Lucas 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yesu da gbe le ŋutsu tete aɖe ŋu le Sabat dzi
1Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. 2Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tetedɔ lém la dze ŋgɔe.
3Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkekea dzia?”
4Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu, eye wòda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo.
5Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, “Mia dometɔ kae mewɔa dɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o. Nenye be via alo eƒe nyi ge dze do me le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi ɖe, meɖenɛ enumake oa?”
6Ameawo mete ŋu ɖo biabia sia hã ŋu nɛ o.
Aɖaŋuɖoɖo na ame kpekpewo kple amekpelawo
7Yesu kpɔ be ame siwo katã wokpe be woava ɖu nua la tia kplɔ̃a ta. Le esia ta edo lo na wo gblɔ be, 8“Nenye be wokpe wò ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli be yeanɔ kplɔ̃ ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu wò la va la, 9ne edzɔ nenema la, ame si kpe wò la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na wò be, ‘Tso nàtsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Esia ana be ŋu akpe wò, eye nàyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi.
10“Nu si boŋ wòle be nàwɔe nye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye ne ame si kpe wò la ŋutɔ kpɔ wò la, ava gblɔ na wò be, ‘Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na wò!’ Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume. 11Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”
12Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo kplɔ̃ la, mègakpe xɔ̃wòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe. 13Boŋ la, kpe ame dahewo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo. 14Ekema le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsiŋkekea dzi la, Mawu ŋutɔ axe fe na wò be èwɔ dɔmenyo na ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na wò o.”
Lododo le kplɔ̃ɖoɖo gã la ŋuti
15Esi ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siawo la, egblɔ na Yesu be, “Woayra ame siwo aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!”
16Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo. 17Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ.
18“Gake ame sia ame de asi taflatsedodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatse be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme, eya ta yemate ŋu ava o.
19“Bubu hã do taflatse be yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le yeƒe agble me, eya ta yeyina wo do ge akpɔ.
20“Ame bubu hã gado taflatse be nyitsɔ laa ko yeɖe srɔ̃, eya ta yemate ŋu agblẽ nyɔnu la ɖi ava o.
21“Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔ me ve aƒetɔa ŋutɔ, eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui.
22“Togbɔ be dɔla la wɔ esia hã la, egblɔ be, ‘Aƒetɔ wowɔ se si nède la dzi, gake nɔƒe gali.’
23“Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, ‘Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nàƒoe ɖe ame siwo katã nàkpɔ la nu be woava, be aƒea me nayɔ. 24Elabena mele egblɔm na mi be ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.’ ”
Nugbegbe le ame ɖokui gbɔ si hiã le Yesu yomedzedze me
25Ame geɖe ŋutɔ nɔ Yesu yome nɔ yiyim. Ale wòtrɔ ɖe wo ŋu hegblɔ na wo be. 26“Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã. Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. 27Ame si matsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo o la mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
28“Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu, eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã? 29Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe gɔmeɖokpewo anyi, eye mete ŋu tui wu enu o la, ame siwo katã kpɔe la ade asi fewuɖuɖu le eŋu me. 30Woaɖu fewu hã le eŋu be, ‘Mikpɔ ame ma ɖa! Eyae dze xɔ ma tutu gɔme, gake mete ŋu wu enu hafi ga vɔ le esi o.’
31“Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa, ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu, akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo tɔ akpe blaeve dzi hã o? 32Nenye be wòkpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be yeawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ. 33Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o, negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu, eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi!
Dze si bu eƒe vivi
34“Dze la, nu vevi ye, ke ne dze bu eƒe vivi la, ŋudɔwɔnu kae wòganye? 35Menyo na anyigba alo na aɖukpo dzi hã o; ɖeko woatsɔe aƒu gbe.
“Ame si to senu li na la nesee.”

Você sabia?
Cura no sábado, banquetes e o custo do discipulado
- Um registro de acontecimentos intitula este episódio “Ensino e cura, da Pereia a Jerusalém”, com início em 30 d.C. e duração de um dia. O capítulo começa numa refeição de sábado e, mais adiante, mostra grandes multidões viajando com Jesus, enquanto ele fala de carregar a cruz, calcular o custo e renunciar a tudo para ser seu discípulo.Fontes: Teaching and Healing in Perea to Jerusalem · o próprio texto bíblico
- Num sábado, Jesus foi comer na casa de um dos principais fariseus, enquanto os presentes o observavam de perto. Bem diante dele havia um homem com hidropisia; Jesus perguntou aos peritos na lei e aos fariseus se era lícito curar no sábado e, como eles ficaram em silêncio, curou o homem e comparou o ato a tirar um filho ou um boi de um poço naquele mesmo dia.Fontes: o próprio texto bíblico
- Ao notar que os convidados escolhiam os lugares de honra, Jesus contou uma parábola sobre os assentos num banquete de casamento e exortou o anfitrião a convidar os pobres, os aleijados, os coxos e os cegos, que não poderiam retribuir. Quando alguém ali declarou bem-aventurados os que comeriam no banquete do reino de Deus, Jesus descreveu um grande banquete cujos convidados se escusaram — um para ver um campo, outro para experimentar cinco juntas de bois e outro porque tinha casado —, e o dono enviou o servo às ruas e aos becos e depois às estradas e às sebes.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org