Nations Bible

Números 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Vɔsa bubuawo

1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si mele mia nam abe mia de ene dzi, 3eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la, 4ekema ame si le vɔ la sam la atsɔ nuɖuvɔsa si nye wɔ memee kilogram ɖeka, si wobaka kple ami lita ɖeka na Yehowa, 5eye nunovɔsa si nye wain lita ɖeka la akpe ɖe eŋu. Wain hin ɖeka ƒe akpa enelia akpe ɖe alẽvi ɖeka ŋu.

6“ ‘Nenye agboe wotsɔ le vɔ la sam la, woatsɔ wɔ memee kilogram eve si woblu kple ami lita ɖeka kple afã 7kple wain lita ɖeka kple afã la akpe ɖe eŋu abe nunovɔsa ene. Esia anye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea Yehowa ŋu.

8“ ‘Ne ètsɔ nyitsuvi aɖe be yeasa numevɔ, adzɔgbeɖevɔ alo akpedavɔe na Yehowa la, 9ekema nàtsɔ nuɖuvɔsa, wɔ memee lita ade kple afã kple ami lita eve akpe ɖe nyitsuvi la ŋu. 10Nunovɔsa si akpe ɖe eŋu la anye wain lita eve. Woatsɔ dzo asa vɔ sia, eye wòadze Yehowa ŋu. 11Woawɔ nyitsu alo agbo, alẽvi alo gbɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nenema. 12Wɔ nu sia na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ɖe woƒe agbɔsɔsɔ nu.

13“ ‘Dzɔleaƒea ɖe sia ɖe awɔ nu siawo ale, ne etsɔ numevɔsanu aɖe vɛ be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu. 14Hena dzidzime siwo gbɔna la, ɣe sia ɣi si amedzro aɖe alo ame bubu aɖe, si le mia dome ana dzovɔsanu aɖe be wòanye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ na Yehowa la, ele be wòawɔe tututu abe ale si miewɔnɛ ene. 15Se ɖeka mawo ke nanɔ ameha la si na mi kple amedzro siwo le mia dome la siaa elabena miesɔ le Yehowa ƒe ŋkume. Esia nye ɖoɖo mavɔ na dzidzime siwo gbɔna. 16Se kple ɖoɖo mawo ke nakplɔ mi kple amedzro siwo le mia dome.’ ”

17Yehowa gblɔ na Mose be, 18“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miege ɖe anyigba si dzi mele mia kplɔm yi dzi, 19eye mieɖu anyigba ma dzi nuɖuɖu la, mitsɔ eƒe ɖe sa vɔe na Yehowa. 20Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatalĩ, wòanye vɔsa tso miaƒe lu gbãtɔ si tso lugbɔƒe. 21To dzidzime siwo ava me la, ele be miasa vɔ sia na Yehowa tso miaƒe luwɔ gbãtɔwo me.’ ”

Vɔsa ɖe nu vɔ̃ siwo womeɖo hafi wɔ o la ta

22“ ‘Ne miawo alo miaƒe dzidzimeviwo da vo, eye womewɔ se siwo katã Yehowa de na mi le ƒeawo me to Mose dzi la dzi o la, 23Yehowa ƒe se siwo wode na mi to edzi tso gbe si gbe Yehowa de wo, woayi edzi to dzidzime siwo gbɔna me, 24eye menye nu si woɖo wɔ, eye ameha la menya nu tso eŋu o la, ameha blibo la ana nyitsu fɛ̃ aɖe hena numevɔsa hena ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu hekpe ɖe eƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa si woɖo da ɖi kple gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu. 25Nunɔla alé avu ɖe Israelviwo katã nu, eye woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, elabena vodadae, eye woɖɔ vodada sia ɖo to dzovɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me le Yehowa ŋkume. 26Woatsɔ nu vɔ̃ ake ame sia ame; woatsɔe ake amedzro siwo le Israelviwo dome hã, elabena ameha blibo lae da vo, eya ta ameha blibo la akpɔ gome le tsɔtsɔke la me.

27“ ‘Nenye ame ɖekae da vo la, ekema amea ana gbɔ̃nɔe si xɔ ƒe ɖeka la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 28Nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔ eƒe nu vɔ̃ akee. 29Se sia bla mi ame Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome hã.

30“ ‘Ke ne ame aɖe nya nyuie hafi da vo aɖe la, nenye Israelvi alo amedzro hã la, ekema edo vlo Yehowa, eya ta ele be woaɖee ɖa le eƒe amewo dome. 31Esi wòdo vlo Yehowa ƒe sewo abe nu ɖowɔ ene, eye wònya nyuie hafi da le eƒe se dzi la, ele be woawui, eye eƒe nu vɔ̃ anɔ eya ŋutɔ dzi.’ ”

Wowu ame si gblẽ kɔ ɖo na Sabat

32Gbe ɖeka esime Israelviwo nɔ gbedzi la, wolé Israelvi aɖe wònɔ nake fɔm le Dzudzɔgbe la dzi. 33Wokplɔe yi Mose kple Aron kple ameha la ŋkume. 34Wodee mɔ va se ɖe esime woanya nu si Yehowa adi be woawɔ. 35Yehowa gblɔ na Mose be, “Ele be ŋutsu la naku. Ele be ameawo katã naƒu kpee le asaɖa la godo wòaku.” 36Ale wohee yi asaɖa la godo, eye wowui abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.

Dzesiwo le awuwo ŋu

37Yehowa gblɔ na Mose be, 38“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mia kple miaƒe dzidzimeviwo miade gbo miaƒe avɔwo ƒe dzogoewo to, eye ka blɔtɔ nanɔ gbo ɖe sia ɖe ŋu. 39Ne miekpɔ gbo siawo la, ekema miaɖo ŋku se siwo katã Yehowa de na mi la dzi be miawɔ wo dzi, eye miagatsɔ mia ɖokuiwo adzra na ŋutilãmenuwo, miaƒe dzi ƒe nudzodzrowo kple nu siwo miaƒe ŋku kpɔna la o. 40Ekema miaɖo ŋku edzi, awɔ nye sewo katã dzi, eye miakɔ mia ɖokuiwo ŋuti na miaƒe Mawu la. 41Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi do goe tso Egipte be manye miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Ofertas, Obediência e Lembranças

  • Os regulamentos para ofertas de cereais, ofertas de libação e pecados involuntários aplicavam-se igualmente aos israelitas naturais e aos estrangeiros que habitavam entre eles. A lei estabeleceu expressamente um único padrão e estatuto perpétuo para ambos os grupos perante o SENHOR.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A lei fazia uma clara distinção entre pecados cometidos involuntariamente, para os quais havia provisão de expiação sacrificial, e pecados desafiadores. Quem pecasse deliberadamente era considerado como tendo blasfemado contra o SENHOR e desprezado a Sua palavra, sendo cortado do meio do seu povo.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Para ajudar o povo a se lembrar de todos os mandamentos divinos, os israelitas foram instruídos a colocar borlas com um cordão azul nos cantos de suas vestes. Olhar para essas borlas tinha o propósito de impedir que se desviassem seguindo o próprio coração e os próprios olhos.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 41

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.