João 14
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Yesu fa akɔ na eƒe nusrɔ̃lawo
1Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi, eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se. 2Fofonye ƒe aƒe me la, xɔ geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. 3Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma. 4Mienya afi si meyina la xoxo, eye mienya mɔ la hã.”
Yesue nye mɔ si yi Fofo La Gbɔ
5Toma gblɔ nɛ be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, mienya afi si nèyina o, aleke wɔ miate ŋu anya mɔ la?”
6Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. 7Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye, eye miekpɔe hã!”
8Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mí ekema míaƒe dzi adze eme.”
9Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame si kpɔm la, Fofo lae nye ema wòkpɔ. Ke nu ka ta miegale didim be, ‘Mafia Fofo la mi ɖo?’ 10Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye. 11Mixɔe se ko be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ esia dzi se o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta. 12Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si xɔ dzinye se la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm la, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe Fofo la gbɔ. 13Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti. 14Ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi.
Yesu do Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋugbe
15“Ne mielɔ̃am la, miawɔ nye sewo dzi. 16Mabia Fofo la, wòaɖo nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi, 17ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexea me mate ŋu axɔ nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la o, elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae, elabena ele mia me, eye wòanɔ anyi kpli mi. 18Nye la, nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ. 19Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexea me tɔwo magakpɔm o, ke miawo ya, miakpɔm. Esi mele agbe ta la, miawo hã mianɔ agbe. 20Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me. 21Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am. Ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.”
22Yuda (menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu), biae be, “Aƒetɔ, nu ka ta wònye mí nusrɔ̃lawo ko nèle ɖokuiwo ɖe ge afia, ke menye xexea me katã o?”
23Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si lɔ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye hã alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ. 24Ame si melɔ̃m o la mawɔ ɖe nye nufiafia dzi o. Nya siwo miese la, menye nye ŋutɔ tɔ o; Fofonye, ame si dɔm la ƒe nyawoe.
25“Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ. 26Ke Nyaxɔɖeakɔla, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Fofo la adɔ ɖo ɖa le nye ŋkɔ me la afia nu geɖewo mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã mefia mi la dzi na mi. 27Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.
28“Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum. 29Megblɔ nya siawo na mi hafi woava dzɔ, ale be ne wova dzɔ la, ne miaxɔ wo dzi ase. 30Nyemagaƒo nu na mi fũu o, elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o, 31gake ele be xexea me nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ.
“Azɔ, miva mídzo.

Você sabia?
Jesus, o Caminho para o Pai
- Tomé, um dos doze, diz a Jesus que os discípulos não sabem para onde ele vai e, por isso, não podem conhecer o caminho. Também era chamado Dídimo, o equivalente grego de seu nome hebraico, que significa "gêmeo". O Easton's Bible Dictionary (1897) observa que o que se conhece dele está registrado no quarto Evangelho, inclusive nesse diálogo.Fontes: o próprio texto bíblico · Thomas
- Filipe, também um dos doze e natural de Betsaida, a cidade de André e Pedro, pede a Jesus que lhes mostre o Pai. Jesus responde que tem estado com eles todo esse tempo e que quem o viu viu o Pai. O Easton's Bible Dictionary (1897) cita esse diálogo entre as passagens que sugerem que Filipe ocupava um lugar de destaque entre os apóstolos.Fontes: o próprio texto bíblico · Phillip the Apostle
- O discípulo que pergunta por que Jesus vai se revelar aos discípulos e não ao mundo é chamado Judas, não o Iscariotes, para distingui-lo de Judas Iscariotes, filho de Simão, homem de Queriot, que traiu Jesus. O Easton's Bible Dictionary (1897) diz que João provavelmente se refere ao mesmo apóstolo chamado Lebeu em Mateus, Tadeu em Marcos e Judas, irmão de Tiago, em Lucas, e o identifica como Judas, autor da epístola.Fontes: o próprio texto bíblico · Lebbaeus Thaddaeus · Judas Iscariot
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org