Josué 6
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Israelviwo xɔ Yeriko
1Wotu Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋgoŋ le vɔvɔ̃ na Israelviwo ta, eye womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòado go alo age ɖe eme o.
2Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi! 3Nu si miawɔe nye, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã Yeriko du la zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade. 4Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum. 5Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me.”
6Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, “Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.” 7Ale wòɖe gbe na ameawo be, “Mizɔ yi ŋgɔ! Mizɔ ƒo xlã du la. Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la nedze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la.”
8Esi Yosua ƒo nu na ameawo vɔ la, nunɔla adre siwo lé kpẽ adre ɖe asi le Yehowa ŋkume la zɔ ɖe ŋgɔgbe henɔ woƒe kpẽawo kum, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la kplɔ wo ɖo. 9Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la dze ŋgɔ na nunɔla siwo nɔ kpeawo kum, eye ame mamlɛawo dze nubablaɖaka la yome. Kpẽawo nɔ ɖiɖim esi wonɔ nu siawo katã wɔm. 10Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Migado aʋaɣli o, migakɔ miaƒe gbewo dzi o, eye migagblɔ nya aɖeke o va se ɖe gbe si gbe magblɔ na mi be mido ɣli, ekema miado ɣli!” 11Ale wòna wokɔ Yehowa ƒe aɖaka la ƒo xlã du la zi ɖeka. Tete ameawo gbugbɔ yi asaɖa la me, eye wotsi afi ma dɔ. 12Yosua fɔ ŋdi kanya, nunɔlaawo kɔ nubablaɖaka la, 13eye nunɔla adre siwo si kpẽawo le la, dze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la, eye wonɔ kpẽawo kum. Aʋawɔla aɖewo dze ŋgɔ na nunɔlaawo, eye mamlɛawo kplɔ nubablaɖaka la ɖo, le esime kpẽawo ganɔ ɖiɖim ko. 14Ale wozɔ ƒo xlã du la zi ɖeka le ŋkeke evelia gbe, eye wogatrɔ yi asaɖa la me. Wowɔ alea ŋkeke ade.
15Le ŋkeke adrelia ƒe fɔŋli la, wogadze mɔ, ke azɔ ya la, womegaƒo xlã du la zi ɖeka ko o, ke boŋ woƒo xlãe zi adre. 16Esi woƒo xlã du la zi adrelia la, nunɔlaawo ku kpẽawo sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe. Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Ɣli neɖi! Yehowa tsɔ du sia na mí!”
17Yosua gblɔ na ameawo do ŋgɔ be, “Miwu ame sia ame negbe Rahab, gbolo la kple ame sia ame si anɔ eƒe aƒe me la ko, elabena exɔ na míaƒe ŋkutsalawo. 18Migaha naneke o, elabena ele be miatsrɔ̃ nu sia nu gbidigbidi. Ne miewɔ alea o la, dzɔgbevɔ̃e ava Israel dukɔ blibo la dzi. 19Ke woƒe klosalo kple sika katã kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ la, woakɔ wo ŋu na Yehowa, eya ta mitsɔ wo va de Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la me.”
20Esi ameawo se kpẽawo ƒe ɖiɖi sesĩe la, wodo ɣli sesĩe abe ale si woate ŋui ene. Tete Yeriko ƒe gliwo mu dze anyi, eye wokaka le wo ŋkume. Israelviwo ge ɖe du la me bibibi to afi sia afi, eye woxɔ du la. 21Wotsrɔ̃ nu sia nu le dua me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo, alẽwo kple tedziwo. Wotsrɔ̃ nu sia nu keŋkeŋkeŋ.
22Yosua gblɔ na ŋkutsala eveawo be, “Miwɔ miaƒe ŋugbedodo dzi. Miyi miaxɔ Rahab, gbolo la kple ame siwo katã le eƒe aƒe me la ɖe agbe.”
23Ŋkutsalawo yi ɖatu Rahab, eye woxɔe ɖe agbe kpe ɖe fofoa, dadaa, nɔviawo kple ame siwo katã nɔ egbɔ la ŋu. Wona ame siawo nɔ Israelviwo ƒe asaɖa la godo. 24Wotɔ dzo du la kple nu siwo katã le eme la negbe klosalo kple sika kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ ko wolɔ yi ɖada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe. 25Ale Yosua na Rahab, gbolo la kple eƒe ƒometɔ siwo nɔ egbɔ le eƒe aƒe me la tsi agbe, eye wotsi Israelviwo dome va se ɖe egbe, elabena Rahab ɣla ŋkutsala eve siwo Yosua ɖo ɖe Yeriko.
26Ɣe ma ɣi la, Yosua ka atam vevi sia be,
“Ame si agbugbɔ Yeriko du sia atso la,
fiƒode sia ava edzi le Yehowa ŋkume.
Atsɔ Via ŋutsu ŋgɔgbetɔ aɖo eƒe gɔmeɖokpewoe,
eye wòatsɔ via ɖevitɔ ƒe agbe atsɔ ade agbowo du la nu.”
27Ale Yehowa nɔ kple Yosua, eye eƒe ŋkɔxɔxɔ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.
Você sabia?
A queda de Jericó
- Situada a cerca de oito quilômetros a oeste do rio Jordão, em meio a um palmeiral, Jericó era a cidade mais importante do vale do Jordão e uma fortaleza estratégica fundamental em Canaã.Fontes: Jericho · o próprio texto bíblico
- Josué ordenou que Raabe e toda a sua família fossem poupadas porque ela havia escondido os dois espias enviados à cidade, passando a residir entre os israelitas.Fontes: Rahab · o próprio texto bíblico
- A marcha ao redor de Jericó seguiu uma ordem específica: homens armados e sete sacerdotes tocando trombetas de chifre de carneiro à frente da arca da aliança rodearam a cidade uma vez por dia durante seis dias e sete vezes no sétimo dia.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org