Nations Bible

Isaías 30

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Baba na dukɔ kɔlialiatɔ la

1Yehowa be,

“Baba na vi sẽto siwo dea aɖaŋu hewɔa nu

siwo nyemeɖo na wo o.

Woblaa nu nye Gbɔgbɔ manɔmee

eye wolia kɔ nu vɔ̃ ɖe nu vɔ̃ dzi!

2Ame siwo mebia gbem hafi yi Egipte o,

eye wosi Farao tso hebia tso esi be

wòanye woƒe akpoxɔnu ne

woabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔ̃li te.

3Ke Farao ƒe akpoxɔnunyenye

na mi atrɔ zu ŋukpe, eye Egipte ƒe

vɔvɔlitenɔnɔ ahe vlododo vɛ na mi.

4Togbɔ be woƒe amegãwo le keke Zoan,

eye woƒe ame dɔdɔwo ɖo Hanes ke hã la,

5ŋu akpe ame sia ame,

elabena ame si wosi tso la mate ŋu aɖewo o.

Womaxɔ na wo alo ana kpekpeɖeŋu wo o,

negbe ŋukpe kple vlododo ko woakpɔ.”

6Gbedeasi tso gbemelã siwo le gbegbe la ŋuti.

Le anyigba si dzi fukpekpe kple xaxa le,

afi si dzatatsu kple dzatanɔ,

fli kple da toaʋalawo le la,

afi mae ame dɔdɔwo tsɔa woƒe nu

xɔasiwo ɖoa tedziwo dzi

kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo dzi yina

na dukɔ si mele ɖeke me o,

7na Egipte dukɔ si ŋu ŋutete aɖeke mele o.

Eya ta meyɔe be Rahab, Wɔnavɔleŋutɔ.

8Azɔ la, yi nàŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi na wo,

ŋlɔe ɖe agbalẽ me be wòanye ɖaseɖiɖi tegbee

hena ŋkeke siwo gbɔna.

9Ame siawo nye aglãdzelawo, vi alakpatɔwo,

vi siwo mele klalo be yewoaɖo

to Yehowa ƒe nufiamewo o.

10Wogblɔ na nukpɔlawo be,

“Migakpɔ ŋutega azɔ o!”

eye na nyagblɔɖilawo be,

“Migagblɔ gbedeasi si le eteƒe la na mí o.

Migblɔ nya viviwo na mí.

Migblɔ alakpanyawo ɖi.

11Mite ɖa le mɔ sia dzi.

Midzo le teƒe sia, eye midzudzɔ ŋɔdzidodo na mí

kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la!”

12Eya ta ale, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,

“Esi miegbe gbedeasi sia heɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ ŋu,

eye mieku ɖe beble ŋuti ta la,

13miaƒe nu vɔ̃ sia azu abe gli kɔkɔ si fe hele mumum,

eye kasia wòmu zi ɖeka gbloo la ene.

14Afli kakɛkakɛ abe ze si ge hegbã gudugudu la ene.

Afli ale gbegbe be, womakpɔ kakɛ aɖeke si alolo

woatsɔ aɖe dzo le mlekpui me

alo aku tsii le zɔ me o.”

15Ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,

“Dzimetɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo mee miaƒe ɖeɖe le,

eye ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu mee miaƒe ŋusẽ le.

Ke miegbe wo katã.

16Miegblɔ be, ‘Kpao, míado sɔwo asi’,

eya ta miasi!

‘Miegblɔ be miado sɔ ɖeablawo asi adzo.’

Eya ta mia yometilawo hã ado sɔ ɖiduwo akplɔ mi ɖo.

17Ne woƒe ame ɖeka pɛ blu la miaƒe ame akpe ɖeka asi le enu,

eye ne woƒe ame atɔ̃ blu la, mi katã miasi

va se ɖe esime miasusɔ abe aflagati le to tame

kple aflaga le togbɛ dzi ene.”

18Ke hã la, Yehowa le lalam vevie be yeave mia nu;

etso be yeakpɔ nublanui na mi,

elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.

Woayra ame siwo katã kpɔa eƒe asinu.

