Nations Bible

Deuteronômio 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.

Milɔ̃ Yehowa eye miaɖo toe

1“Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nàwɔ eƒe sewo katã dzi. 2Miɖo to! Nyemele nu ƒom fifia na mia viwo, ame siwo mekpɔ eƒe tohehe na Egiptetɔwo alo eƒe gãnyenye kple ŋusẽ teƒe kpɔ o. 3Womenɔ afi ma kpɔ nukunu siwo wòwɔ le Egipte ɖe Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu o. 4Womekpɔ nu si Mawu wɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, ale si wònyrɔ wo ɖe Ƒu Dzĩ la me esi wodze mia yome kple ale si Yehowa na woƒe ŋusẽ ɖe mia ŋu nu ku va se ɖe egbeŋkeke sia dzi o! 5Womekpɔ ale si Yehowa kpɔ mia dzi ɣe sia ɣi le ƒe siwo katã me mienɔ tsaglalã tsam le gbedzi va se ɖe esime mieɖo afi sia o. 6Womenɔ afi ma esime Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo kple Ruben ƒe dzidzimeviwo wɔ nu vɔ̃, eye anyigba ke nu mi wo, woƒe aƒemetɔwo, agbadɔwo kple woƒe nuwo katã le Israelviwo katã ŋkume o!

7“Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe, 8eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe. 9Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’ 10Anyigba si dzi miage ɖo, eye miaxɔ la, mele abe Egiptenyigba, afi si mietso, afi si wòhiã le be miadze tɔʋu suewo ɖe miaƒe agblewo me, ana tsi nato wo me hena miaƒe agblemenukuwo ƒe wɔwɔ ene o. 11Anyigba nyui aɖe si dzi towo kple balimewo le, eye tsi dzana le nyuie la wònye, 12anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la ŋutɔ léa be na, eye eƒe ŋku le anyigba la ŋu ɣe sia ɣi tso ŋkeke yi ŋkeke le ƒe blibo la me!

13“Ne miawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo katã mele mia na ge egbe la dzi pɛpɛpɛ, eye ne mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo, eye miasubɔe la, 14ekema agana adametsi kple kelemetsi nadza na mi ale be miate ŋu akpɔ bli fũu kple waintsetse geɖewo kple ami sɔ gbɔ. 15Ana lãnyiƒe damawo mi hena miaƒe lãwo, eye miawo ŋutɔ miakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo nyuie.

16“Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o. 17Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi, 18eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome. 19Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu! 20Miŋlɔ wo ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu le miaƒe aƒewo me kple miaƒe agbowo ŋu, 21ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi.

22“Ne miewɔ ɖe se siwo katã mede na mi dzi pɛpɛpɛ, ne mielɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, ne miezɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã dzi, eye mielé ɖe eŋu la, 23ekema Yehowa anya dukɔwo katã ɖa le mia ŋgɔ, aleke gbegbe woasɔ gbɔ wu mi, eye woasẽ wu mi hã! 24Afi sia afi si miaɖo afɔe la, anyigba la anye mia tɔ. Miaƒe liƒowo akeke tso Negeb ƒe anyigbeme ayi Lebanon, agatso Frat tɔsisi la ŋu, ayi Domeƒu la ŋu. 25Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu.

26“Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbea be miatia. 27Miaxɔ yayra ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo metsɔ le mia nam egbe la dzi, 28ke fiƒode ava mia dzi ne miegbe seawo dzi wɔwɔ, eye miesubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawuwo. 29Ne Yehowa, miaƒe Mawu la kplɔ mi yi anyigba la dzi be miaxɔe la, ekema woaɖe gbeƒã yayra le Gerizim to dzi, eye woaɖe gbeƒã fiƒode le Ebal to dzi! 30Gerizim kple Ebal wonye towo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si Kanaantɔwo le, le gbegbe si te ɖe Gilgal ŋu, afi si More ƒe ati gãwo le. 31Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi. 32Ke ele na mi be miawɔ ɖe se siwo katã mele mia nam egbea la dzi.”

Ilustração artística — interpretação, não registro histórico.

Você sabia?

Amor, Obediência e a Terra das Chuvas

  • Moisés contrasta a agricultura no Egito com a vida na Terra Prometida. Enquanto a agricultura no vale plano do Nilo dependia da irrigação manual, descrita como regar a pé como uma horta, Canaã era uma terra de montes e vales que dependia inteiramente das chuvas sazonais de outono e primavera.Fontes: o próprio texto bíblico · Egypt
  • O discurso apela diretamente à memória viva dos israelitas, lembrando-os do julgamento sobre Datã e Abirão, filhos do rubenita Eliabe. Durante a caminhada no deserto, a terra se abriu e engoliu esses homens com suas famílias e tendas.Fontes: o próprio texto bíblico · Dathan · Abiram (son of Eliab) · Eliab
  • A extensão da terra prometida ao povo é descrita desde o deserto meridional até os montes do Líbano, e desde o rio Eufrates até o mar Ocidental. Ao atravessarem o Jordão, a comunidade deveria proclamar as bênçãos sobre o monte Gerizim e as maldições sobre o monte Ebal.Fontes: o próprio texto bíblico · Lebanon · Euphrates · Jordan

Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.

Lugares deste capítulo

  • Egypt · 30.129, 31.308 · versículos 3, 4, 10
  • Jordan · Hoje: Jordan River · 31.761, 35.558 · versículos 8, 11, 30, 31
  • Euphrates · Hoje: Euphrates River · 31.004, 47.442 · versículo 24
  • Great Sea · Hoje: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · versículo 24
  • Lebanon · 33.540, 35.584 · versículo 24
  • Mount Ebal · 32.234, 35.273 · versículo 29
  • Mount Gerizim · 32.199, 35.273 · versículo 29
  • Arabah · 30.417, 35.151 · versículo 30
  • Moreh · Hoje: within 1 km of Tell Balatah · 32.214, 35.282 · versículo 30

Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Fale com a gente

Conte de onde você lê, como a Bíblia tem te ajudado ou o que podemos melhorar. Lemos todas as mensagens.