Hebreus 9
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Subɔsubɔ le anyigbadzigbadɔ la me
1Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe hã. 2Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe. 3Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia mee, eye woyɔ agbadɔ si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe. 4Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be nubablaɖaka. Wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikazɔ si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Aron ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti. 5Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ nubablaɖaka la tame, eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o.
6Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, nunɔlawo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi, eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ. 7Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta. 8Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko. 9Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o. 10Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.
Kristo ƒe ʋu
11Esi Kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe nunɔlagã ene la, eto agbadɔ si lolo hede blibo wu la me, agbadɔ si wometsɔ asi tui o alo míagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o. 12Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ɔ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí. 13Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la, 14ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.
15Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta.
16Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi, 17elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽ la le agbe o. 18Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋumanɔmee o. 19Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti. 20Tete wògblɔ be, “Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi.” 21Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti. 22Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.
23Eya ta ehiã kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo. 24Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe 25Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si nunɔlagã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o. 26Ne ele alea la, ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esime ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la, eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ sa vɔe me. 27Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la, 28nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.

Você sabia?
O santuário terreno
- Este capítulo descreve o santuário terreno da primeira aliança como um tabernáculo dividido em duas salas. Segundo o Easton's Bible Dictionary (1897), a sala exterior, o Lugar Santo, tinha vinte côvados de comprimento e dez de altura e de largura. Não havia abertura para a luz do dia, de modo que só o candelabro de ouro a iluminava.Fontes: o próprio texto bíblico · Holy Place
- Um véu dos materiais mais custosos e das cores mais brilhantes separava o Lugar Santo do Lugar Santíssimo. Os sacerdotes entravam regularmente na primeira sala para cumprir seus deveres, mas só o sumo sacerdote entrava na sala interior, e apenas uma vez por ano, nunca sem sangue, oferecido por si mesmo e pelos pecados que o povo havia cometido por ignorância.Fontes: Holy Place · o próprio texto bíblico
- Este capítulo coloca o altar de ouro do incenso no Lugar Santíssimo, junto com a arca revestida de ouro, que continha um vaso de ouro com maná, a vara de Arão que floresceu e as tábuas de pedra da aliança. O Easton's Bible Dictionary (1897), por sua vez, situa esse altar no Lugar Santo, com a mesa dos pães da proposição. Arão, cuja vara é mencionada aqui, era o irmão mais velho de Moisés e o filho mais velho de Anrão e Joquebede.Fontes: o próprio texto bíblico · Holy Place · Aaron
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Holy Place · Hoje: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículos 2, 8, 12, 25
- Most Holy Place · Hoje: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículos 3, 7
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org