19O! Mi Zion nɔlawo, ame siwo le Yerusalem, miagafa avi azɔ o. Ave mia nu ne miefa avi be wòakpe ɖe mia ŋu. Ne enya see ko la, aɖo to mi. 20Togbɔ be Aƒetɔ la tsɔ abolo na mi le hiã me, kple tsi na mi le xaxa me hã la, miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ miakpɔ wo kple miaƒe ŋkuwo. 21Mietrɔ ɖe ɖusime o, mietrɔ ɖe miame o, miase nya siawo le miaƒe megbe be, “Esiae nye mɔ la, mizɔ edzi.” 22Ekema miado gu miaƒe legba siwo ŋu wofa klosalo ɖo kple miaƒe aklamakpakpɛ siwo ŋu wofa sika ɖo. Miatsɔ wo aƒu gbe abe gbelégodoe ene ahagblɔ ɖe wo ŋu be, “Mite yi xaa.”

23Adɔ tsidzadza ɖa be wòade tsi nuku siwo mieƒã ɖe agble me. Nuɖuɖu si ado tso miaƒe agble me la anyo, eye wòasɔ gbɔ fũu. Le ŋkeke ma dzi la, wò nyihawo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo. 24Nyitsu kple tedzi siwo nètsɔna ŋlɔa agblee la, aɖu gbe siwo wotsɔ nu tɔxɛwo tsakae, eye wotsɔ sofi kple gaflo dzoboe. 25Le ŋkeke si dzi woawu ame geɖewo la, gbetakpɔxɔ kɔkɔwo amu; tɔʋumetsi asi tso to kɔkɔ ɖe sia ɖe kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. 26Ɣleti aklẽ abe ɣe ene; Ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zi adre, eye wòanɔ abe ŋkeke adre ƒe kekeli ene, ne Yehowa bla abi na eƒe dukɔ la, eye wòwu abi si wòde wo ŋu la na wo.

27Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna ɖa,

eƒe dziku le bibim, eye lilikpo dodo ƒo xlãe.

Elé ŋɔdzi ɖe nu, eye eƒe aɖe nye dzobinu.

28Eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ le sisim

abe tɔʋu si ɖɔ va se ɖe ve ke ene.

Etsraa dukɔwo le gbegblẽ ƒe tsranui me,

eye wòtsɔ numega de nu me

na dukɔwo hekplɔa wo tranae.

29Ekema miadzi ha le zã me

abe ŋkekenyui aɖe ɖum miele ene.

Miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe ale si wònɔna ne

wole dze kum yina ɖe Yehowa ƒe to la dzi

kple Israel ƒe Agakpe la gbɔ ene.

30Yehowa ana be amewo nase eƒe gãnyenye ƒe gbe,

eye wòana woakpɔ eƒe alɔ wòaɖiɖi ɖe anyi

kple dɔmedzoe helĩhelĩ, dzo si biaa nu, ahomya,

tsidzadza sesẽ kple tsikpe.

31Yehowa ƒe gbe akaka Asiria ʋayaʋaya.

Atsɔ eƒe fiatikplɔ axlã ɖe wo, woamu adze anyi.

32Zi ale si Yehowa tsɔ eƒe toheti le Asiria ƒomii la,

zi nenema kee axatsɛwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖim

ne etsɔ eƒe alɔ sesẽ la le aʋa wɔm kplii le aʋagbedzi.

33Wodzra afi si woatɔ dzo Tofet le la da ɖi xoxo.

Wodzrae ɖo ɖi na fia la hã.

Wowɔ eƒe dzoʋe la wògoglo hekeke.

Dzo kple nake bɔ ɖe eme.

Yehowa ƒe Gbɔgbɔ si le sisim

abe aŋɔtɔʋu ene lae atɔ dzoe.

Você sabia?

Uma aliança fútil com o Egito

  • Isaías condenou os líderes de Judá por enviarem embaixadores a cidades egípcias como Zoã (Tânis) e Hanes sem buscar orientação divina. Judá procurava a proteção militar do faraó contra as ameaças assírias, mas o profeta advertiu que essa aliança traria apenas vergonha e desilusão.Fontes: o próprio texto bíblico · Zoan · Hanes · Pharaoh
  • O capítulo destaca a perigosa travessia pelo Neguebe, a região árida ao sul de Judá por onde passava a rota de caravanas rumo ao Egito. Os enviados carregaram jumentos e camelos com tesouros para comprar socorro militar, enfrentando um deserto inóspito por um auxílio que se revelaria completamente inútil.Fontes: o próprio texto bíblico · Negeb

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 2, 3, 6, 7, 16
  • Zoan · Hoje: Tanis · 30.977, 31.880 · versículo 4
  • Negeb · 31.245, 34.841 · versículo 6
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 19, 29
  • Zion · Hoje: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 19
  • Assyria · 36.359, 43.153 · versículo 31
  • Topheth · Hoje: in the Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · versículo 33

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.