Mateus 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yesu ƒe nɔnɔme trɔ le to la dzi
1Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie. 2Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene. 3Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ, eye wonɔ dze ɖom kplii. 4Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la, na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.”
5Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.”
6Esi gbe la nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo, eye wotsyɔ mo anyi kple vɔvɔ̃. 7Ke Yesu va wo gbɔ, eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo be, “Mitsi tsitre, eye migavɔ̃ o.”
8Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ.
9Esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi.
10Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm godoo be ele be Eliya nagava hafi Kristo la nava ɖo?”
11Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava, aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Kristo la nava. 12Ke mele egblɔm na mi be, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dze sii o, eya ta wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fu le woƒe asimee.”
13Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le.
Gbedada le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu
14Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme gblɔ be, 15“Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia; ele kpeŋuidɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe. Ne kpeŋuidɔ la dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wòdzea dzo alo tsi me. 16Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”
17Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam.” 18Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ɖevi la me ale be eƒe lãme sẽ enumake.
19Esia megbe la, nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o mahã?”
20Yesu ɖo eŋu na wo be, “Elabena xɔse ʋɛ aɖe koe le mia si. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne miaƒe xɔse le sue abe logoku ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho le teƒe sia’, eye wòaho. Naneke wɔwɔ masesẽ na mi o. [ 21Ke miate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o, negbe ɖe miedo gbe ɖa hetsi nu dɔ hafi.]”
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi evelia
22Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo be, “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo, 23woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woafɔe ɖe tsitre.” Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa.
Mawuxɔmenudzɔdzɔ
24Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum la, gbedoxɔmenudzɔlawo va Petro gbɔ, eye wobiae be, “Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔmega oa?”
25Eɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, enanɛ.”
Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simɔn, aleke nèsusu? Ame kawo si anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo alo le ame bubuwo si?”
26Petro ɖo eŋu nɛ be, “Le ame bubuwo si.”
Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Ekema mehiã be dukɔmeviwo naxe adzɔga o.”
27Gake be míagadze agɔ le wo dzi o ta la, yi ɖe ƒuta, eye nàda ƒu. Lã gbãtɔ si nàɖe la, ke eƒe nu me; àkpɔ ga home aɖe si ade nye kple wò ƒe gadzɔdzɔ la nu. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe mawuxɔmenudzɔdzɔ lae.
Você sabia?
A transfiguração e o retorno à Galileia
- Jesus levou Pedro, Tiago e João sozinhos a um alto monte, onde foi transfigurado diante deles. O Dicionário Bíblico de Easton identifica Tiago como filho de Zebedeu, irmão mais velho do apóstolo João e pescador em parceria com Pedro, e registra que os três estiveram presentes na transfiguração. Pedro, também chamado Simão, foi criado à beira do mar da Galileia e treinado como pescador.Fontes: o próprio texto bíblico · James (Son of Zebedee) · Simon Peter
- Moisés e Elias apareceram e conversaram com Jesus. O Dicionário Bíblico de Easton identifica Elias como 'o tesbita', o 'Elias' do Novo Testamento, a figura sobre a qual os discípulos perguntaram ao questionar a afirmação dos escribas de que Elias deveria vir primeiro. Os discípulos entenderam a resposta de Jesus — de que Elias já tinha vindo e não fora reconhecido — como referência a João Batista, cuja missão o dicionário associa à profecia, inclusive a Malaquias 3:1.Fontes: o próprio texto bíblico · Elijah · John the Baptist
- Na Galileia, Jesus disse que o Filho do Homem estava prestes a ser entregue nas mãos dos homens, morto e ressuscitado no terceiro dia. O Dicionário Bíblico de Easton observa que a região era chamada 'Galileia dos gentios' e que Cafarnaum — 'cidade de Naum' — tornou-se a 'sua própria cidade' depois de sua expulsão de Nazaré; ali, os cobradores do imposto de duas dracmas perguntaram a Pedro se o mestre dele pagava esse imposto.Fontes: o próprio texto bíblico · Galilee · Capernaum
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Galilee · 32.760, 35.527 · versículo 22
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org