Nations Bible

Ezequiel 43

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Ŋutikɔkɔe la gbugbɔ va gbedoxɔ la me

1Tete ame la kplɔm va agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la gbɔ, 2eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm. 3Ŋutega si mekpɔ la ɖi ŋutega si mekpɔ esi wòva be yeagbã du la kple ŋutega si mekpɔ le Kebar tɔsisi la to. Tete metsyɔ mo anyi. 4Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ge ɖe gbedoxɔ la me to agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me. 5Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi heyi xɔxɔnu emetɔ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.

6Esime ŋutsu la tsi tsitre ɖe axanye la, mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam tso gbedoxɔ la me. 7Egblɔ nam be, “Ame vi, afi siae nye nye fiazikpui ƒe nɔƒe kple teƒe na nye afɔƒome. Teƒe siae nye afi si manɔ le Israelviwo dome tegbetegbe. Israel ƒe aƒe la magado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe fiawo to woƒe gbolowɔwɔ kple legba siwo me agbe mele o le woƒe nuxeƒewo o. 8Ne wotsɔ woƒe kpuiwo ɖo nye kpui nu, woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo nu, eye gli koe tso nye kpli wo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la to woƒe ŋukpenanuwo wɔwɔ me. Ale metsrɔ̃ wo le nye dɔmedzoe me. 9Azɔ la, na woaɖe woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe legba siwo me agbe mele o la ɖa tso gbɔnye, ekema manɔ wo dome tegbee.

10“Ame vi, ƒo nu tso gbedoxɔ la ŋu na Israelviwo, ale be woƒe nu vɔ̃wo nakpe ŋu na wo. Na woabu ɖoɖo la ŋu, 11eye ne ŋu kpe wo le nu siwo wowɔ ta la, na woanya gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, afi siwo woato age ɖe eme kple afi siwo woato ado go, eƒe nɔnɔme blibo la kple ɖoɖowo katã kple seawo katã. Ŋlɔ nu siawo da ɖi le woƒe ŋkume, ale be woalé woƒe ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi.

12“Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se. Teƒe siwo katã ƒo xlãe le to la dzi la anye teƒe kɔkɔe. Esiae nye gbedoxɔ la ƒe se.”

Vɔsamlekpui la

13“Esiawoe nye vɔsamlekpui la ƒe dzidzeme. Eƒe tsitoƒe de eme mita afã, eye wòkeke mita afã; woɖo to nɛ si kɔ asiƒo afã. Vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme le ale: 14Tso tsitoƒe si le anyigba va se ɖe kɔ etetɔ ŋu le mita ɖeka, eye wòkeke mita afã. Tso kɔ suetɔ gbɔ va se ɖe kɔ gãtɔ gbɔ la kɔ mita eve, eye wòkeke mita afã. 15Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe kɔ mita eve, eye lãdzo eve tso dzodoƒe la ŋu do ɖe yame. 16Vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe sɔ le didime kple kekeme siaa, eye ɖe sia ɖe nye mita ade. 17Kɔ yametɔ hã sɔ le didime kple kekeme me, eye ɖe sia ɖe didi mita adre, woɖo to nɛ ƒo xlã wòkɔ mita afã ƒe afã. Tsitoƒe la de eme mita afã ƒo xlã va kpe. Vɔsamlekpui la ƒe atrakpuiwo dze ŋgɔ ɣedzeƒe.”

18Tete wògblɔ nam be, “Ame vi, nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esiawoe anye ɖoɖowo na numevɔsawo kple ʋuhehlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu ne wotui. 19Ele na wò be nàtsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene na nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo tso Zadok ƒe ƒome me, ame siwo va subɔna le nye ŋkume.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 20Ele na wò be nàku lã la ƒe ʋu aɖe asi ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzo eneawo kple kɔ eneawo ƒe dzogoewo ŋu aƒo xlã kpe ɖo, ale nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu, eye nàlé avu ɖe enu. 21Ele na wò be nàtsɔ nyitsu na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàtɔ dzoe le teƒe si woɖo ɖi nɛ le gbedoxɔ la me le kɔkɔeƒe la godo.

22“Le ŋkeke evelia gbe la, ele be nàna gbɔ̃tsu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye woakɔ vɔsamlekpui la ŋu abe ale si wokɔ eŋui kple nyitsu la ene. 23Ne èwu eŋutikɔkɔ nu vɔ la, ele na wò be nàna nyitsu fɛ̃ aɖe kple agbo aɖe tso lãha la me; kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o. 24Ele na wò be nàna wo le Yehowa ŋkume, eye nunɔlaawo awu dze ɖe wo dzi, eye woatsɔ wo asa numevɔe na Yehowa.

25“Ele na wò be nàna gbɔ̃tsu ɖeka gbe sia gbe, ŋkeke adre hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye nàgana nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo ɖeka tso lãha la me, kpɔtsɔtsɔ manɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o. 26Woawɔ avuléle ɖe vɔsamlekpui la nu ŋkeke adre, wɔakɔ eŋuti, eye woatsɔe ana. 27Le ŋkeke siawo ƒe nuwuwu, tso ŋkeke enyilia gbe yina la, nunɔlaawo awɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo le vɔsamlekpui la dzi. Ekema maxɔ mi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

O Retorno da Glória e o Altar

  • Ezequiel contempla a glória de Deus retornando ao templo pela porta oriental, associando essa manifestação diretamente às visões que tivera junto ao rio Quebar, na Babilônia.Fontes: o próprio texto bíblico · Chebar
  • Os deveres no santuário e a consagração do altar são reservados exclusivamente aos sacerdotes levitas da linhagem de Zadoque, que serviu como sumo sacerdote durante os reinados de Davi e Salomão.Fontes: o próprio texto bíblico · Zadok
  • As medidas do altar são calculadas em côvados longos, equivalentes a um côvado comum somado a quatro dedos. Um ritual de sete dias de purificação e expiação com sangue e sal era exigido antes que as ofertas regulares fossem aceitas a partir do oitavo dia.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · versículo 3

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.