Nations Bible

Isaías 29

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Baba na David ƒe du la

1Baba na wò, Ariel, Ariel du gã,

si me David nɔ.

Tsɔ ƒe kpe ɖe ƒe ŋu, eye na wò azãɖuɖuwo

nanɔ edzi yim ɖaa.

2Maƒu kpo ɖe Ariel ŋu, afa konyi, axa nu,

ekema anɔ nam abe vɔsamlekpui si ƒo ʋu la ene.

3Maƒu asaɖa anyi aƒo xlã wò godoo.

Matu gbetakpɔxɔ sesẽwo aƒo xlã wòe,

eye maɖe ʋe ɖe ŋuwò.

4Woaɖiɖi wò ɖe anyi, eye àƒo nu tso anyigba ƒe tume.

Wò nuƒoƒo aɖi hɔlɔhɔlɔ le ke me.

Wò gbe aɖi tso anyigba ƒe tume abe ŋɔli tɔ ene,

eye tso ke me, wò nuƒoƒo aɖi abe dalĩ dom wole ene.

5Wò futɔ gbogboawo anɔ abe kewɔ memi ene,

eye ŋutasẽlawo ƒe ha anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu la ene;

kasia zi ɖeka kpoyi,

6Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,

ava kple dziɖegbe,

anyigbaʋuʋu kple gbeɖiɖi gã aɖe.

Yaƒoƒo sesẽ, ahom kple dzo ƒe aɖe

siwo biaa nu akpe ɖe eŋuti.

7Dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu

va dze eya ŋutɔ kple eƒe mɔ sesẽwo dzi,

eye wòƒu kpo ɖe eŋu la, anɔ abe drɔ̃e

alo ŋutega le zã me ene.

8Abe ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be

yele nu ɖum ene, ke ne enyɔ la, dɔwuame ganɔa anyi,

eye abe ale si ame si wum tsikɔ le la kua drɔ̃e be

yele tsi nom, ke ne enyɔ la, tsikɔ ganɔa ewum vevie ene la,

nenema ke wòanɔ na dukɔwo ƒe

ameha siwo ho aʋa ɖe Zion to la ŋuti.

9Miɖo asi nu, eye newɔ nuku na mi.

Mitre ŋku, eye mizu ŋkugbagbãtɔwo.

Mimu aha, ke menye wain o,

minɔ ya mum, ke menye aha sesẽe o.

10Yehowa na alɔ̃ sesẽ aɖe dze mia dzi.

Eyae tre mi nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuwo,

eye wòtsyɔ nu ta na mi nukpɔlawo.

11Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.” 12Alo ne mietsɔ agbalẽ la na ame si mate ŋu axlẽ nu o hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku xlẽ nu sia nam” la, aɖo eŋu be, “Nyemenya agbalẽxexlẽ o.”

13Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi,

“Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu,

eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye,

ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.

Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo

ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo,

14eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaa

kple nukunuwo ƒe nukunu.

Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi,

eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.”

15Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be

woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa;

ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be,

“Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?”

16Mietrɔ gbo nu sia nu, eye miebu zemela

abe anyi si wòtsɔ le ze mem la ene!

Ɖe ze agblɔ na zemela be.

“Mènya naneke oa?”

17Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la,

ɖe Lebanon mazu anyigba si nyoa nuku,

eye anyigba si nyoa nuku la natrɔ azu ave oa?

18Gbe ma gbe la,

tokunɔwo anɔ abe agbalẽa me nyawo ene,

eye tso blukɔ kple viviti me,

ŋkugbagbãtɔwo akpɔ nu.

19Agava eme be hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu,

eye ame dahewo akpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.

20Ŋutasẽlawo nu ava yi,

fewuɖulawo maganɔ anyi o,

eye woatsrɔ̃ ame siwo katã kpɔa dzidzɔ

le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu,

21ame siwo tsɔa nya dea ame nya me wòzua agɔdzela,

ame si trea mɔ na ametaʋlila le ʋɔnu,

eye wòtsɔa aʋatsoɖaseɖiɖi dea

ame dzɔdzɔe nya mee.

22Eya ta ale Yehowa, ame si ɖe Abraham, gblɔ na Yakob ƒe aƒe lae nye esi,

“Ŋu magakpe Yakob azɔ o.

Woƒe mo magatsi dãa o.

23Ne wokpɔ wo viwo le wo dome;

nye asinudɔwɔwɔwo la,

woalé nye ŋkɔ kɔkɔe la me ɖe asi.

Woade dzesi Yakob ƒe kɔkɔetɔ la ƒe kɔkɔenyenye,

eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la.

24Ame siwo dze aglã le gbɔgbɔ me la,

gɔmesese asu wo si, eye tosẽlawo axɔ nufiafia.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O cerco e a restauração de Ariel

  • O nome Ariel é usado simbolicamente nesta passagem para Jerusalém, a cidade onde o rei Davi outrora acampou. O termo também está associado a uma lareira de altar de holocaustos, retratando a cidade enfrentando um intenso cerco e aflição antes de seu livramento repentino.Fontes: Ariel · David · o próprio texto bíblico
  • Isaías compara a insensibilidade espiritual do povo a um rolo selado que os letrados não conseguem abrir e os iletrados não conseguem ler. Ele condena aqueles que invertem a ordem natural ao agir como se o barro pudesse questionar o oleiro que o moldou.Fontes: o próprio texto bíblico
  • O capítulo promete uma transformação drástica na qual a grande região montanhosa do Líbano se tornará um pomar fértil. Naquele dia, os descendentes de Jacó e Abraão recebem a promessa de entendimento, alegria e justiça, enquanto os cegos veem e os surdos ouvem.Fontes: Lebanon · Abraham · Jacob (Israel) · o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Ariel · Hoje: Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 1, 2, 7
  • City of David · 31.774, 35.236 · versículo 1
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículos 2, 3
  • Mount Zion · 31.772, 35.229 · versículo 8
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 17

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.