Nations Bible

Lucas 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yohanes Mawutsidetanamela ƒe mawunyagbɔgblɔ

1Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato nye mɔmefia le Yudea eye Herod nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Iturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum, 2esime Anas kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va na Yohanes, ame si nye Zekaria ƒe vi la le gbedzi. 3Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi, nɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. 4Abe ale si woŋlɔe le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me ene be,

“Ame si le ɣli dom tso gbea dzi ƒe gbee nye esi,

‘Miɖe mɔ na Yehowa be wòazɔ edzi!

Miwɔ eƒe mɔwo dzɔdzɔe.

5Balimewo katã akɔ kpo,

eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi.

Mixe ʋe siwo le baliwo me!

Miwɔ mɔ gɔglɔ̃wo woadzɔ!

Miwɔ mɔ tsakliwo zɔzrɔ̃e.

6Ekema amegbetɔƒomea katã akpɔ ɖeɖe si Mawu ɖo ɖa la.’ ”

7Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu? 8Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham. 9Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fiá atiwo ƒe kewo dzi. Ɛ̃, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.”

10Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Nu ka nèdi tso mía si be míawɔ?”

11Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Ne awu eve le ame aɖe si la, nena ame si ɖeke mele esi o, eye ame si si nuɖuɖu le la newɔ nenema ke.”

12Dugadzɔla siwo nye amebala vɔ̃ɖiwo la gɔ̃ hã va do ɖe egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo. Wobiae be, “Nufiala nu ka míawɔ?”

13Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mito nyateƒe le miaƒe dugadzɔdzɔ me. Mikpɔ nyuie be miagadzɔ ga le ame aɖeke si wu ale si woɖo na mi la o.”

14Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe aleke míawɔ?”

Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o. Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!”

15Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be ava kpuie le ŋkeke mawo me, ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes ye nye Kristo loo alo menye eyae o? 16Yohanes ɖo woƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la, tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, ame si nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be matu eƒe atokotawo nu ka o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. 17Ame si si lugbɔnu le, be wòatsɔ akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.” 18Yohanes xlɔ̃ nu amewo vevie kple nya siawo esime wònɔ nyanyui la gblɔm na wo.

Wode Yohanes Mawutsidetanamela gaxɔ me

19Yohanes he nya ɖe Herod si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒe, elabena exɔ nɔvia srɔ̃ Herodia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu la, 20Herod lé Yohanes hã de gaxɔ me.

Wode mawutsi ta na Yesu

21Gbe ɖeka la, Yesu ŋutɔ hã va ge ɖe ame siwo Yohanes nɔ mawutsi dem ta na la dome. Yohanes de mawutsi ta nɛ, eye esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu, 22eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi ɖe edzi le akpakpa ƒe nɔnɔme me, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.”

Yesu ƒe dzidzimegbalẽ

23Yesu xɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene hafi dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le dutoƒo. Amewo nya Yesu abe Yosef ƒe vi ene.

