Levítico 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Se vovovoawo
1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe.
3“ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.
4“ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
5“ ‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, misae tututu ɖe sea nu ale be mate ŋu axɔe. 6Miɖui le ŋkeke si dzi miesa vɔ la le alo ne ŋu ke. Nu si atsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, woatɔ dzoe, 7elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o. 8Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome.
9“ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o. 10Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
11“ ‘Migafi fi o.
“ ‘Migada alakpa o.
“ ‘Ame aɖeke megaba nɔvia o.
12“ ‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
13“ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o.
“ ‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o.
14“ ‘Migaƒo fi de tekunɔ o, eye migada nu ɖe ŋkuagbãtɔ si va yina la ƒe mɔ me o. Mivɔ̃ miaƒe Mawu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
15“ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi.
16“ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o.
“ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa.
17“ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.
18“ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.
19“ ‘Miwɔ nye seawo dzi.
“ ‘Migana lã nayɔ asi lã ƒomevi bubu o.
“ ‘Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o.
“ ‘Mègado awu si wotɔ kple avɔ si wotsɔ lãfu tsaka ɖeti lɔ̃ la o.
20“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi kosi si menye ablɔɖeme o ŋu, eye wòbia eta na ɖeɖe la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le ʋɔnudrɔ̃ƒe, gake womawu wo o, elabena kosi la menye ablɔɖeme o. 21Ele be ŋutsu la natsɔ eƒe fɔɖivɔsa vɛ na Yehowa le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Nu si wòanae nye agbo. 22Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee.
23“ ‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o. 24Woatsɔ ƒe enelia ƒe kutsetsewo katã ana Yehowa abe eƒe kafukafunu ene. 25Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.
26“ ‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o.
“ ‘Migaka afa alo miawɔ adze o.
27“ ‘Mègalũ wò loglo o, eye mègafɔ wò ge dzi hã o.
28“ ‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa.
29“ ‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi.
30“ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa.
31“ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
32“ ‘Ele be miatsɔ bubu kple sisiɖa si dze la na ame tsitsiwo le Mawuvɔvɔ̃ ta. Nyee nye Yehowa!
33“ ‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o. 34Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu!
35“ ‘Migawɔ dzidzenu mademadewo ŋu dɔ ne miele didime, kpekpeme kple agbɔsɔsɔ dzidzem o. 36Miwɔ nudanu kple nudakpe anukwaretɔwo, nudanu kple nudzidzenu anukwaretɔwo ŋu dɔ. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egipte.
37“ ‘Ele be mialé nye sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, elabena nyee nye Yehowa!’ ”

Você sabia?
Santidade e Vida Comunitária
- Levítico 19 contém o mandamento de amar o próximo como a si mesmo. Essa exigência é estendida explicitamente aos estrangeiros residentes, lembrando aos israelitas que eles próprios foram forasteiros na terra do Egito.Fontes: o próprio texto bíblico
- A lei determinava que os agricultores não ceifassem as extremidades de seus campos nem recolhessem as espigas ou uvas caídas. Esses restos eram reservados especificamente para os pobres e os estrangeiros residentes.Fontes: o próprio texto bíblico
- A santidade estava diretamente ligada à ética prática, proibindo atitudes como amaldiçoar o surdo, colocar tropeço diante do cego, perverter a justiça e reter o salário do diarista até a manhã seguinte.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org