Nations Bible

Levítico 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Gbɔdɔdɔ si ŋu se meɖe mɔ le o

1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. 3Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o. 4Ele be miawɔ nye sewo dzi, eye miakpɔ egbɔ be yewozɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. 5Milé nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, elabena ame si léa wo me ɖe asi la, anɔ agbe ɖe wo nu. Nyee nye Yehowa.

6“ ‘Mia dometɔ aɖeke megadɔ kple eƒe ƒometɔ o, elabena nyee nye Yehowa.

7“ ‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo 8alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o.

9“ ‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o.

10“ ‘Mègade asi wò tɔgbuiyɔvi nyɔnu si nye viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi la ŋu o, elabena woƒe amamae nye wò hã tɔ.

11“ ‘Mègade asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o.

12“ ‘Eye mègade asi fofowò nɔvinyɔnu hã ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple fofowò.

13“ ‘Mègade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple dawò.

14“ ‘Nenema ke, mègade asi fofowò nɔviŋutsu srɔ̃ ŋuti o, ne fofowò nɔviŋutsu ku alo le agbe o.

15“ ‘Mègade asi viwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o.

16“ ‘Megade asi nɔviwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwò ŋutsu ƒe amae.

17“ ‘Mègade asi nyɔnu aɖe kple via nyɔnu alo mamayɔvia ŋu o, elabena nuwɔna ma nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi manyagblɔ aɖe.

18“ ‘Mègaɖe nɔvinyɔnu eve o, ne menye nenema o la, woanɔ ŋui ɖom wo nɔewo. Gake ne srɔ̃wò ku la, àte ŋu aɖe nɔvia nyɔnu faa.

19“ ‘Mègade asi nyɔnu si tsi gbɔto la ŋu o,

20“ ‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o.

21“ ‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa.

22“ ‘Se sesẽ tsi tsitre ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋuti, elabena enye nu vɔ̃ triakɔ le Mawu gbɔ.

23“ ‘Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ adɔ lãnɔ aɖeke gbɔ, eye wòaƒo ɖi eɖokui o. Nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ alɔ̃ lãtsu aɖeke nayɔ asii o. Esia nye ŋukpenanu gã aɖe ŋutɔ.

24“ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to mɔ siawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena nu siawoe dukɔwo bubuwo wɔna. Esi wowɔa nu siawo ta la, manya wo ɖa le anyigba si dzi yim miele la dzi. 25Woƒo ɖi anyigba blibo la kple nuwɔna siawo, eya ta mele to hem na ame siwo le afi ma, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe. 26Ele be miazɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo nu tututu, eye mele be miawɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o. Ele be Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome siaa la nalé se siawo me ɖe asi sesĩe. 27Ɛ̃, ame siwo le anyigba si dzi mele mia kplɔm le yiyim dzi la wɔa nu vɔ̃ siawo madzudzɔmadzudzɔe ale gbegbe be anyigba blibo la gblẽ. 28Migawɔ nu siawo o. Ne miewɔ nu siawo la, anyigba la atu mi aƒu gbe abe ale si wòatu dukɔ siwo le afi ma fifia la aƒu gbe ene.

29“ ‘Ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo dometɔ aɖe la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome. 30Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, migadze kɔnu nyɔŋu siwo wowɔna hafi mieva la yome o, eye migatsɔ wo do gu mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Santidade e Padrões Morais

  • Levítico 18 introduz seus preceitos morais e familiares instruindo os israelitas a não adotarem os costumes do Egito, onde haviam vivido, nem os de Canaã, a terra na qual estavam prestes a entrar.Fontes: o próprio texto bíblico · Canaan · Egypt
  • O capítulo proíbe expressamente a entrega de filhos a Moloque, a divindade nacional dos amonitas cujos rituais incluíam sacrifícios pelo fogo, declarando que tais atos profanam o nome de Deus.Fontes: o próprio texto bíblico · Molech
  • O texto utiliza uma marcante linguagem figurada, advertindo que práticas corruptas contaminam a própria terra e que esta vomitará qualquer um que viole esses estatutos, assim como expulsou seus antigos habitantes.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 3
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 3

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.