Yosef fofoe nye Heli, 24Heli fofoe nye Matat,

Matat fofoe nye Levi, Levi fofoe nye Melki,

Melki fofoe nye Yanai, Yanai fofoe nye Yosef,

25Yosef fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Amos,

Amos fofoe nye Nahum, Nahum fofoe nye Esli,

Esli fofoe nye Nagai, 26Nagai fofoe nye Mat,

Mat fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Semein,

Semein fofoe nye Yosek, Yosek fofoe nye Yoda,

Yoda fofoe nye Yoana. 27Yoana fofoe nye Resa,

Resa fofoe nye Zerubabel, Zerubabel fofoe nye Sealtiel,

Sealtiel fofoe nye Neri. 28Neri fofoe nye Melki,

Melki fofoe nye Adi, Adi fofoe nye Kosam,

Kosam fofoe nye Elmadam, Elmadam fofoe nye Er,

29Er fofoe nye Yosua, Yosua fofoe nye Elieza,

Elieza fofoe nye Yorim, Yorim fofoe nye Matat,

Matat fofoe nye Levi, 30Levi fofoe nye Simeon,

Simeon fofoe nye Yuda, Yuda fofoe nye Yosef,

Yosef fofoe nye Yonam, Yonam fofoe nye Eliakim,

31Eliakim fofoe nye Melea, Melea fofoe nye Mena,

Mena fofoe nye Matata, Matata fofoe nye Natan,

Natan fofoe nye David, 32David fofoe nye Yese,

Yese fofoe nye Obed, Obed fofoe nye Boaz,

Boaz fofoe nye Salmon, Salmon fofoe nye Naheson,

33Naheson fofoe nye Aminadab, Aminadab fofoe nye Ram,

Ram fofoe nye Arni, Arni fofoe nye Hezron,

Hezron fofoe nye Perez. Perez fofoe nye Yuda,

34Yuda fofoe nye Yakob, Yakob fofoe nye Isak,

Isak fofoe nye Abraham, Abraham fofoe Tera,

Tera fofoe nye Nahɔ,

35Nahɔ fofoe nye Serug,

Serug fofoe nye Reu, Reu fofoe nye Peleg,

Peleg fofoe nye Eber, Eber fofoe nye Sela,

36Sela fofoe nye Kainan, Kainan fofoe nye Arfaxad,

Arfaxad fofoe nye Sem, Sem fofoe nye Noa,

Noa fofoe nye Lamek, 37Lamek fofoe nye Metusela,

Metusela fofoe nye Enɔk, Enɔk fofoe nye Yared,

Yared fofoe nye Mahalalel, Mahalalel fofoe nye Kenan,

38Kenan fofoe nye Enos, Enos fofoe nye Set,

Set fofoe nye Adam, Adam fofoe nye Mawu.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

João Batista prepara o caminho

  • Lucas situa a pregação de João no décimo quinto ano de Tibério César, enteado de Augusto, que o sucedeu em 14 d.C. e morreu em 37 d.C. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) observa que João iniciou seu ministério público naquele ano e que Pôncio Pilatos, o sexto procurador romano da Judeia, de 26 a 36 d.C., manteve a sede em Cesareia num período que abrangeu os ministérios de João e de Jesus. Herodes Antipas, filho de Herodes, era então tetrarca da Galileia.Fontes: o próprio texto bíblico · Tiberius · Pontius Pilate · Herod Antipas
  • O capítulo situa esses acontecimentos durante o sumo sacerdócio de Anás e de Caifás. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) registra que Anás foi sumo sacerdote de 7 a 14 d.C. e foi deposto pelo procurador romano, e que Caifás, que havia se casado com a filha de Anás, foi elevado a esse cargo em 25 d.C. O mesmo verbete sugere que os judeus ainda podiam considerar Anás o sumo sacerdote legítimo, pois a lei de Moisés mantinha o cargo por toda a vida, e que ele provavelmente servia com Caifás como presidente do Sinédrio ou como adjunto do sumo sacerdote.Fontes: o próprio texto bíblico · Annas
  • João, filho de Zacarias, era de linhagem sacerdotal: o pai era sacerdote da turma de Abias, e a mãe, Isabel, pertencia às filhas de Arão. O Dicionário Bíblico de Easton (1897) observa que a missão de João era objeto de profecia, inclusive a voz que clama no deserto em Isaías, e que seu nascimento ocorreu seis meses antes do de Jesus. Neste capítulo, ele prega um batismo de arrependimento em toda a região ao redor do Jordão, e o tetrarca Herodes depois o prende, após João o repreender por causa de Herodias.Fontes: o próprio texto bíblico · John the Baptist

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Abilene · 33.627, 36.106 · versículo 1
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículos 1, 19
  • Ituraea · 33.400, 35.850 · versículo 1
  • Judea · Hoje: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículo 1
  • Trachonitis · Hoje: Lajat · 32.969, 36.455 · versículo 1
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 3

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.