Nations Bible

Números 34

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Kanaan ƒe liƒowo

1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale:

3“ ‘Miaƒe anyigba la ƒe anyigbeme ƒe liƒo anye Zin gbegbe la, ato Edom ƒe liƒo dzi. Miaƒe anyigba ƒe dzieheliƒo anye Dzeƒu la, 4ato afi ma aɖo ta dziehe, ato Akrabim to dzi mɔ le Zin lɔƒo. Eƒe seƒe le dziehe anye Kades Barnea, afi si wòatso aɖo ta Hazar Adar, ayi Azmon. 5Tso Azmon la, liƒo la azɔ Egipte tɔʋu la ŋu ayi aɖatɔ Dzeƒu la.

6Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo anye Domeƒu la ƒe ƒuta.

7Miaƒe dzigbemeliƒo adze egɔme tso Domeƒu la ŋu, aɖo ta ɣedzeƒe, ayi Hor to la gbɔ. 8Tso Hor to la gbɔ ayi Lebo Hamat, ato Zedad 9kple Zifron, ayi Hazar Enan. Esia anye miaƒe anyieheliƒo la.

10Miaƒe ɣedzeƒeliƒo atso Hazar Enan aɖo ta anyigbeme ayi Sefam 11kple Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Tso afi ma la, aɖiɖi aƒo xlã gbã, aɖo ta anyigbeme gome, atrɔ aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo va se ɖe esime wòaɖo Galilea ƒu la ƒe anyigbeme nu tututu. 12Tso afi ma la, azɔ Yɔdan tɔsisi la ŋu ahawu nu ɖe Dzeƒu la nu.

13Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome, 14elabena Ruben ƒe viwo ƒe to la kple Gad ƒe viwo ƒe to la kple Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã xɔ woƒe domenyinu xoxo. 15To eve kple afã siawo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Yeriko kasa.”

16Yehowa gblɔ na Mose be, 17“Ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama dzi la ƒe ŋkɔwoe nye: nunɔla Eleazar, Yosua, Nun ƒe viŋutsu, 18eye nàtia kplɔla tso to ɖe sia ɖe me.

19“Ame siawoe nye:

“Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me,

20Samuel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me,

21Elidad, Kislon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me,

22Buki, Yogli viŋutsu, tso Dan ƒe to la me,

23Yosef ƒe dzidzimevi siwo anye tatɔwo lae nye esiwo: Haniel, Efɔd ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me,

24Kemuel, Siftan ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me,

25Elizafan, Parnax viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me,

26Paltiel, Azan ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me,

27Ahihud, Selomi ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me,

28Pedahel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.”

29Esiawoe nye ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama ɖe Israelviwo dome dzi la ƒe ŋkɔwo.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Fronteiras e Líderes da Terra Prometida

  • Números 34 detalha as fronteiras geográficas da terra de Canaã, utilizando pontos de referência naturais como o Mar Salgado, o Grande Mar (o Mediterrâneo), um Monte Hor ao norte e o Rio Jordão.Fontes: o próprio texto bíblico · Canaan · Great Sea · Mount Hor
  • Essa divisão territorial destinava-se a nove tribos e meia, pois as tribos de Rúben, Gade e a meia tribo de Manassés já haviam recebido sua herança a leste do Rio Jordão.Fontes: o próprio texto bíblico · Reuben · Gad
  • Para supervisionar a distribuição da terra por sorteio, Deus designou o sumo sacerdote Eleazar e Josué, filho de Num, acompanhados por um líder nomeado de cada uma das tribos restantes, incluindo Calebe por Judá.Fontes: o próprio texto bíblico · Eleazar · Joshua

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículos 2, 29
  • Edom · 30.746, 35.604 · versículo 3
  • Salt Sea · Hoje: Dead Sea · 31.500, 35.500 · versículos 3, 12
  • Zin · Hoje: Zin Desert · 30.971, 35.325 · versículo 3
  • Great Sea · Hoje: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · versículos 5, 6, 7
  • Shepham · Hoje: within 100 km of Hermel · 34.397, 36.387 · versículos 10, 11
  • Sea of Galilee · 32.819, 35.590 · versículo 11
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 12, 15
  • Jericho · Hoje: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 15

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.