Nations Bible

Hebreus 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Taƒonyawo kple ŋusẽdoamenyawo

1Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene 2Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me. 3Miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔ me la dzi abe miawo hãe le gaxɔ me kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.

4Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã. 5Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ, eye nu si le mia si la nedze mia ŋu, elabena Mawu gblɔ be,

“Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o,

eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.”

6Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be,

“Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o.

Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”

7Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse. 8Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe, eye nenema kee wòanɔ ɖaa. 9Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o. 10Vɔsamlekpui aɖe le mia si; nunɔla siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o.

11Nunɔlagã la tsɔa lãwo ƒe ʋu yina ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene, gake wotɔa dzo lãwo ŋutɔ le asaɖa la godo. 12Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me. 13Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ, 14elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si lava va.

15Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me. 16Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ be o, eye miama nu kple mia nɔewo, elabena vɔsa siawo tɔgbie dzea Mawu ŋu.

17Miɖo to miaƒe kplɔlawo, eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi, elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo, ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo, eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o. 18Mido gbe ɖa ɖe mía ta ɣe sia ɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, eye míedina be míanɔ agbe bubutɔe ɣe sia ɣi le nu sia nu me. 19Medi vevie be maƒoe ɖe mia nu tɔxɛe be miado gbe ɖa be woaɖe asi le ŋutinye na mi kpuie.

20Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la 21natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

22Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele eƒom ɖe mia nu be mialé to ɖe nye dzideƒonamenyawo ŋu, elabena agbalẽ kpui aɖe koe wònye meŋlɔ na mi.

23Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.

24Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã.

Nɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi.

25Amenuveve nanɔ anyi kple mi katã.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Exortações para a vida em comum

  • O capítulo lembra que o sumo sacerdote leva o sangue de animais ao Lugar Santo como sacrifício pelo pecado, enquanto os corpos são queimados fora do acampamento. Diz que Jesus também sofreu fora da porta da cidade, para santificar o povo com o seu próprio sangue. Os leitores são exortados a ir até ele fora do acampamento, levando a desonra que ele levou, porque aqui não têm uma cidade permanente, mas buscam a cidade que há de vir.Fontes: o próprio texto bíblico
  • O capítulo termina com saudações dos da Itália. O nome Itália foi usado de formas diferentes em períodos distintos; à medida que o poder de Roma avançava, passou a designar todo o país ao sul dos Alpes. No período romano havia contato constante entre a Palestina e a Itália.Fontes: o próprio texto bíblico · Italy
  • O capítulo diz que o irmão Timóteo foi solto e que o autor espera vir com ele, se chegar logo. Uma nota biográfica descreve Timóteo, ou Timotheus — nome que significa honrar a Deus — como um jovem discípulo que acompanhou Paulo em muitas viagens. Sua mãe, Eunice, e sua avó, Loide, eram notáveis pela piedade, e seu pai era grego.Fontes: o próprio texto bíblico · Timotheus

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Holy Place · Hoje: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículo 11
  • Italy · 41.892, 12.485 · versículo 24

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.