Nations Bible

Deuteronômio 12

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Teƒe ɖeka si ko woasubɔ Mawu le

1“Esiawoe nye se siwo dzi wòle be miawɔ tegbetegbe ne mieva ɖo anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la na mi la dzi.

2“Ele be miagbã trɔ̃wo ƒe vɔsamlekpuiwo le afi sia afi si miakpɔ wo le, le towo dzi loo, le togbɛwo tame loo, alo le ati damawo te. 3Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe legbawo. Mitɔ dzo woƒe aƒeliwo. Mimu woƒe legba siwo wotsɔ ga tu la ƒu anyi. Migagblẽ naneke si aɖo ŋku woƒe trɔ̃wo dzi na mi la ɖi o. 4Miekpɔ mɔ asa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le afi sia afi ko abe ale si trɔ̃subɔlawo sãa vɔe na woƒe mawuwo ene o, 5ke boŋ mitu kɔkɔeƒe aɖe ɖe afi si Yehowa, miaƒe Mawu ŋutɔ afia asii na mi abe eƒe aƒe ene le miawo ŋutɔ mia dome. 6Afi mae miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo, miaƒe nukpɔkpɔ ƒe akpa ewolia, miaƒe vɔsa siwo woatsɔ ana Mawu to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me, miaƒe adzɔgbeɖefewo, lɔlɔ̃nununanawo kple miaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ayi. 7Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta.

8“Azɔ la, migalé miaƒe mɔwo atsɔ abe ale si miele wɔwɔm fifia ene, eye ame sia ame le nu si wòbu be enyo la wɔm o, 9elabena se siawo mebla mi haɖe o va se ɖe esime miaɖo dzudzɔƒe si Yehowa miaƒe Mawu ana mi. 10Ke ne mietso Yɔdan tɔsisi la heɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye Yehowa, miaƒe Mawu na dzudzɔ mi, eye wòna mievo tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me la, 11ekema ele be miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple vɔsa bubuawo katã ayi kɔkɔeƒe la, afi si eya ŋutɔ atia abe eƒe nɔƒe ene. 12Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o.

13“Mele be miasa miaƒe numevɔwo le afi sia afi ko o; 14misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi. 15Aleke wòle hã la, miate ŋu awu lãwo le miaƒe du ɖe sia ɖe me, aɖu lã si sinu mielɔ̃, abe ahlɔ̃e alo zi ene, le yayra si Yehowa, miaƒe Mawu la na mi la nu. Ame siwo ŋuti kɔ kple ame siwo ŋuti mekɔ o la siaa ate ŋu aɖui faa. 16Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene.

17“Migaɖu miaƒe bli, ano wain yeye, alo ami ƒe ewolia o, miaƒe alẽha alo nyiha ƒe ŋgɔgbeviwo kple nu sia nu si mieɖe adzɔgbe be miana, lɔlɔ̃nununana loo alo nunana tɔxɛwo le mia ŋutɔwo ƒe du me o. 18Woatsɔ nu siawo katã va vɔsamlekpui la gbɔ, afi si miawo, mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple Levitɔwo tso miaƒe duwo me, miaɖu wo le, le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume. Yehowa agblɔ afi si vɔsamlekpui la anɔ la na mi. Mitso aseye le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le nu sia nu si miawɔ la me. 19Mikpɔ nyuie be miagaŋlɔ Levitɔwo be o, zi ale si mienɔ miaƒe anyigba dzi.

20“Ne Yehowa, miaƒe Mawu la keke miaƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbee ene la, miate ŋu aɖu lã ɣe sia ɣi si mielɔ̃. 21Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene. 22Ame si ŋuti kɔ kple ame si ŋuti mekɔ o hã ate ŋu aɖu lã ma abe ale si wòaɖu zi alo ahlɔ̃e ƒe lã ene, 23gake migaɖu lã si me ʋu le la o, elabena lã ƒe agbe le eƒe ʋu me, eye mele be miaɖu agbe la kple lã la o. 24Migawɔ lã ƒe ʋu ŋu dɔ abe nuɖuɖu ene o, ke boŋ mitsyɔe ɖe anyigba abe tsi ene. 25Ne miewɔ se sia dzi la, miadze Yehowa ŋu, eye nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa. 26Mitsɔ miaƒe vɔsawo kple nu siwo ŋugbe miedo na Yehowa la yi ɖe Mawusubɔƒe ɖeka ma. 27Mitsɔ vɔsa siwo woame, woafia keŋkeŋ la da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi. Mitsɔ vɔsa siwo ƒe lã miaɖu, eye miakɔ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la dzi la hã yi afi ma ke. 28Miwɔ se siwo katã mede na mi la dzi pɛpɛpɛ anukwaretɔe ekema nu sia nu adze edzi na mi kple miaƒe dzidzimeviwo nyuie tegbetegbe, elabena mianɔ nu si dzɔ, eye wòdzea Yehowa ŋu la wɔm.

29“Yehowa, miaƒe Mawu la atsrɔ̃ dukɔwo ne miege ɖe woƒe anyigbawo dzi. Miaxɔ woƒe anyigba, eye mianɔ edzi. 30Ne Yehowa tsrɔ̃ dukɔ mawo vɔ la, mikpɔ nyuie be miewɔ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kɔnyinyiwo dzi o, elabena wo dzi wɔwɔ ahe ku vɛ na mi. Migadze agbagba be yewoanya ale si wosubɔa woƒe mawuwo, ale be yewo hã yewoasubɔ le mɔ ma dzi o. 31Migasubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la le mɔ si dzi wosubɔa woƒe mawuwo le la o, elabena le woƒe mawusubɔsubɔ me la, wowɔa nu dziŋɔ siwo Yehowa lé fue. Wotsɔa wo viwo gɔ̃ hã sãa vɔe le dzo si le woƒe vɔsamlekpui dzi la me.

32“Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Um único santuário e regras alimentares

  • Ao contrário das nações vizinhas que cultuavam sobre montes altos, colinas e sob árvores verdejantes, Israel recebeu a ordem de levar todos os sacrifícios, votos e dízimos exclusivamente a um único local escolhido por Deus entre as suas tribos.Fontes: o próprio texto bíblico
  • A lei distinguia as ofertas sagradas, que deviam ser consumidas no santuário escolhido, do abate comum de animais para alimentação, permitido nas cidades locais. Contudo, o consumo de sangue era terminantemente proibido porque o sangue representava a vida, devendo ser derramado sobre a terra como água.Fontes: o próprio texto bíblico
  • Israel foi instruído a destruir todos os altares, colunas sagradas e postes de Aserá dos cananeus para evitar o sincretismo. O texto adverte expressamente contra a imitação de rituais pagãos, destacando práticas extremas como o sacrifício de filhos e filhas pelo fogo a divindades estrangeiras.Fontes: o próprio texto bíblico

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículo 10

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.