Nations Bible

Jeremias 35

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Rekabi ƒomea

1Esia nye nya si va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Yehoyakim, Yosia ƒe vi le fia ɖum le Yuda. 2“Yi ɖe Rekabi ƒomea gbɔ, eye nàkpe wo ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔŋuxɔewo dometɔ ɖeka me eye nàku wain na wo woano.”

3Ale meyi be mayɔ Yazania, Yeremia ƒe vi, Habazinia ƒe vi, nɔvia ŋutsuwo kple via ŋutsuwo kple Rekabi ƒomea katã. 4Mekplɔ wo va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee eye míege ɖe Mawu ƒe ame, Igdalia ƒe vi, Hanan ƒe viŋutsuwo ƒe xɔ me enye xɔ si te ɖe dɔdzikpɔlawo ƒe xɔ ŋu eye wòle agbonudzɔla, Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ tame. 5Tete metsɔ goe siwo wain yɔ banaa la kple kpluwo ɖo Rekabi ƒomea ƒe ŋutsuwo kɔme hegblɔ na wo be, “Mino wain.”

6Gake woɖo eŋu nam be, “Míenoa wain o, elabena mía tɔgbuigã, Yonadab, Rekab ƒe vi de se sia na mí be, ‘Miawo ŋutɔwo loo, alo miaƒe dzidzimeviwo mekpɔ mɔ ano wain gbeɖe o. 7Gawu la, miatu xɔwo, aƒã nuku alo ade waingble gbeɖe o; nu siawo ƒe ɖeke mekpɔ mɔ anɔ mia si o, ke boŋ mianɔ avɔgbadɔwo me ɣe sia ɣi. Ekema mianɔ agbe didi le anyigba la dzi, afi si mienye tsatsalawo le.’ 8Míewɔ ɖe nu sia nu si ƒe se mía tɔgbuigã, Yehonadab, Rekab ƒe vi la de na mí la dzi. Míawo ŋutɔ loo alo mía srɔ̃nyɔnuwo, alo mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo meɖɔ wain kpɔ, 9alo tu xɔwo be mianɔ wo me, alo de waingble, agblewo, alo xa nukuwo kpɔ o. 10Agbadɔxɔwo me koe míenɔna eye míewɔ ɖe se siwo katã mía tɔgbuigã, Yonadab de na mí la dzi. 11Gake esi Babilonia fia, Nebukadnezar va dze anyigba sia dzi la, míegblɔ be, ‘Miva míayi ɖe Yerusalem, ne míasi le Babilonia kple Aramea ƒe aʋakɔwo nu.’ Ale míetsi Yerusalem.”

12Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 13“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi nàgblɔ na Yuda ŋutsuwo kple Yerusalem nɔlawo be, ‘Miele nu srɔ̃ ge awɔ ɖe nye nyawo dzi oa?’ Yehowae gblɔe. 14‘Yehonadab, Rekab ƒe vi de se na via ŋutsuwo be womegano wain o, eye wolé eƒe sea me ɖe asi. Va se ɖe egbeŋkekea dzi womenoa wain o, elabena wolé wo tɔgbui ƒe sea me ɖe asi. Gake nye ya meƒo nu na mi edziedzi, ke miegbe toɖoɖom. 15Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo ɖe mi enuenu, wogblɔ na mi be. “Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ne wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo eye migadze mawu tutɔwo yome be miasubɔ wo o. Ekema mianɔ anyigba si metsɔ na mi kple mia fofowo la dzi.” Gake mietsɔ ɖeke le eme alo ɖo tom o. 16Rekab ƒe vi, Yehonadab, ƒe dzidzimeviwo wɔ ɖe se si wo tɔgbui de na wo la dzi, ke dukɔ sia ya meɖo tom o.’

17“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miɖo to! Mahe gbegblẽ si meɖe gbeƒãe la ava Yuda kple ame sia ame si le Yerusalem la dzi. Meƒo nu na wo, gake womeɖo tom o meyɔ wo gake wometɔ o.’ ”

18Ale Yeremia gblɔ na Rekabi ƒomea be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Miewɔ ɖe mia tɔgbui Yehonadab ƒe sedede dzi eye miewɔ ɖe eƒe ɖoɖowo kple nu siwo katã wòɖo anyi na mi la dzi.’ 19Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Yonadab, Rekab ƒe vi magbe ame si asubɔe la kpɔkpɔ gbeɖe o.’ ”

Você sabia?

A Fidelidade dos Recabitas

  • Os recabitas eram um clã nômade cujo antepassado, Jonadabe, filho de Recabe, os havia proibido de beber vinho, construir casas, semear campos ou plantar vinhas, ordenando-lhes que vivessem apenas em tendas. Durante gerações, toda a comunidade guardou fielmente esses preceitos ancestrais.Fontes: o próprio texto bíblico · Jonadab · Rechab
  • Embora comprometidos a viver em tendas no campo, os recabitas haviam se mudado temporariamente para dentro das muralhas de Jerusalém a fim de buscar abrigo quando Nabucodonosor e o exército babilônico invadiram a região.Fontes: o próprio texto bíblico · Jerusalem · Babylon
  • Durante o reinado do rei Jeoaquim, Deus orientou Jeremias a convidar os recabitas para uma sala no templo e oferecer-lhes vinho. A recusa deles em violar a regra de seu antepassado serviu como uma lição prática que contrastava com a persistente desobediência de Judá para com Deus.Fontes: o próprio texto bíblico · Jehoiakim · Jeremiah

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 11
  • Chaldea · 30.962, 46.104 · versículo 11
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 11, 13, 17

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.