Números 8
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Akaɖiti la tutu
1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’ ”
3Aron wɔ esia. Eɖo akaɖigbea atiawo dzi ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose nu tututu. 4Wotsɔ sika wɔ akaɖiti la kple seƒoƒowo ɖe akaɖiti la ƒe zɔ kple alɔdzeawo ŋu. Wowɔ akaɖitiawo abe ale si Yehowa fia Mose ene.
Levi ƒe viwo ŋuti kɔkɔ
5Yehowa gblɔ na Mose be, 6“Ɖe Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo dome, eye nàkɔ wo ŋu to mɔ sia dzi. 7Hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe wo ŋu, eye nàna woawo ŋutɔ nalũ woƒe ŋutifuwo katã, eye woanya woƒe awuwo, ekema woanɔ kɔkɔe. 8Na woatsɔ nyitsuvi aɖe kple nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la kple nyitsu bubu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa vɛ. 9Ekema, nàkplɔ Levi ƒe viwo va Agbadɔ la ƒe mɔnu eye naƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu. 10Le afi ma la, nana Levitɔ nava Yehowa ƒe ŋkume eye Israelviwo ada asi ɖe wo dzi, 11ato tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me, atsɔ wo ana Yehowa abe nunana tso Israel dukɔ blibo la gbɔ ene. Levi ƒe viwo anɔ Israelviwo katã teƒe le Yehowa subɔsubɔ me.
12“Le esia megbe la, Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo ada woƒe asiwo ɖe nyitsuvi eveawo ƒe tawo dzi, eye woatsɔ wo ana le Yehowa ŋkume. Woatsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ be woalé avu ɖe Levi ƒe viwo nu. 13Ekema woatsɔ Levi ƒe viwo ana Aron kple via ŋutsuwo abe ale si wotsɔa nu bubu ɖe sia ɖe si wodi be woana Yehowa la naa nunɔlawo ene! 14Eya ta nàtia Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo katã dome, eye Levi ƒe viwo azu tɔnye.
15“Ne èkɔ wo ŋuti, eye nètsɔ wo nam le mɔ sia nu vɔ la, woate ŋu age ɖe agbadɔ la me hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ. 16Wonye tɔnyewo le Israelviwo katã dome. Mexɔ wo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo katã teƒe; mexɔ Levi ƒe viwo abe teƒenɔlawo ene. 17Israelviwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo kple woƒe lãwo ƒe vi ŋgɔgbetɔwo katã nye tɔnyewo. Metsɔ wo na ɖokuinye le zã si me mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã. 18Ɛ̃, mexɔ Levi ƒe viwo ɖe Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsiwo katã teƒe. 19Matsɔ Levi ƒe viwo ake Aron kple via ŋutsuwo abe nunana ene. Levi ƒe viwo awɔ dɔ kɔkɔe siwo wohiã tso Israelviwo si be woawɔ le agbadɔ la me, woatsɔ nu siwo amewo na la asa vɔwoe, eye woalé avu ɖe wo nu. Dɔvɔ̃ mato le Israelviwo dome abe ale si wòanɔ ene ne ame siwo menye Levi ƒe viwo o la ge ɖe agbadɔ la me ene o.”
20Ale Mose kple Aron kpakple Israelviwo katã wotsɔ Levi ƒe viwo na Yehowa le se si wòde na Mose la nu. 21Levi ƒe viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wonya woƒe awuwo. Aron to tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me tsɔ wo na Yehowa. Ewɔ avuléle ƒe wɔnawo ɖe wo ta hekɔ wo ŋuti. 22Le esia megbe la, woyi agbadɔ la me abe Aron kple via ŋutsuawo ƒe kpeɖeŋutɔwo ene. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ ɖe se si Yehowa de na Mose la nu.
23Yehowa gblɔ na Mose be, 24“Se sia ku ɖe Levi ƒe viwo ŋu. Ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la ava awɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti dɔ. 25Ke ne woxɔ ƒe blaatɔ̃ la, woaxɔ dzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔ me, eye womagawɔ dɔ o. 26Woate ŋu akpe ɖe wo nɔviwo ŋu le woƒe dɔwɔwɔwo me le agbadɔ la me, gake woawo ŋutɔ magawɔ dɔ la o. Ekema esiae nye ale si nàde dɔwo asi na Levi ƒe viwoe.”
Você sabia?
O Candelabro de Ouro e a Consagração dos Levitas
- O candelabro do santuário era feito de ouro batido desde a sua base até os seus motivos florais, moldado conforme o padrão mostrado a Moisés. Aarão foi orientado a posicionar as sete lâmpadas para que a luz se projetasse para a frente da estrutura.Fontes: o próprio texto bíblico
- Os levitas foram consagrados para o serviço da Tenda do Encontro em substituição a todos os primogênitos de Israel, dedicados desde o momento em que Deus feriu os primogênitos no Egito. O rito de purificação envolvia aspersão de água, raspar todo o corpo, lavar as vestes e uma apresentação formal perante o Senhor.Fontes: o próprio texto bíblico · Egypt
- O serviço dos levitas no santuário tinha limites de idade bem definidos: os homens iniciavam o trabalho aos vinte e cinco anos e se aposentavam das funções pesadas aos cinquenta. Após essa idade, podiam apenas auxiliar seus irmãos em tarefas complementares na Tenda do Encontro.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 17
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org