Nations Bible

Ezequiel 44

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Fiaviŋutsu la, Levitɔwo kple nunɔlawo

1Azɔ la, ŋutsu la gbugbɔm va kɔkɔeƒe la ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ. Wotui. 2Yehowa gblɔ nam be, “Ele be agbo sia nanɔ tutu ɣe sia ɣi. Mele be woaʋui o, eye ame aɖeke mato eme age ɖe eme o. Ele be wòanɔ tutu, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eme ge ɖe eme. 3Fiaviŋutsu la ŋutɔ koe nye ame si anɔ agbo la nu be wòaɖu nu le Yehowa ŋkume. Ele nɛ be wòage ɖe eme to akpata la me, eye wòado go to afi ma ke.”

4Tete ŋutsu la kplɔm to anyiehegbo la me yi gbedoxɔ la ŋgɔ. Metsa ŋku, eye mekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye metsyɔ mo anyi.

5Eye Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie, ɖo to nyuie, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si magblɔ na wò tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ɖoɖowo ŋuti kple afi siwo woato ado go le Kɔkɔeƒe la ŋuti. 6Gblɔ na Israel ƒe aƒe dzeaglã la be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Miaƒe ŋukpenanuwɔnawo sɔ gbɔ, O! Israel ƒe aƒe! 7Kpe ɖe miaƒe ŋukpenanuwɔna bubuawo ŋu la, miekplɔ amedzro, ame siwo wometso aʋa na le dzi me alo le ŋutilã me o la, va nye kɔkɔeƒe la, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye gbedoxɔ la le esime miena nuɖuɖum, lãmi kple ʋu, eye mietu nye nubabla la. 8Le esime miawɔ miaƒe dɔdeasiwo le nye nu kɔkɔewo ŋuti la, mietsɔ ame bubuwo be woakpɔ nye kɔkɔeƒe la dzi.’ 9Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Amedzro aɖeke, ame si wometso aʋa na le dzi me kple ŋutilã me o la, mekpɔ mɔ age ɖe nye Kɔkɔeƒe la o, amedzro siwo le Israelviwo dome gɔ̃ hã mekpɔ mɔ o.

10“ ‘Levitɔ siwo de megbe le ŋunye, esime Israel tra mɔ, eye wòdzo le gbɔnye hedze legbawo yome la, axɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenu. 11Woate ŋu asubɔ le nye kɔkɔeƒe la, adzɔ gbedoxɔ la ƒe agbowo ŋu, eye woasubɔ le afi ma; woate ŋu awu numevɔsawo ƒe lãwo kple ameawo tɔwo, woatsi tsitre ɖe ameawo ŋkume, eye woasubɔ wo. 12Ke, le esime wosubɔ ameawo le woƒe legbawo ŋkume, eye wona Israel ƒe aƒe la dze nu vɔ̃ me ta la, meka atam le esime mekɔ asi dzi be woaxɔ woƒe nu vɔ̃ ƒe yomedzenuwo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 13Mele be woate ɖe ŋunye be yewoasubɔm abe nunɔlawo ene alo ate ɖe nye nu kɔkɔewo alo nye vɔsa kɔkɔewo ŋu o. Ele na wo be woatsɔ woƒe ŋukpenanuwɔnawo ƒe ŋukpe. 14Ke matsɔ wo ada ɖe gbedoxɔ la ƒe dɔdeasiwo kple dɔ sia dɔ si woawɔ le eme la nu.

15“ ‘Ke nunɔlaawo, ame siwo nye Levitɔwo kple Zadok ƒe dzidzimeviwo, eye wowɔ woƒe dɔdeasiwo le nye kɔkɔeƒe la kple nuteƒewɔwɔ esime Israelviwo tra mɔ tso gbɔnye la, ate va, eye woasubɔ le nye ŋkume. Woatsi tsitre ɖe nye ŋkume be woasa vɔ kple lãmi kple ʋu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 16Woawo koe age ɖe nye Kɔkɔeƒe la. Woawo koe ate ɖe nye kplɔ̃ la ŋu be woasubɔ le nye ŋkume, eye woawɔ nye dɔdeasi.’

