ale be yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siwo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo, eye yeakplɔ wo va Yerusalem. 3Esi wòsusɔ vie ko wòaɖo Damasko dua me la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe edzi tso dziƒo. 4Edze anyi kpla enumake. Ke ese gbe aɖe be, “Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim alea?”
5Saulo bia kple vɔvɔ̃ be, “Wò ame kae le nu ƒom, Aƒetɔ?”
Gbea ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. 6Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”
7Nyadzɔdzɔ sia wɔ nuku na Saulo ŋumewo ŋutɔ. Woƒe nu ku ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖe wo, elabena wonɔ gbeɖiɖi aɖe sem pɛpɛpɛ, gake womekpɔ ame si nɔ nu ƒom la o. 8Saulo wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba, gake nukutɔe la, megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko. 9Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe.
10Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣe ma ɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be “Anania.”
Etɔ, eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”
11Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nàyi ablɔ si woyɔna be, ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye nàdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒe me. Ne èkpɔe la, bia ŋutsu aɖe si woyɔna be Saulo tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe dom ɖa nam vevie, 12elabena meɖee fiae le ŋutega me be wò, Anania, àva egbɔ, ada asi ɖe edzi be eƒe ŋkuwo naʋu, ale be wòagate ŋu akpɔ nu.”
13Anania ɖo eŋu gblɔ be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saulo sia wɔ ame kɔkɔewo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe! 14Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso nunɔlagãwo gbɔ be yeava lé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ.”
15Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Anania be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi, elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam, eye wòagblɔ nye nya na ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã, 16ke nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la afiae.”
17Anania tso heyi Saulo ƒe aƒe me, eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le ŋuwò, eye tso esia dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nàgakpɔ nu.”
18Enumake ewɔ abe nane ƒe tsrowoe ge le eƒe ŋkuwo dzi ene. Ŋkuawo ʋu, eye wògade asi nukpɔkpɔ me. Anania de mawutsi ta nɛ enumake.
Saul gblɔ mawunya le Damasko
19Ŋusẽ gaɖo Saulo ŋu esi wona nanee wòɖu vɔ. Saulo nɔ nusrɔ̃lawo gbɔ le Damasko hena ŋkeke geɖewo. 20Tete wòdze mawunyagbɔgblɔ gɔme le woƒe ƒuƒoƒewo le gbɔgblɔm be Yesue nye Mawu ƒe Vi la.
21Ame siwo katã se Saulo ƒe mawunya la ƒe nu ku, eye wobia wo nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe ame siwo yɔa ŋkɔ sia le Yerusalem le woƒe xɔse ta oa? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afi sia be yealé xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na nunɔlagãwo le Yerusalem!”
22Saulo yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ, ale be Yudatɔ siwo nɔ Damasko la mete ŋu tsi tsitre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la ŋu o.
23Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo wɔ ɖoɖo be yewoawu Saulo. 24Ke ame aɖe va fi tofi na Saulo be dzɔlawo le Damasko ƒe agbowo nu dzɔm zã kple keli be ne eva yina la, yewoawui. 25Eya ta gbe ɖeka zã la, Saulo yomedzela aɖewo kɔe de kusi gã aɖe me heɖiɖii to do si le dua ƒe gli la me la me heɖiɖii ɖe anyigba.
Saulo si yi Yerusalem
26Esi Saulo va ɖo Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple xɔsetɔ siwo le afi ma la, gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ, eye womelɔ̃ te ɖe eŋu o, elabena wobu be alakpa dam wònɔ be yezu yewo dometɔ ɖeka. 27Ke Barnabas kplɔ Saulo va apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo tso ale si Saulo kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saulo gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la ŋu na wo. 28Esia na be apostoloawo xɔ Saulo ɖe wo dome. Ale tso ɣe ma ɣi dzi la, enɔ xɔsetɔwo ŋu kplikplikpli le Yerusalem henɔ mawunya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. 29Ke eva eme be Helatɔ siwo trɔ zu Yudatɔwo la dometɔ aɖewo, ame siwo Saulo he nya kplii la wɔ ɖoɖo be yewoawui. 30Esi xɔsetɔ bubuawo se be Saulo ƒe agbe ɖo xaxa me alea la, wokplɔe yi Kaesarea, eye tso afi ma la, woɖoe ɖe wo de, Tarso.
31Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hame la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã, eye wonɔ agbe le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.
Petro da gbe le Aeneas ŋuti
32Esi Petro nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe la, eva Mawu ƒe ame siwo le Lida hã gbɔ. 33Teƒe sia wòkpɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Aeneas, ame si nɔ lãmetutudɔ lém, eye wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ le.
34Petro yɔe gblɔ nɛ be, “Aeneas, Yesu Kristo da gbe le ŋuwò, eya ta tsi tsitre, eye nàŋlɔ wò aba.” Ŋutsu la ƒe lãme sẽ enumake. 35Nukunu sia wɔe be ame siwo katã le Lida kple Saron la dze Aƒetɔ la yome, elabena wokpɔ Aeneas wònɔ zɔzɔm.
Petro fɔ Tabita tso ku me
36Nyɔnu nusrɔ̃la aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita (si woyɔna le Helagbe me be Dɔkas). Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevietɔ ame dahewo. 37Le ɣeyiɣi sia me tututu la, nyɔnu sia dze dɔ, eye wòku. Wodzra eƒe kukua ɖo, eye woɖoe aba dzi le dziƒoxɔ aɖe dzi. 38Ke esi nusrɔ̃lawo se Petro ŋkɔ le Lida la, woɖe ame eve ɖo ɖee kple kukuɖeɖe be wòaɖe abla ava yewo gbɔ le Yopa, elabena Lida tsɔ ɖe Yopa gbɔ.
39Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo teti ko la, wokplɔe yi dziƒoxɔ dzi le xɔ si me wokɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũu kple konyifalawo, ame siwo dometɔ geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbe me. Ɖe sia ɖe nɔ nu siwo Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia. 40Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ nɛ be, “Tabita, tsi tsitre!” Enumake ame kuku la ʋu ŋku, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ nɔ abati la dzi. 41Petro lé eƒe alɔnu, eye wòtsi tsitre. Azɔ Petro yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa me, eye wòtsɔ Dɔkas gbagbe la de asi na wo.
42Nukunya sia kaka ɖe Yopa du blibo la me, eye ame geɖewo ŋutɔ trɔ hexɔ Aƒetɔ la dzi se. 43Petro nɔ Yopa dua me ŋkeke geɖe, eye wònɔ Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla la gbɔ le eƒe aƒe me.

Did you know?
Saul's Conversion and Peter's Ministry
- The persecutor in this chapter is called Saul, a man from Tarsus. Saul was the name he received at circumcision, his Hebrew name at home; the name Paul was probably also given to him in infancy for use in the Gentile world. Tarsus, the capital of Cilicia, a Roman province in southeast Asia Minor, stood on the river Cydnus, navigable that far, was distinguished for its wealth from trade with Mediterranean lands and central Asia Minor, and was the seat of a famous university whose schools are described as rivaling those of Athens and Alexandria.Sources: Paul · Tarsus · the Bible text itself
- Damascus, which Saul was approaching with letters from the high priest so that he could bring men and women of the Way as prisoners to Jerusalem, is described as the most ancient of the cities of the East and the capital of Syria, about 133 miles north of Jerusalem. Ananias was sent to the house of Judas, a Jew of Damascus, on the street called Straight, a long broad street running east to west for about a mile and forming the city's principal thoroughfare, unlike the narrow and irregular streets usual in towns of the East. That street is identified with the street of bazaars, where a so-called house of Judas has been pointed out.Sources: Damascus · Straight Gate · Judas (Jew of Damascus) · the Bible text itself
- Lydda, where Peter found Aeneas, paralyzed and bedridden for eight years, lay about nine miles east of Joppa, on the road from that seaport to Jerusalem. Joppa stood on a sandy promontory about thirty miles northwest of Jerusalem and was the chief seaport of Judea. There the disciple Tabitha is also called Dorcas, a Greek name meaning gazelle; she was known for works of kindness and charity, and the widows showed Peter the tunics and other clothing she had made.Sources: Lydda · Joppa · Dorcas · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Damascus · 33.511, 36.306 · verses 2, 3, 8, 10, 19, 22, 27
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 13, 21, 26, 28
- Straight Street · 33.509, 36.311 · verse 11
- Tarsus · 36.913, 34.892 · verses 11, 30
- Caesarea · Today: Caesarea Maritima · 32.500, 34.892 · verse 30
- Galilee · 32.760, 35.527 · verse 31
- Judea · Today: Judea 1 · 31.777, 35.234 · verse 31
- Samaria · Today: Samaria 2 · 32.276, 35.195 · verse 31
- Lod · 31.950, 34.900 · verses 32, 35, 38
- Sharon · Today: Sharon Plain · 32.400, 34.883 · verse 35
- Joppa · Today: Jaffa · 32.054, 34.753 · verses 36, 38, 42, 43
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org