Nations Bible

Mateus 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?

1Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?”

2Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ, eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume. 3Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, 4eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 5Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ema wòxɔ. 6Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wòano tsi aku boŋ.

Yesu ƒo nu le nuɖiaɖianana ŋu

7“Baba na xexea me le nu siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ la ta! Nu siawo ava eme tsã, gake baba na ame si dzi woato ava la! 8Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lalɛ̃ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. 9Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le eƒe to me ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye nàyi dzomavɔ me.

Lododo le alẽ bubu la ŋuti

10“Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ aɖeke o, elabena woƒe mawudɔlawo le Fofonye ƒe ŋkume le dziƒo ɣe sia ɣi. [ 11Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu la.]

12“Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye ɖeka bu la, aleke wòawɔ? Ɖe magble alẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu la le togbɛwo dzi oa? 13Vavã mele egblɔm na mi bena nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe eŋu tsɔ wu blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo le dedie le aƒe la oa? 14Nenema ke menye Fofonye si le dziƒo ƒe didi be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã nabu o.

Nɔvi si dze agɔ le dziwò

15“Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne nàɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme, eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe. 16Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na wò. 17Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hame la, eye ne hame la tso afia na wò, gake melɔ̃ ɖe edzi o la, mibu eya amea abe trɔ̃subɔla alo nudzɔla ko ene.

18“Nyateƒe, mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.

19“Mele egblɔm na mi hã nyateƒetɔe be ne mi ame eve miewɔ ɖeka le anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la, awɔe na mi. 20Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.”

Lododo le dɔla si metsɔ nu vɔ̃ ke o la ŋuti

21Azɔ Petro te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee? Zi adrea?”

22Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadre teƒe adre.”

23Azɔ Yesu do lo sia be, “Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo la. 24Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka vɛ; ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi. 25Fenyila la mate ŋu axe fe la o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ axe fe lae.

26“Ke dɔla la dze klo ɖe fia la ƒe akɔme ɖe kuku nɛ be, ‘O, Aƒetɔ, meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fe la katã na wò emegbe.’ 27Dɔla la ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be eɖe asi le eŋu, eye wòtsɔ fe si wònyi la hã kee.

28“Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ, eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’

29“Ŋutsu sia hã dze klo ɖe kuku nɛ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie ekema maxe fe la katã na wò.’

30“Gake ŋutsu vɔ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti, eye wòna wolée de mɔ va se ɖe esime wòaxe fe la katã nɛ. 31Ŋutsu nublanuitɔ sia xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ la, eye wòyi ɖagblɔ nya la na fia la.

32“Fia la yɔ ŋutsu vɔ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, ‘Wò, dɔla vɔ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke wò esi neɖe kuku nam. 33Nu ka ta wò hã màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò ene o?’ 34Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie, eye wòna wodee gaxɔ me, afi si fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la, pesewa afã hã masusɔ o.

35“Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzi me o.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Humildade, reconciliação e perdão

  • Os discípulos chegam a Jesus e perguntam quem é o maior no reino dos céus, e ele convida uma criança pequena para ficar em pé no meio deles, dizendo que quem se humilha como essa criança é o maior. Um esquema cronológico data esses ensinos sobre humildade, tentação e reconciliação no ano 29 d.C. e os situa em um único dia.Fontes: o próprio texto bíblico · Teachings on Humility/Temptation/Reconciliation
  • Pedro, que pergunta quantas vezes deve perdoar um irmão que peca contra ele, chamava-se originalmente Simão e tinha sido treinado como pescador em Betsaida, na costa ocidental do mar da Galileia. Ele sugere sete vezes; Jesus responde que não sete vezes, mas setenta e sete vezes, e fala de um rei que perdoa um servo que devia dez mil talentos. Esse servo depois se recusa a perdoar outro servo, companheiro seu, que lhe devia cem denários.Fontes: o próprio texto bíblico · Simon Peter
  • Quando um irmão peca contra você, a orientação é confrontá-lo em particular e, se ele não ouvir, levar mais uma ou duas pessoas, para que todo assunto se estabeleça pelo testemunho de duas ou três testemunhas. Se ele ainda recusar, o caso deve ser levado à igreja e, se não ouvir nem mesmo a igreja, deve ser tratado como um pagão ou um cobrador de impostos.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.