Daniel 8
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Daniel kpɔ ŋutega tso agbo aɖe kple gbɔ̃tsu aɖe ŋu
1Le fia Belsazar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, nye Daniel mekpɔ ŋutega aɖe ɖe esi mekpɔ xoxo la yome. 2Le nye ŋutega la me la, mekpɔ ɖokuinye be mele Susa fiadu la me le Elam nutogã me. Le ŋutega la me la, mekpɔ hã be menɔ Ulai tɔsisi la to. 3Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ agbo aɖe si to dzo eve, wòtsi tsitre ɖe tɔsisi la to; eƒe dzowo didi. Dzoawo dometɔ ɖeka nɔ kpuie wu evelia gake eva didi ɖe edzi emegbe. 4Menɔ ŋku lém ɖe agboa ŋu esi wònɔ dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe. Lã aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe enu o eye ɖeke mete ŋu xɔ nu léle le esi o. Ewɔ nu si dze eŋu eye wòkpɔ ŋusẽ ŋutɔ.
5Esi menɔ nu sia ŋu bum la, gbɔ̃tsu aɖe tso ɣetoɖoƒe gome va le anyigba blibo la dzi tsam kple du gake eƒe afɔwo menɔ anyigba kam o. Gbɔ̃tsu la to dzo titri eve ɖe eƒe ŋkuwo dome. 6Eva agbo si to dzo eve si mekpɔ le tɔsisi la to la gbɔ eye wòlũ ɖe edzi kple dɔmedzoe helĩhelĩ. 7Mekpɔe wòlũ ɖe agbo la dzi dɔmedzoetɔe, tu dzoe eye wòŋe eƒe dzo eveawo. Ŋusẽ menɔ agbo la ŋu wòatrɔ anɔ te ɖe enu o. Gbɔ̃tsu la ƒoe ƒu anyi, tu afɔ edzi eye naneke mete ŋu ