Nations Bible

Filipenses 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Ŋusẽdoamenyawo

1Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me.

Nuxlɔ̃amenya

2Meɖe kuku na Ewodia, eye mele kuku ɖem na Sintike hã be woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me. 3Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã.

4Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!” 5Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo. 6Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu. 7Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me.

8Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu. 9Miwɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye alo miexɔ tso gbɔnye alo miese tso gbɔnye, alo kpɔ le menye la, eye Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mi.

10Mekpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me vevie be, mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖeko miekpɔ mɔnu be miaɖee afia o. 11Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye. 12Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o, alo ne nu geɖe le asinye hã. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ geɖe me alo le hiã me. 13Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.

14Ke hã la, miewɔe nyuie be mienaa kpekpeɖeŋum le nye fukpekpewo me. 15Gawu la, abe ale si mi Filipitɔwo mienya ene be esi miese nyanyui la zi gbãtɔ esi tso Makedonia la, hame bubu aɖeke menye nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me o, negbe miawo ko. 16Esi menɔ hiahiã me le Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi geɖe. 17Menye ɖe mele nunana aɖeke dim tso mia gbɔ o, ke boŋ mele didim be nu nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi. 18Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu. 19Eye nye Mawu ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔekesinɔnuwo me, le Kristo Yesu me.

20Ŋutikɔkɔe woana mía Mawu Fofo la, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.

Nuwuwugbedonamewo

21Medo gbe na ame kɔkɔewo le Yesu Kristo me.

Nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi.

22Ame kɔkɔe ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevietɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe aƒe me.

23Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo.

Você sabia?

Alegria, concórdia e parceria generosa

  • Paulo exorta Evódia e Síntique, duas mulheres da igreja de Filipos que haviam trabalhado com ele no evangelho, a concordarem uma com a outra no Senhor. O Easton's Bible Dictionary (1897) explica o nome de Evódia, ali grafado Euodias, como “uma boa viagem”, e o de Síntique como “afortunada” ou “afável”, e entende que o apelo sugere que as duas estavam em desacordo.Fontes: o próprio texto bíblico · Euodias · Syntyche
  • Paulo lembra aos filipenses que, quando deixou a Macedônia, nenhuma outra igreja se associou a ele em dar e receber, e que, mesmo em Tessalônica, eles supriram suas necessidades repetidas vezes; agora ele recebeu os presentes deles da parte de Epafrodito. A Macedônia era uma província romana ao norte da Grécia, e Tessalônica, à beira do golfo Termaico, era a capital de um dos seus quatro distritos, governada por um pretor.Fontes: o próprio texto bíblico · Macedonia · Thessalonica
  • Paulo nomeia Clemente, um cristão de Filipos e seu colaborador, entre aqueles cujos nomes estão no Livro da Vida. O Easton's Bible Dictionary (1897) registra a opinião de escritores antigos de que esse Clemente era o Clemente de Roma, conhecido na história posterior da igreja; a própria carta não faz essa identificação.Fontes: o próprio texto bíblico · Clement

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Macedonia · 41.600, 22.540 · versículo 15
  • Thessalonica · Hoje: Thessaloniki · 40.638, 22.946 · versículo 16

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.