Nations Bible

Lucas 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yesu dzidzi

1Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒe la me. 2(Esiae nye amexexlẽ gbãtɔ si va eme esi Kirenio nye mɔmefia le Siria le ɣe ma ɣi.) 3Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi ma.

4Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me. 5Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu nɔ eƒo le ɣe ma ɣi me.

6Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, 7ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.

Alẽkplɔlawo kple mawudɔlawo

8Gbe ma gbe la, alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le kɔƒea gbɔ nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm le zã me. 9Kasia mawudɔla aɖe va do ɖe wo dome kpoyii, eye teƒe si wotsi tsitre ɖo la klẽ kple Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, eye wovɔ̃ ŋutɔ, 10gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa!

11“Ɛ̃, le nyateƒe me la, wodzi ɖela si nye Kristo, Aƒetɔ la na mí egbea le David ƒe du la me. 12Ale esia anye dzesi na mi be miakpɔ ɖevi aɖe si woxatsa abadzivɔ ɖe eŋu, eye wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me.”

13Kasia dziƒoʋakɔ gã aɖewo va kpe ɖe mawudɔla ɖeka ma ŋu, eye wonɔ Mawu kafum le gbɔgblɔm be,

14“Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi,

eye ŋutifafa ava anyigba dzi;

anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”

15Esi mawudɔlawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be, “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu gã si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa.”

16Alẽkplɔlawo ɖe abla yi kɔƒea me eye woyi afi si Yosef kple Maria nɔ. Wokpɔ vidzĩ la hã, wokɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me vavã. 17Esi Alẽkplɔlawo kpɔe la, wogblɔ nu siwo katã dzɔ la kple nya siwo katã mawudɔla la gblɔ na wo le ɖevi la ŋu la na ame sia ame. 18Woƒe nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ. 19Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe dzi me, eye wòbua wo ŋu zi geɖe.

20Ale alẽkplɔlawo gatrɔ yi woƒe alẽwo gbɔ le gbea dzi, eye wokafu Mawu, be mawudɔlawo va kpɔ yewo ɖa, eye gawu la, wokpɔ vidzĩ la, abe ale si wògblɔ na wo la ene.

Wokɔ Yesu, ɖevi la yi gbedoxɔ me

21Esi vidzĩ la xɔ ŋkeke enyi la, wowɔ aʋatsotsokɔnu nɛ, eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã.

22Ke esi wowu ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe seawo nu la, Yosef kple Maria kɔ vidzĩ la yi gbedoxɔ me le Yerusalem be woakɔe aɖo Mawu ƒe ŋkume 23(elabena woŋlɔe ɖe Aƒetɔ la ƒe seawo me be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la”). 24Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana abe ale si Mawu ƒe se la gblɔ ene be, ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve.

25Ke ŋutsu aɖe le Yerusalem si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ, enɔ Israel ƒe akɔfafa lalam eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le eya amea dzi. 26Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo. 27Gbɔgbɔ la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu, ɖevi la aɖo Mawu ŋkume le se la ƒe kɔa nu la, 28Simeon nɔ afi ma xoxo, eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be,

29“Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, azɔ àte ŋu ado mɔ wò dɔla le ŋutifafa me,

elabena mekpɔe abe ale si nèdo ŋugbee nam la ene.

30Elabena nye ŋkuwo kpɔ wò ɖeɖe,

31si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ƒe ŋkume.

32Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o,

eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”

33Maria kple Yosef ƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nya siwo katã gblɔm Simeon nɔ le Yesu ŋu ta. 34Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene, 35ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke wò la, yi aƒo ɖe wò luʋɔ le eta.”

36Nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Exɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbime, 37eye wònye ahosi si xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii.

38Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo, eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Kristo la na ame siwo katã nɔ mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la.

Yesu dzilawo kɔ Yesu yi Nazaret

39Esi Yosef kple Maria wu nu siwo katã wòle be woawɔ le Yerusalem abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene nu la, wotrɔ va aƒe le Nazaret si le Galilea. 40Ɖevi la tsi le afi sia le nunya, ŋusẽ kple sidzedze me. Ame sia ame nya be eƒe nunya kɔ sãa, eye Mawu kɔ eƒe yayra ɖe edzi fũu.

Yesu, ɖevi la le gbedoxɔ me

41Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. 42Esi Yesu xɔ ƒe wuieve la, woyi ŋkeke la ɖuƒe le kɔnyinyi la nu. 43Esi azã la wu enu la, edzilawo dze mɔ trɔ yina Nazaret, gake Yesu ɖevi la tsi Yerusalem. Edzilawo zɔ mɔ ŋkeke ɖeka, gake womedii o, 44elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe. Ke esi fiẽ ɖo, eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome. 45Wodii ʋuu, gake womekpɔe o, ale wotrɔ yi Yerusalem be yewoadii le afi ma.

46Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me le sefialagãwo dome wònɔ biabia sesẽwo me dzrom kpli wo. 47Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta.

48Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.”

49Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?” 50Edzilawo mese nya si wògblɔ na wo la gɔme o.

51Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me. 52Yesu tsi ɖe edzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ me.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O nascimento e os primeiros anos de Jesus

  • Lucas situa o nascimento de Jesus na época de um decreto de César Augusto para que se fizesse um recenseamento de todo o império. Augusto era o cognome do primeiro imperador romano, C. Júlio César Otaviano; o título, que significa “majestade” ou “venerável”, foi dado primeiro pelo senado. Lucas chama esse o primeiro recenseamento feito enquanto Quirino era governador da Síria — Cirênio é a forma grega de Públio Sulpício Quirino.Fontes: o próprio texto bíblico · Augustus · Cyrenius
  • José morava em Nazaré, na Galileia, e de lá subiu à Judeia, a Belém, a cidade de Davi, porque pertencia à casa e à linhagem de Davi. Belém fica na região montanhosa de Judá e era a própria cidade de Davi: Davi, o oitavo e mais novo filho de Jessé, era cidadão de Belém. Maria, prometida em casamento a José e à espera de um filho, viajou com ele para se registrar.Fontes: o próprio texto bíblico · Joseph (Mary's Husband) · Bethlehem · David
  • Quando se completou o tempo da purificação exigido pela Lei de Moisés, os pais levaram o menino a Jerusalém para apresentá-lo ao Senhor, oferecendo um par de rolas ou dois pombinhos. No templo encontraram Simeão e Ana, uma profetisa, filha de Fanuel, da tribo de Aser. Ela tinha sido casada durante sete anos e depois ficou viúva até os oitenta e quatro anos, e nunca deixava o templo, adorando noite e dia, em jejum e oração.Fontes: o próprio texto bíblico · Anna

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Syria · Hoje: Syria 2 · 33.511, 36.306 · versículo 2
  • Bethlehem · 31.704, 35.208 · versículos 4, 11, 15
  • Galilee · 32.760, 35.527 · versículos 4, 39
  • Judea · Hoje: Judea 1 · 31.777, 35.234 · versículo 4
  • Nazareth · 32.702, 35.298 · versículos 4, 39, 43, 51
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 22, 25, 38, 41, 42, 43, 45

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.