Nations Bible

Hebreus 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Mawu hea viawo

1Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesĩe la ɖa, eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple vevidodo. 2Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me, eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime. 3Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo si me ŋu, ale be miagagbɔdzɔ, eye dzi naɖe le mia ƒo o.

4Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ si me la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o. 5Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be,

“Vinye ŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe,

eye dzi megaɖe le ƒowò, ne eka mo na wò o,

6elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo,

eye wòhea to na ame sia ame si wòxɔ abe Via ŋutsu ene.”

7Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? 8Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo. 9Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe! 10Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me. 11Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te.

12Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo. 13Mita mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le nugbegbe le Mawu gbɔ ŋuti

14Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o. 15Mikpɔ egbɔ be Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke nu o, eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o. 16Mikpɔ nyuie be ame aɖeke mezu ahiãwɔla alo anye mawumavɔ̃la abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye kple eŋudomenyinuwo dzra ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ko ta la ene o. 17Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã.

18Menye to si ŋuti womate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ. 19Menye kpẽ ƒe ɖiɖi, gbe si le nu ƒom, ale be ame siwo see la ɖe kuku nɛ be megaƒo nu na yewo azɔ o la gbɔe mieva o; 20elabena womate ŋu awɔ ɖe gbe si woɖe na wo be, “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka asi to la ŋu la, ele be woaƒu kpee wòaku” la dzi o. 21Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃.”

22Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpeakpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me. 23Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ, 24mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avuléla la gbɔ kple ʋuhehlẽ ɖi si ƒo nu nyuie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ.

25Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, aleke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo? 26Le ɣe ma ɣi me la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba, gake azɔ la, edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu, menye anyigba ɖeɖe ko o, ke boŋ dziƒowo hã.” 27Nyakui “ga” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo, ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi.

28Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me, 29elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

A corrida, a disciplina e o monte Sião

  • Hebreus 12 adverte contra ser profano como Esaú, que vendeu a primogenitura por uma única refeição. Esaú, o gêmeo primogênito de Rebeca, era caçador; faminto ao voltar da caça, vendeu esse direito ao irmão Jacó por um cozido de lentilhas vermelhas, e daí também lhe veio o nome Edom, “vermelho”. Depois, diz o capítulo, ele buscou a bênção com lágrimas e foi rejeitado.Fontes: Esau (Edom) · o próprio texto bíblico
  • Hebreus 12 diz que seus leitores chegaram não a um monte que se pode tocar e que arde em fogo, em trevas, escuridão e tempestade — onde até Moisés disse: “Estou tremendo de medo” —, mas ao monte Sião e à Jerusalém celestial, a cidade do Deus vivo. O monte Sião era a colina do sudeste de Jerusalém; Davi a tomou dos jebuseus, construiu ali uma cidadela e um palácio, e ela se tornou a cidade de Davi. O nome Jerusalém é explicado como “posse da paz” ou “fundamento da paz”, e a cidade também era chamada de cidade santa.Fontes: o próprio texto bíblico · Mount Zion · Jerusalem
  • Hebreus 12 fala do “sangue aspergido, que fala uma palavra melhor do que o sangue de Abel”. Abel, o segundo filho de Adão e Eva, foi morto pelo irmão Caim, depois que o Senhor olhou com favor para Abel e para sua oferta, os primogênitos do rebanho, mas não para Caim e sua oferta, os frutos do campo.Fontes: o próprio texto bíblico · Abel

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 22
  • Mount Zion · 31.772, 35.229 · versículo 22

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.