Nations Bible

Jeremias 34

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Nuxɔxlɔ̃ Zedekia

1Esime Babilonia fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔwo kple fiaɖuƒe siwo katã le ete la le aʋa wɔm kple Yerusalem kple du siwo katã ƒo xlãe la, nya sia tso Yehowa gbɔ va na Yeremia be, 2“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi ɖe Yuda fia Zedekia gbɔ nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, wòatɔ dzoe. 3Màdo le eƒe asi me o, ke boŋ woalé wò kokoko ade asi nɛ. Àkpɔ Babilonia fia la kple wò ŋutɔ wò ŋkuwo eye aƒo nu kpli wò ŋkume kple ŋkume. Ale woakplɔ wò ayi Babiloniae.

4“ ‘Ke hã la, se Yehowa ƒe ŋugbedodo, O Yuda fia Zedekia. Ale Yehowa gblɔ tso ŋutiwòe nye esi: Màtsi yi nu o, 5ke boŋ àku le ŋutifafa me. Abe ale si amewo do kuteƒedzo na fia siwo do ŋgɔ na wò, ame siwo nye fofowòwo, hetsɔ de bubu wo ŋutii ene la, nenema kee woado dzo atsɔ de bubu ŋutiwòe ahado konyifaɣli be, “Alele, O nye Aƒetɔ!” Nye ŋutɔe do ŋugbe sia, Yehowae gblɔe.’ ”

6Ale Nyagblɔɖila Yeremia yi ɖato nya siawo katã na Yuda fia Zedekia le Yerusalem, 7esime Babilonia fia le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda du siwo gale te nu, abe Lakis kple Azeka ene. Du siawo koe ganye du siwo ŋu gli sesẽwo nɔ le Yuda.

Ablɔɖe na kluviwo

8Gbe tso Yehowa gbɔ va na Yeremia esi fia Zedekia wɔ nubabla kple ame siwo katã nɔ Yerusalem, be woaɖe gbeƒã ablɔɖe na kluviwo vɔ megbe. 9Nya lae nye be ame sia ame nena ablɔɖe eƒe Hebri kluvi siwo nɔ esi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ame aɖeke megawɔ ehavi Hebritɔ aɖeke kluvie o. 10Eya ta dumegãwo katã kple ame siwo ɖo nubabla sia me la lɔ̃ be woaɖe asi le kluviawo ŋu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womaganɔ kluvinyenye me o. Esi wolɔ̃ ta la, wona ablɔɖe kluviawo. 11Gake wotrɔ susu emegbe eye wogana ame siwo ŋu woɖe asi le la gazu kluviwo.

12Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be, 13“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mebla nu kple mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso kluvinyenye me. Megblɔ be, 14‘Le ƒe adrelia me la, mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le nɔvia Hebritɔ si tsɔ eɖokui de awɔba me nɛ la ŋu. Esi wòsubɔ wò ƒe ade vɔ megbe la, ele be nàɖe asi le eŋu wòadzo.’ Gake mia fofowo gbe, womeɖo tom alo de nu eme nam o. 15Nyitsɔ laa mietrɔ dzi me hewɔ nu si nyo la le nye ŋkume. Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe gbeƒã ablɔɖe na ehavi. Kura gɔ̃ hã la, miebla nu le ŋkunye me le Aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me. 16Ke azɔ la miegatrɔ glalã, heƒo ɖi nye ŋkɔ eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gaxɔ ŋutsu kple nyɔnu kluvi siwo miena ablɔɖee be woayi afi si wolɔ̃. Miezi wo dzi be woaganye miaƒe kluviwo.

17“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Mieɖo tom o, miena ablɔɖe hã mia haviwo o. Eya ta azɔ la, meɖe gbeƒã ‘ablɔɖe’ na mi, ‘ablɔɖe’ be miatsi yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame ƒe asi me, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã. 18Ŋutsu siwo tu nye nubabla, eye womewɔ ɖe nu si wobla le ŋkunye me la dzi o la, mawɔ wo abe nyivi si wofe ɖe eve hezɔ to eƒe titina la ene. 19Yuda kple Yerusalem dumegãwo, nunɔlawo kple ame siwo katã le anyigba dzi, ame siwo zɔ to nyivi fefe la titina la, 20makplɔ de asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Woƒe ŋutilã kukua azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo.

21“Matsɔ Yuda fia Zedekia kple eƒe dumegãwo ade asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim, na Babilonia fia ƒe aʋakɔ siwo ʋu dzo le mia gbɔ la. 22Yehowa be yele gbe ɖe ge, eye yeakplɔ wo agbɔe va du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe eye woatɔ dzoe wòabi. Mana be Yuda duwo nazu aƒedo, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ wo me o.”

Você sabia?

A Aliança Quebrada e as Últimas Fortalezas de Judá

  • Enquanto as tropas de Nabucodonosor avançavam contra Jerusalém, Laquis e Azeca eram as únicas outras cidades fortificadas que restavam em Judá. Ambas eram importantes fortalezas defensivas localizadas na Sefelá, a região de colinas baixas a oeste de Judá.Fontes: o próprio texto bíblico · Lachish · Azekah · Nebuchadnezzar
  • O capítulo descreve um antigo ritual de aliança no qual os participantes cortavam um bezerro em duas partes e passavam entre as metades divididas. Essa cerimônia simbolizava que quem violasse o juramento sofreria o mesmo destino do animal sacrificado.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Sob cerco, o rei Zedequias e os líderes de Jerusalém concordaram em libertar seus servos hebreus de acordo com a antiga lei. No entanto, assim que o exército babilônico se retirou temporariamente, os proprietários voltaram atrás em seu juramento e forçaram os libertos a retornar à servidão.Fontes: o próprio texto bíblico · Zedekiah

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Babylon · 32.543, 44.422 · versículos 1, 2, 3, 7, 21
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 6, 7, 8, 19, 21
  • Lachish · Hoje: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · versículo 7
  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 13

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.