Números 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Ŋutitotoŋkekenyui la ŋuti sewo
1Yehowa de se siawo na Mose esime Mose kple Israelvi mamlɛawo nɔ Sinai gbedzi le ɣleti gbãtɔ me, le ƒe evelia me, esi wodo go tso Egipte. Yehowa gblɔ nɛ be, 2“Na Israelviwo naɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le eƒe ɣeyiɣi la dzi. 3Miɖui le eƒe ɣeyiɣi la dzi, le fiẽ, le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia gbe le eƒe sewo kple ɖoɖowo katã nu.”
4Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, 5eye woɖui le Sinai gbegbe la le fiẽ, le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Israelviwo wɔ nu sia nu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
6Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe, 7eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?”
8Mose gblɔ na wo be yeabia nya Yehowa tso woƒe xaxa la ŋuti.
9Yehowa ƒe nyametsotsoe nye: 10“Ne Israelviwo dometɔ siwo li fifia alo siwo anɔ dzidzime siwo ava va me la gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ɣeyiɣi me, to asikaka ame kuku aɖe ŋu me, alo ne wozɔ mɔ, eye womate ŋu anɔ wo nɔviwo dome o la, ele be woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kokoko. Woawo aɖui le ɣleti ɖeka megbe, 11le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve. 12Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ.
13“Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi. 14Ne amedzro aɖe le mia dome, eye wòdi be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la na Yehowa la, ele nɛ be wòawɔ Ŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Se ɖeka koe li na ame sia ame.”
Lilikpo si le agbadɔ la tame
15Le gbe si gbe wotu agbadɔ la la, lilikpo la tsyɔ edzi. Le gbe ma gbe ƒe fiẽ la, lilikpo la trɔ hedze abe dzo bibi ene. Enɔ nenema le zã blibo la me. 16Aleae wònɔna azɔ: enyea lilikpo le ŋkeke me eye wòdzena abe dzo bibi ene le zã me. 17Ne lilikpo la ho la, Israelviwo dzea mɔ, ɖea zɔ va se ɖe afi si lilikpo la natɔ ɖo, eye woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma. 18Wozɔ mɔ alea le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Wotɔna ɖe afi si Yehowa ɖo na wo be woatɔ ɖo. Wonɔa afi ma ɣeyiɣi si lilikpo la tɔ ɖe afi ma. 19Ne enɔ anyi wòdidi la, woawo hã wonɔa anyi ɣeyiɣi didi ma ke. Ke ne enɔ anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ekema Israelviwo hã wonɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, elabena nenemae Yehowa ɖo na wo. 20Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ. 21Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, eye ne eho le ŋdi la, wodzea mɔ. Nenye le ŋkeke me alo zã me, ɣe sia ɣi si lilikpo la ho ko la, wodzea mɔ. 22Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ. 23Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, wodzea mɔ. Wowɔa Yehowa ƒe gbe dzi le se si wòde to Mose dzi la nu.

Você sabia?
A Segunda Páscoa e a Nuvem Guia
- Números 9 registra a celebração da Páscoa no deserto do Sinai no primeiro mês do segundo ano após a saída do Egito. Segundo a tradição, os israelitas permaneceram acampados na região do Sinai por cerca de um ano, período no qual receberam as leis e ergueram o Tabernáculo.Fontes: o próprio texto bíblico · Sinai
- Uma concessão especial foi estabelecida para quem ficasse impedido de celebrar a Páscoa na data regular por impureza cerimonial decorrente do contato com um cadáver ou por motivo de viagem. Essas pessoas podiam celebrar uma Páscoa suplementar exatamente um mês depois, no décimo quarto dia do segundo mês.Fontes: o próprio texto bíblico
- O deslocamento e a permanência de todo o acampamento eram orientados pela nuvem que cobria o Tabernáculo durante o dia e assumia o aspecto de fogo durante a noite. Quer a nuvem permanecesse sobre a Tenda por uma única noite, por alguns dias ou por muitos meses, os israelitas só marchavam quando ela se elevava.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 1
- Wilderness of Sinai · Hoje: about 50 km around Jebel Musa · 28.540, 33.973 · versículos 1, 5
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org