Nations Bible

Hebreus 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Nubabla yeye la ƒe nunɔlagã

1Nya siwo katã míegblɔ na mi la ƒe taƒonyae nye esi: be nunɔlagã vavã le mía si. Azɔ la, ele dziƒo eye wònɔ anyi ɖe bubuteƒe gãtɔ kekeake, 2eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.

3Esi wònye nunɔlagã ɖe sia ɖe ƒe dɔ be wòasa vɔ, eye wòana nuwo la, ele na Kristo hã be wòana nane. 4Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu nunɔla o elabena nunɔlawo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu. 5Nunɔla siawo subɔna le kɔkɔeƒe la si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔli. Esia tae, esi Mose be yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.” 6Ke nunɔladɔ si wode asi na Yesu la kɔ sãa wu wo tɔ, eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.

7Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbãtɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔlii o. 8Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu, eye wògblɔ be,

“Aƒetɔ la be ŋkeke li gbɔna

esi dzi mabla nu yeye

kple Israel

kple Yuda ƒe aƒewo.

9Manɔ abe nu si mebla

kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu,

kplɔ wo do goe le Egiptenyigba la ene o,

elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o,

eya ta nye hã metrɔ megbe de wo.

Aƒetɔ lae gblɔe.

10Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la,

le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe.

Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me,

eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu.

Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.

11Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu nɔvia ŋutsu agblɔ be,

‘Dze si Aƒetɔ la’ o,

elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi,

va se ɖe tsitsiawo dzi.

12Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo,

eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.”

13Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O verdadeiro tabernáculo e uma nova aliança

  • Hebreus 8 chama de cópia e sombra do que está no céu o lugar em que os sacerdotes servem. Por isso Moisés, quando estava para construir o tabernáculo, foi advertido a fazer tudo segundo o modelo que lhe foi mostrado no monte.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A nova aliança prometida à casa de Israel e à casa de Judá é contrastada com a aliança feita com os pais, quando foram tirados do Egito, a terra do Nilo.Fontes: o próprio texto bíblico · Egypt
  • Ao falar de uma nova aliança, o capítulo diz que a primeira ficou antiquada e que o que é antiquado e envelhecido logo desaparecerá.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículo 9

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.