Nations Bible

Josué 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Axan ƒe nu vɔ̃

1Ke Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Woda le eƒe se si wòde na wo be woatsrɔ̃ nu sia nu negbe nu siwo woatsɔ ada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la ko dzi. Akan, Karmi ƒe viŋutsu, si nye Zabdi ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ƒe tɔgbuigãe nye Zera tso Yuda ƒe ƒomea me la tsɔ nu siwo woha la ƒe ɖewo na eɖokui. Nu sia na Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu.

2Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 3Ŋkutsalawo trɔ gbɔ va gblɔ na Yosua be, “Ai nye du sue aɖe ko, míaƒe aʋawɔla akpe eve alo akpe etɔ̃ gɔ̃ hã ate ŋu axɔ du la bɔbɔe, eya ta mehiã be mí katã míayi o.”

4Ale woɖo aʋawɔla abe akpe etɔ̃ ene ko ɖa. Ke woɖu Israelviwo dzi bɔbɔe; 5wowu Israelvi abe ame blaetɔ̃ vɔ ade ene le aʋakpekpe la me, eye ame bubu geɖewo ku esime futɔwo nya wo tso Ai va se ɖe kpegbãƒe la. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ lãme na Israelviwo ŋutɔŋutɔ. 6Yosua kple Israel ƒe ametsitsiwo dze woƒe awuwo; wotsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me abe konyifafa ƒe dzesi ene va se ɖe fiẽ.

7Yosua do ɣli na Yehowa be, “Oo, Yehowa, nu ka ta nèkplɔ mí va tso Yɔdan tɔsisi la be Amoritɔwo nawu mí? Nu ka ta míekpɔ ŋudzedze le nu si nɔ mía si la ŋu o? Nu ka ta míetsi tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o? 8Oo, Yehowa, nu ka mawɔ azɔ esi Israel si le eƒe futɔwo nu? 9Ne Kanaantɔwo kple dukɔ bubu siwo le nuto sia me ase nya sia la, woaɖe to ɖe mí, akpe aʋa kpli mí, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ keŋkeŋ. Ekema nya kae adzɔ ɖe bubu kple ŋkɔ gã si le asiwò la dzi?”

10Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsi tsitre! Nu ka ta nèmlɔ anyigba ale? 11Israelviwo wɔ nu vɔ̃, wogbe nubabla si mewɔ kpli wo la dzi wɔwɔ. Wotsɔ nu siwo meɖe gbe be woatsrɔ̃ la dometɔ aɖewo, wofi wo, da alakpa, eye wotsɔ wo ɣla ɖe woƒe nuwo dome. 12Esia ta wole Israelviwo dzi ɖum ɖo, eya ta wò aʋawɔlawo le sisim le woƒe futɔwo nu, elabena fiƒode le wo dzi. Nyemaganɔ mia dome azɔ o, negbe ɖeko miaɖe busunu si le mia dome la ɖa hafi.

13“Tsi tsitre! Gblɔ na ameawo be, ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa ƒe kɔnu, adzra ɖo na etsɔ si gbɔna, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be ame aɖe fi fi, eya ta miate ŋu aɖu miaƒe futɔwo dzi o va se ɖe esime miaɖe nu vɔ̃ sia ƒe busu ɖa le mia dome.

14“ ‘Eya ta le ŋdi la, miava le ɖoɖo nu, to sia to nava, eye Yehowa afia asi to si me fɔɖila sia tso. To ma ƒe hlɔ̃wo ava ɖekaɖeka ekema Yehowa aɖe hlɔ̃ si me fɔɖila la le la afia, eye hlɔ̃ ma hã ƒe ƒomewo ava ɖekaɖeka. Le esia megbe la, ƒome si me fɔɖila la le la me tɔwo ava ɖekaɖeka. 15Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’ ”

Woƒu kpe Axan

16Ale esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua kplɔ Israelviwo ƒe towo va Yehowa ŋkume, eye wòtɔ asi Yuda ƒe to la dzi. 17Yosua kplɔ Yuda ƒe hlɔ̃wo vɛ ɖekaɖeka, eye wòtɔ asi Zera ƒe hlɔ̃ la dzi. Wokplɔ ƒome siwo tso Zera ƒe hlɔ̃ me la va Yehowa ŋkume ɖekaɖekae, eye wòtɔ asi Zabdi ƒe ƒome la dzi. 18Ale mlɔeba la, wokplɔ Zabdi ƒe ŋutsuwo vɛ ɖekaɖeka, eye wokpɔ be fiafitɔ lae nye Akan, Karmi ƒe vi.

19Yosua gblɔ na Akan be, “Vinye, tsɔ bubu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, eye nàʋu nu vɔ̃ me; gblɔ nu si nèwɔ la nam.”

20Akan ɖo eŋu be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu. 21Mekpɔ awu nyui aɖe si woƒle tso Babilonia kple klosaloga home aɖe kpe ɖe sikakɔ aɖe ŋuti. Meɣla wo ɖe to me le nye agbadɔ me; klosalo la le nuawo te.”

22Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woaɖadi nu fifiawo. Woƒu du yi Axan ƒe agbadɔ me, eye wokpɔ nu fifiawo le to me, klosalo la nɔ nu bubuawo te abe ale si Axan gblɔ ene. 23Wolɔ nuawo katã va da ɖe anyigba le Yosua ƒe afɔ nu.

24Yosua kple Israelviwo katã kplɔ Akan, Zera ƒe vi, wotsɔ klosalo la, awu la kple sikakɔ la, eye wokplɔ via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo, eye wokɔ eƒe agbadɔ kple nu sia nu si nɔ esi la yi Axor balime. 25Yosua gblɔ na Axan le afi ma be, “Nu ka ta nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi ɖo? Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e va wò hã dzi azɔ.”

Ale Israelviwo ƒu kpe wo woku, wotɔ dzo wo, 26eye wofɔ kpewo li kɔ ɖe wo dzi. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe. Wogayɔa teƒe la be “Dzɔgbevɔ̃e Ƒe Balime” va se ɖe egbe. Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu tso.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A derrota em Ai e o pecado de Acã

  • Ai era uma cidade real cananeia situada a leste de Betel e perto de Bete-Áven. Após a tomada de Jericó, foi a segunda cidade visada pelos israelitas, embora uma força inicial de cerca de três mil soldados tenha sido inesperadamente derrotada nas encostas fora da cidade.Fontes: Ai · o próprio texto bíblico
  • Para descobrir a razão da derrota de Israel em Ai, Josué reuniu a comunidade em etapas por tribo, clã, família e indivíduo até que Acã, da tribo de Judá, foi escolhido. Acã confessou que havia roubado e escondido ouro, prata e uma capa babilônica que haviam sido consagrados à destruição.Fontes: Achan · o próprio texto bíblico
  • O nome do Vale de Acor significa perturbação ou desgraça, refletindo as palavras de Josué de que Acã havia trazido calamidade sobre Israel. Escritores bíblicos posteriores, incluindo Oseias e Isaías, referiram-se a esse vale simbolicamente como um lugar onde o desastre se transforma em esperança e bênção.Fontes: Achan · Valley of Achor · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jericho · Hoje: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · versículo 2
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 7
  • Shinar · Hoje: Babylonia · 32.543, 44.422 · versículo 21

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.