Nations Bible

Filipenses 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Migaɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu o

1Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedinɔnɔ. 2Minɔ ŋudzɔ na avu mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã, 3elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o, 4evɔ nye ya susu si ta wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la le asinye hafi. Ne ame aɖe bu be yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la, nye la mewui, 5elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ kple Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye. 6Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔ menye.

7Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu, eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Kristo ɖeka ko. 8Ɛ̃, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le ŋkunyeme o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, be nye asi nasu Kristo dzi, 9eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu. 10Azɔ la, meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo, eye míanya nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome la ŋu. To esia me la, míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme. 11Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me la dometɔ ɖeka.

Dzesiɖoƒe la yometiti

12Menye ɖe mele gbɔgblɔm be nye asi su nu siawo katã dzi xoxo alo wowɔm mede blibo xoxo o, ke boŋ mele ŋusẽ dom nu be nye asi nasu nu si ta Kristo Yesu hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. 13Nɔvi lɔlɔ̃awo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔnye la gbɔ. 14Mele dzesiɖoƒe la minyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo la be manyi agbe mavɔ ƒe dome.

15Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la, míakpɔ nu siawoe. Ke ne miaƒe susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia mi. 16Ke mina míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu.

17Nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu, eye mialé ŋku ɖe ame siwo nɔa agbe ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi la nu. 18Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, gake le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo. 19Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu. 20Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele mɔ kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava, 21ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Da confiança na carne ao conhecimento de Cristo

  • Quando o autor enumera motivos para ter confiança na carne, inclui pertencer à tribo de Benjamim. Benjamim era o filho mais novo de Jacó com Raquel, nascido em Efrata, no caminho entre Betel e Belém. A mãe morreu ao dá-lo à luz e o chamou de Ben-oni, "filho da minha dor", mas o pai mudou esse nome para Benjamim.Fontes: Benjamin (patriarch) · o próprio texto bíblico
  • O Easton's Bible Dictionary (1897) diz que os descendentes de Benjamim, os benjamitas, eram no Êxodo a menor tribo, exceto uma, marchavam com Manassés e Efraim a oeste do tabernáculo e contavam 45.600 guerreiros na entrada em Canaã. O autor deste capítulo ainda cita essa tribo como parte da própria linhagem.Fontes: Benjamin (patriarch) · o próprio texto bíblico
  • Ele também diz que foi circuncidado no oitavo dia, hebreu de hebreus e, quanto à lei, fariseu; quanto ao zelo, perseguiu a igreja e, quanto à justiça na lei, era irrepreensível. Agora considera tudo isso como perda, até lixo, em comparação com conhecer a Cristo Jesus, e manda os leitores terem cuidado com aqueles a quem chama de mutiladores da carne.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.