Números 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Israelviwo ƒe aglãdzedze
1Israelviwo katã de asi avifafa me sesĩe. Wofa avi zã blibo la. 2Israelviwo katã lĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mose kple Aron ŋu, eye ame haho la katã gblɔ na wo be, “Ɖe míeku ɖe Egipte la, anye ne enyo wu alo ɖe gbedzi afi sia la, ne enyo ŋutɔ! 3Nu ka ŋuti Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi be míatsi yi nu? Mía srɔ̃nyɔnuwo kple mía viwo azu nuhaha. Ɖe manyo wu ne míagbugbɔ ayi Egipte oa?” 4Wogblɔ na wo nɔewo be, “Mina míatia kplɔla si akplɔ mí míatrɔ ayi Egipte!”
5Tete Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi ɖe Israelvi siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma la ƒe ŋkume. 6Yosua, Nun ƒe vi kple Kaleb, Yefune ƒe vi, ame siwo nɔ ŋkutsalawo dome, tsa ŋku le anyigba la dzi la, dze woƒe awuwo, 7hegblɔ na Israel ha blibo la be, “Anyigba si dzi míeto hetsa ŋku le la nyo ŋutɔ. 8Nenye be míaƒe nu nyo Yehowa ŋu la, akplɔ mí ayi ɖe anyigba ma dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le, eye wòatsɔe ana mí. 9Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.”
10Ke ameha blibo la ƒo nu tso kpeƒuƒu wo ŋu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze le agbadɔ la gbɔ na Israelviwo katã. 11Yehowa gblɔ na Mose be, “Va se ɖe ɣe ka ɣie ame siawo ado vlom? Va se ɖe ɣe ka ɣie woagbe be yewomaxɔ dzinye ase o le dzesi wɔnuku siwo mewɔ la katã megbe? 12Womaganye nye domenyilawo o. Matsrɔ̃ wo kple dɔvɔ̃. Mana dukɔ si alolo sãa, eye wòasẽ ŋu sãa wu Israel la nado tso mewò!”
13Mose ƒo koko na Yehowa be, “Ke nu ka Egiptetɔwo abu ne wose nya sia? Wonya ŋusẽ si nèɖe fia le wò amewo ɖeɖe me la nyuie. 14Wogblɔ nya sia na anyigba sia dzi nɔlawo, eye wonya nyuie be, wò Yehowa nèle Israel dzi, eye nèƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume. Wokpɔa lilikpo dodo la kple dzo bibi la wonɔa mía tame. Wonya be èkplɔa mí, eye nèkpɔa mía ta le ŋkeke me kple zã me siaa. 15Azɔ ne èwu wò amewo la, dukɔ siwo se nu tso wò ŋkɔxɔxɔ ŋu la agblɔ be, 16‘Enɔ na Yehowa be wòawu wo, elabena mete ŋu kpɔ wo ta le gbedzi o. Ŋusẽ menɔ eŋu be wòate ŋu akplɔ wo ayi anyigba si wòka atam be yeatsɔ ana wo la dzi o.’
17“Azɔ la, wòaɖe Yehowa ƒe ŋusẽ afia abe ale si nèɖe gbeƒãe ene: 18‘Yehowa le blewu le dɔmedzoedodo me, eƒe amenuveve sɔ gbɔ, eye wòtsɔa nu vɔ̃ kple aglãdzedze kena. Ke megbea tohehe na fɔɖilawo o. Ehea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.’ 19O! Meɖe kuku na wò, tsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo le wò lɔlɔ̃ triakɔ si metrɔna o la ta, abe ale si nètsɔ nu vɔ̃wo ke wo ɣe sia ɣi tso esime míedzo le Egipte va se ɖe fifia ene.”
20Yehowa ɖo eŋu be, “Metsɔe ke wo abe ale si nèbia ene. 21Gake zi ale si mele agbe, eye zi ale si Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi la, 22nenema tututue wòanye nyateƒe, be ame siwo kpɔ nye ŋutikɔkɔe kple nukunu siwo mewɔ le Egipte kple gbedzi siaa, eye wogbe zi ewo be yewomaka ɖe dzinye o, eye yewomaɖo tom hã o la dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã 23makpɔ anyigba si ŋugbe medo na ame siawo tɔgbuiwo o. 24Ke nye dɔla, Kaleb ya nye ame bubu aɖe kura, eɖo tom ale si dze. Makplɔe ayi anyigba si dzi wòde abe ŋkutsala ene la, eye eƒe dzidzimeviwo akpɔ woƒe gome dedie le eme. 25Azɔ la, esi Israelviwo le vɔvɔ̃m nenema gbegbe na Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le baliawo me ta la, etsɔ la, ele na mi be miagatrɔ ayi gbedzi, aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.”
26Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 27“Va se ɖe ɣe ka ɣie ameha vɔ̃ɖi sia alĩ liʋĩliʋĩ ɖe ŋutinye? Mese Israelvi liʋĩliʋĩlĩla siawo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ. 28Migblɔ na wo be, ‘Yehowa ka atam be yeana nu si vɔ̃m miele la nava mia dzi. 29Mi katã miaku ɖe gbedzi le afi sia! Ame ɖeka pɛ si xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame si lĩ liʋĩliʋĩ le ŋutinye gɔ̃ hã la 30made Ŋugbedodonyigba la dzi o. Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, koe aɖo anyigba la dzi. 31Miegblɔ be yewo viwo ava zu kluviwo na anyigba la dzi tɔwo. Le esia teƒe la, makplɔ mia viwo boŋ woaɖo anyigba la dzi dedie, eye woawo anyi nu si miawo miedo vloe la ƒe dome. 32Ke miawo la, miaku ɖe gbe sia dzi. 33Miatsa tsaglalã le gbedzi abe alẽnyilawo ene ƒe blaene. Ale miaxe fe ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta va se ɖe esime mia dometɔ mamlɛtɔ naku ɖe gbedzi. 34Ƒe blaene, ƒe ɖeka ɖe ŋkeke ɖeka ɖe sia ɖe si mietsa ŋku le anyigba la dzi nu, miakpe fu ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye mianya nu si wònye be miana matrɔ le mia yome.’ 35Nye, Yehowa, meƒo nu, eye mawɔ nu siawo ameha vɔ̃ɖi blibo la, ameha si bla ɖe ŋunye la kokoko. Woƒe nuwuwu aɖo le gbegbe sia dzi; afi siae woaku ɖo.”
36Ale ame siwo Mose ɖo ɖa be woatsa ŋku le anyigba la dzi, eye wogbɔ va na ameha blibo la lĩ liʋĩliʋĩ ɖe eŋu to nutsotso vɔ̃ nana tso anyigba la ŋuti me 37la, ame siwo na nutsotso vɔ̃ tso anyigba la ŋu la, woƒo wo ƒu anyi, eye woku le dɔvɔ̃ ta le Yehowa ŋkume. 38Yosua kple Yefune ƒe vi Kaleb koe susɔ le ŋkutsalawo dome.
39Esi Mose gblɔ nya siwo Yehowa gblɔ nɛ la na Israelviwo la, nuxaxa gã aɖe ge ɖe asaɖa blibo la me. 40Wofɔ ŋdi kanya, eye wodze mɔ ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Ameawo gblɔ be, “Míedze sii be míewɔ nu vɔ̃, ke míele klalo azɔ be, míayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na mí la dzi!”
41Ke Mose gblɔ be, “Nu ka ŋuti miele tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la ŋu? Mele edzi dze ge o! 42Migazɔ ɖe miaƒe ɖoɖowo nu o; ne menye nenema o la, miaƒe futɔwo aɖu mia dzi, elabena Yehowa mele mia yome o. 43Mieɖo ŋku edzi oa? Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo le afi ma eye miatsi yi nu! Miegbugbɔ le Yehowa yome. Azɔ la, eya hã agbugbɔ le mia yome.”
44Ke togbɔ be Yehowa ƒe nubablaɖaka la loo alo Mose medzo le asaɖa la me o hã la, ameawo dze mɔ yi toawo dzi. 45Tete Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le toawo dzi la ɖiɖi ɖe wo dzi, kpe aʋa kpli wo, eye wonya wo ɖo ɖe Horma.

Você sabia?
Rebelião e quarenta anos no deserto
- A punição de quarenta anos de peregrinação pelo deserto correspondeu diretamente aos quarenta dias em que os espias exploraram Canaã, determinando um ano para cada dia de exploração. De todos os adultos de vinte anos para cima daquela geração, apenas Calebe e Josué tiveram permissão para entrar na Terra Prometida por causa de sua fidelidade.Fontes: o próprio texto bíblico · Caleb · Joshua
- Quando os israelitas tentaram um ataque não autorizado contra a região montanhosa após ouvirem sua sentença, avançaram sem Moisés e sem a arca da aliança. Os amalequitas e cananeus os derrotaram, perseguindo-os até Horma, nome associado à consagração para a destruição.Fontes: o próprio texto bíblico · Hormah
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 2, 3, 4, 13, 19, 22
- Way of the Red Sea · Hoje: road between the Dead Sea and the Gulf of Aqaba · 29.727, 34.998 · versículo 25
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org