17“ ‘Ne woge ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbowo me la, woado aklalawuwo, womado lãfuwu aɖeke esime wole subɔsubɔdɔ wɔm le xɔxɔnu emetɔ me alo le gbedoxɔ la me o. 18Woabla ta kple tablanu aklalatɔwo, eye woado aklalawutewuiwo ɖe ali. Womado naneke si ana woate fifia o. 19Ne woyi xɔxɔnu egodotɔ, afi si amewo le la, woaɖe awu siwo wodo hesubɔ la da ɖe xɔ kɔkɔeawo me, eye woado woawo ŋutɔ ƒe awuwo ale be womakɔ ameawo ŋu kple woƒe awuwo o.

20“ ‘Womaƒlɔ ta o, eye womana woƒe ɖa nato ʋutuu hã o, ke woafɔ woƒe taɖa dzi. 21Nunɔla aɖeke mano wain ne wòge ɖe xɔxɔnu emetɔ o. 22Womaɖe ahosiwo alo nyɔnu siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ o. Ame siwo woate ŋu aɖe ko la woe nye Israel ɖetugbiwo alo nunɔlawo ƒe ahosiwo. 23Ele na wo be woafia nye amewo vovototo si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, eye woafia ameawo be woanya vovototo si le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome.

24“ ‘Ne dzrenya aɖe dzɔ la, nunɔlaawo awɔ dɔ abe ʋɔnudrɔ̃lawo ene, eye woatso nya me le nye sewo nu. Woalé nye sewo kple ɖoɖowo na ŋkekenyui ɖoɖiwo me ɖe asi, eye woawɔ nye Dzudzɔgbe la kɔkɔe.

25“ ‘Nunɔla aɖeke magblẽ kɔ ɖo na eɖokui to tete ɖe ame kuku aɖeke ŋu me o, ke ne ame kuku la nye fofoa alo dadaa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu srɔ̃manɔsitɔ la, ekema ate ŋu agblẽ kɔ ɖo na eɖokui. 26Ne wokɔ eŋuti la, alala ŋkeke adre. 27Gbe si gbe wòaɖo afɔ kɔkɔeƒe la ƒe xɔxɔnu emetɔ be wòasubɔ le kɔkɔeƒe la la, ele be wòana nu hena nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe eɖokui ta. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.

28“ ‘Nye koe anye domenyinu si anɔ nunɔlawo si. Mele be miana nunɔamesi aɖeke wo le Israel o. Nyee anye woƒe nunɔamesi. 29Woaɖu nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo, eye nu sia nu si le Israel si wotsɔ na Yehowa la, anye wo tɔ. 30Kutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔwo kple miaƒe nunana tɔxɛwo katã anye nunɔlawo tɔ. Ele be miatsɔ miaƒe agblemenuku gbãtɔwo ana wo, ale be yayra nanɔ wò aƒemetɔwo dzi. 31Nunɔlawo maɖu xevi alo lã aɖe si ku loo alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu la o.

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Ordenanças do Santuário e o Sacerdócio

  • O profeta distingue entre os levitas em geral e os sacerdotes descendentes de Zadoque. Porque a linhagem de Zadoque permaneceu fiel quando Israel se desviou, somente eles receberam o privilégio de entrar no santuário interior e ministrar junto ao altar.Fontes: Zadok · o próprio texto bíblico
  • Os sacerdotes que entravam no átrio interior deviam usar roupas e turbantes de puro linho em vez de lã para evitar o suor. Antes de retornar ao átrio exterior entre o povo, eles precisavam trocar de roupa nas câmaras sagradas para não transmitir santidade ao povo por meio de suas vestes consagradas.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A porta exterior oriental do templo ficava permanentemente fechada porque a glória do Deus de Israel havia entrado por ela. Apenas o príncipe tinha permissão para se sentar em seu pórtico para participar de refeições diante do Senhor.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Most Holy Place · Hoje: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículo 13
  • Holy Place · Hoje: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · versículo 27

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.