Nations Bible

João 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Yesue nye wainti vavã la

1“Nyee nye Wainti vavã la, eye Fofonyee nye Agbletɔ la. 2Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu. 3Miawo la, mia ŋu kɔ xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta. 4Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo hã, nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.

5“Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o. 6Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe. 7Ke ne miele menye, eye nye nyawo le mia me la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi. 8Esia hea ŋutikɔkɔe vɛ na Fofonye, nenye be mietse ku geɖe, eye miefia mia ɖokuiwo abe nye nusrɔ̃lawo ene.

9“Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene, eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ la me. 10Ne miewɔa se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene. 11Megblɔ nya siawo na mi be dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me, be miaƒe dzidzɔ nagbã go. 12Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene. 13Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔvia lae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe exɔlɔ̃wo ta. 14Ne miewɔ ɖe nye sewo dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo. 15Nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke meyɔ mi be xɔ̃nyewo, elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi. 16Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku, kutsetse siwo anɔ anyi ɖaa. Eye Fofo la ana nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la mi. 17Mele se dem na mi be milɔ̃ mia nɔewo.

Xexea me lé fu nusrɔ̃lawo

18“Ne xexe sia me tɔwo lé fu mi la, minyae be wolé fum gbã. 19Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexea me ta la, wolé fu mi. 20Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã. 21Xexe sia me tɔwo ati mia yome, elabena mienye tɔnyewo. Woawɔ esia ɖe mia ŋu, elabena womenya ame si dɔm la o. 22Ɖe nyemeva gblɔ mawunya na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o. 23Ame si lé fum la lé fu Fofonye hã. 24Ɖe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o; wokpɔ nukunu geɖe siawo, gake wolé fu nye kple Fofonye. 25Esia wu nya si wogblɔ le se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’ la nu.

26“Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ va la, aɖi ɖase tso ŋutinye. 27Eye ele be miawo hã miaɖi ɖase le ŋutinye, elabena mienɔ anyi kplim tso gɔmedzedzea me ke.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A videira verdadeira, a amizade e o mundo

  • Neste capítulo, Jesus chama a si mesmo de videira verdadeira e a seu Pai de quem cuida da vinha. Os ramos que não dão fruto são cortados, e os que dão fruto são podados para que se tornem ainda mais frutíferos. Ele diz que nenhum ramo pode dar fruto se não permanecer na videira, e que, separados dele, os ouvintes nada podem fazer.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Jesus diz aos ouvintes que já não os chama de servos, porque o servo não entende o que o seu senhor está fazendo. Ele os chama de amigos, porque lhes deu a conhecer tudo o que aprendeu do Pai. Diz também que não foram eles que o escolheram; foi ele quem os escolheu e os designou para dar fruto que permaneça.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Jesus afirma que o mundo odeia aqueles que ele escolheu do meio do mundo, e que o mundo o odiou primeiro. Ele lembra uma palavra que já havia dito: “Nenhum servo é maior do que o seu senhor”, e diz que esse ódio cumpre o que está escrito na Lei deles: “Odiaram-me sem motivo”. Promete ainda o Advogado, o Espírito da verdade que procede do Pai, o qual dará testemunho a respeito dele.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.