Lucas 13
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Trɔ dzi me alo nàtsrɔ̃
1Le ɣe ma ɣi me la, ame aɖewo ka ale si Pilato na be wowu Galileatɔwo hetɔtɔ woƒe ʋu kple woƒe numemewo la ta nɛ.
2Yesu trɔ bia ameawo be, “Ɖe miebu be ame siwo wowu la ƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ wu Galileatɔ bubuwo tɔ tae wowu wo ɖoa? 3Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo hã minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.
4“Aleke miebu tso ame wuienyi siwo dzi Siloam gbetakpɔxɔ la mu dze woku la ŋu? Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã? 5Gbeɖe, menye woawoe o. Miawo hã miatsrɔ̃ nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.”
Lododo tso gboti matseku la ŋu
6Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, “Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o. 7Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ, gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Lãe ƒu anyi. Nu ka ta magana wòanɔ te? Ele mɔ xem na anyigba la.’
8“Abɔdzikpɔla la ɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ. Matrɔ asi le eŋu nyuie agbugbɔ aɖu ado ɖe ete. 9Nenye be etse ku la, enyo, ke ne metse ku o la, malãe ƒu anyi.’ ”
Yesu da gbe le nyɔnu aɖe ŋu le Sabat dzi
10Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi la, 11ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o.
12Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, “Nyɔnu, èvo tso wò dɔléle la si me!” 13Azɔ eka asi eŋu, eye enumake nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ, eye wòdzɔ ɖe tsitre kã hekafu Mawu.
14Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta, elabena eyɔ dɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ dɔ wò, ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!”
15Aƒetɔ la ɖo eŋu be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe tedziwo alo nyiwo le woƒe kpowo me le Dzudzɔgbe dzi, eye miekplɔa wo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia hã nye dɔwɔwɔ le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. 16Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?”
17Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã, eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu gã siwo katã wòwɔ la ta.
Lododowo le logoku kple amɔʋãtike ŋu
18Azɔ egade asi nufiafia amewo me le mawufiaɖuƒe la ŋuti. Ebia wo be, “Aleke mawufiaɖuƒe la le? Nu ka ŋue miate ŋu atsɔe asɔ ɖo? 19Ele abe atiku sue aɖe si wodo ɖe agble me ene. Atiku sia tsi kabakaba va zu ati kɔkɔ aɖe, eye wòɖe alɔwo fũu, eye xeviwo va wɔ atɔ ɖe alɔawo me.”
20Egabia ake be, “Nu ka ŋu matsɔ mawufiaɖuƒe asɔ ɖo? 21Eɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”
Agbo xaxɛ la
22Azɔ Yesu nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo, ke ekpɔ egbɔ be yenɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu.
23Ame aɖe va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ame ʋɛ aɖewo koe le ɖeɖe kpɔ gea?”
Eɖo eŋu na wo be, 24“Miʋli be miage ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke mele egblɔm be womate ŋui o. 25Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’
“Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’
26“Miawo miaɖo eŋu nɛ be, ‘Mí kpli wò míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo dzi hã kpɔ.’
27“Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be nyemenya mi o. Miate ŋu ava eme o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’
28“Miafa avi aɖu aɖukli le esime miele tsitre ɖe xexe le Abraham, Isak, Yakob kple nyagblɔɖila siwo katã le mawufiaɖuƒea me la kpɔm ɖo ɖa. 29Amewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe ava eye woanɔ kplɔ̃ ŋu le mawufiaɖuƒe la me. 30Mina nya sia nanɔ susu me na mi be ame siwo womebuna ɖe naneke me fifia o la axɔ bubu gã aɖe le dziƒo, eye ame siwo nye ame ŋkutawo le afi sia la, womabu wo ɖe naneke me le afi ma o.”
Yesu xa nu le Yerusalem ŋu
31Le ɣeyiɣi sia me la, Farisitɔ aɖewo va gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeatsi agbe la, ekema dzo le afi sia, elabena Fia Herod le diwòm be yeawu.”
32Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma be manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye dɔ nu, eye maɖo afi si yim mele. 33Ɛ̃, egbea, etsɔ kple ŋkeke si akplɔe ɖo la, mawu nye dɔ nu! Elabena menyo be Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖeke naku ɖe afi aɖeke tsɔ wu Yerusalem o.
34“O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o. 35Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo. Mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o, va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”

Você sabia?
Arrependimento no caminho de Jerusalém
- Pôncio Pilatos foi o sexto procurador romano da Judeia, de 26 a 36 d.C. Sua sede ficava em Cesareia, embora ele subisse com frequência a Jerusalém. Lucas 13 começa com a notícia de que ele havia misturado o sangue de alguns galileus com os sacrifícios deles; Jesus responde que isso não mostra que fossem piores pecadores do que os outros galileus e que, se os ouvintes não se arrependerem, também todos perecerão.Fontes: Pontius Pilate · o próprio texto bíblico
- Jesus pergunta também se os dezoito que morreram quando a torre de Siloé desabou eram mais pecadores do que todos os outros habitantes de Jerusalém, e de novo diz que, se os ouvintes não se arrependerem, também todos perecerão. Siloé, que significa “enviado” ou “envio”, tem sido identificado com o Birket Silwan, no baixo vale do Tiropeão, a sudeste da colina de Sião. A água chega a esse tanque de forma intermitente por um canal subterrâneo sinuoso que vem da Fonte da Virgem, e o Evangelho de João registra que Jesus deu a visão a um cego ali.Fontes: Siloam · o próprio texto bíblico
- Enquanto percorre as cidades e aldeias em direção a Jerusalém, Jesus lamenta a cidade que mata os profetas e apedreja os que lhe são enviados. Ela é descrita como uma cidade de montanha assentada numa fortaleza; seu nome, na forma dual, significa “possessão de paz” ou “fundação de paz”, referindo-se provavelmente a Sião e Moriá, os dois montes sobre os quais foi construída, ou, como alguns supõem, à cidade alta e à cidade baixa. Ele diz que muitas vezes quis reunir os filhos dela como a galinha reúne os pintinhos debaixo das asas, e o Easton's Bible Dictionary (1897) observa que essa ave familiar só é mencionada nesse lamento e em Mateus 23:37.Fontes: o próprio texto bíblico · Jerusalem · Josiah
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Galilee · 32.760, 35.527 · versículos 1, 2
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 4, 22, 33, 34
- Siloam · Hoje: Pool of Siloam · 31.771, 35.235 · versículo 4
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org