Nations Bible

Números 35

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Levi ƒe viwo ƒe duwo

1Esi Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la to, le Moab gbedzi, le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Na Israelviwo natsɔ du tɔxɛ aɖewo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene. 3Woƒe aƒewo anɔ du siawo me, eye anyigba siwo ƒo xlã wo la azu lãnyiƒewo na woƒe nyiwo, alẽwo kple lã bubuawo.

4“Mina woƒe lãnyiƒewo nakeke mita alafa ene blaatɔ̃ tso duawo ƒe gliwo gbɔ do ɖe afi sia afi. 5Ale miadzidze du la ƒe ɣedzeƒe gome wòakeke mita alafa asiekɛ, dziehe gome mita alafa asiekɛ, ɣetoɖoƒe gome mita alafa asiekɛ kple anyiehe gome mita alafa asiekɛ, eye du la nanɔ titina. Esia anye lãnyiƒe na wo anɔ duawo ŋu.

Sitsoƒeduwo

6“Mitsɔ Sitsoƒedu adeawo na Levi ƒe viwo. Ne ame aɖe wu ame le nu maɖowɔ me, eye wòƒu du ge ɖe Sitsoƒedu ade siawo kple du blaene-vɔ-eve bubu me la, anɔ dedie. 7Woatsɔ du blaene-vɔ-enyi siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la ana Levi ƒe viwo. 8Du siawo anɔ anyigba la ƒe akpa vovovowo. To siwo lolo, eye du geɖewo le wo si la, woana duawo Levi ƒe viwo wòasɔ gbɔ, ke to suewo ana du ʋɛ aɖewo Levi ƒe viwo.”

9Yehowa gblɔ na Mose be, 10“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye mieɖo Kanaanyigba dzi la, 11mitia Sitsoƒeduwo da ɖi, ale be ne ame aɖe do hlɔ̃ le nu maɖowɔ me la, wòasi ayi wo dometɔ ɖeka me. 12Du siawo anye xɔnameteƒewo tso ame kuku la ƒe ƒometɔ siwo adi be yewoabia hlɔ̃ la ƒe asi me. Womawu hlɔ̃dola la o va se ɖe esime woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔe be eɖi fɔ. 13Du ade siawo si miena la anye miaƒe Sitsoƒeduwo. 14Mina du etɔ̃ nanɔ Yɔdan ƒe akpa sia, eye etɔ̃ nanɔ Kanaan abe Sitsoƒeduwo ene. 15Du siawo manye sitsoƒewo na Israelviwo ɖeɖe ko o, ke boŋ na amedzrowo kple mɔzɔlawo hã.

16“ ‘Ke ne ame aɖe axlã gakpo aɖe ɖe nɔvia wòaku la, woatsɔe abe hlɔ̃dodo ene, eye woawu hlɔ̃dola la. 17Ne woƒu kpe gã aɖe ame aɖe wòku la, hlɔ̃dodoe; woawu hlɔ̃dola la hã. 18Nenema kee woawɔ ame si atsɔ nu si wowɔ kple ati la aƒo nɔvia wòaku. 19Hlɔ̃biala la nawu hlɔ̃dola la ne edo goe. 20Ale ne ame aɖe le fuléle ta, wòtsɔ nane ƒu nɔvia alo tso mɔ nɛ, 21alo tu kɔe kple dɔmedzoe wòku la, edo hlɔ̃. Hlɔ̃biala nawu hlɔ̃dola la.

22“ ‘Gake ne fuléle mele amea me o, ko kasia wòlɔ ame aɖe ƒu anyi alo da nane tamemaɖomaɖotɔe wòdze ame aɖe, 23alo ne mekpɔe o, eye wòƒu kpe si ate ŋu awui, eye wòku la, ekema zi ale si menye futɔ na amea o, eye meɖo be yeawɔ nuvevie o hafi ta la, 24woadrɔ̃ ʋɔnui, akpɔ be nyadzɔɖeamedzi koe loo alo ɖe yewoaɖe asi le hlɔ̃dola la ŋu na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala mahã. 25Ne wotso nya me be nyadzɔɖeamedzi koe la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo axɔ na hlɔ̃dola la tso hlɔ̃biala la ƒe asi me. Woaɖe mɔ na hlɔ̃dola la wòanɔ Sitsoƒedu la me, eye wòanɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã la naku.

26“ ‘Ne hlɔ̃dola la do go le sitsoƒedu la me, 27eye hlɔ̃biala la kpɔe le du la godo hewui la, ekema hlɔ̃biala la medo hlɔ̃ o, 28elabena ɖe wòle be hlɔ̃dola la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime nunɔlagã la naku hafi. Ke le nunɔlagã la ƒe ku megbe la, hlɔ̃dola la ate ŋu atrɔ ayi wo de.

29“ ‘Esiawoe nye se siwo dzi Israelviwo katã nawɔ tso dzidzime yi dzidzime.

30“ ‘Ele be woawu hlɔ̃dolawo katã, gake ele be ɖasefowo nasɔ gbɔ wu ɖeka. Womawu hlɔ̃dola aɖeke si ŋu ɖasefo ɖeka pɛ ko ɖi ɖase le o.

31“ ‘Ne wodrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe, tso nya me be ewu ame la, ekema ele be woawui kokoko. Womaxe alo axɔ naneke ɖe eƒe agbe ta o.

32“ ‘Nenema ke womaxɔ naneke le hlɔ̃dola si yi sitsoƒedu aɖe me la si, aɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi wo de hafi nunɔlagã la naku o.

33“ ‘Ale womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la o, elabena hlɔ̃dodo gblẽa kɔ ɖo na anyigba la. Gawu la, nu si woate ŋu atsɔ alé avu ɖe hlɔ̃dodo ta koe nye hlɔ̃dola la wuwu. 34Migado ŋunyɔ anyigba si dzi nɔ ge miala la o, elabena nye, Yehowa, mele afi ma nɔ ge.’ ”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Cidades Levíticas e Cidades de Refúgio

  • Ao contrário das outras tribos, os levitas não receberam uma faixa contínua de território. Em vez disso, os israelitas deveriam lhes fornecer quarenta e oito cidades com suas pastagens ao redor, cedidas por cada tribo de acordo com a proporção de sua herança territorial.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Seis das quarenta e oito cidades levíticas foram estabelecidas como cidades de refúgio, sendo três a leste do Jordão e três na terra de Canaã. Esses locais ofereciam proteção legal tanto a israelitas quanto a estrangeiros residentes que cometessem um homicídio involuntário, abrigando-os do vingador de sangue até o julgamento pela comunidade.Fontes: o próprio texto bíblico · Canaan · Jordan
  • A lei distinguia com precisão entre o homicídio doloso e a morte acidental, exigindo o testemunho de mais de uma testemunha para a pena capital. Além disso, proibia-se o pagamento de resgate para livrar um assassino ou para permitir que um homicida involuntário voltasse para casa antes da morte do sumo sacerdote.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jericho · Hoje: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 1
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 1, 10, 14
  • Moab · Hoje: Moab 2 · 31.840, 35.674 · versículo 1
  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículos 10, 14

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.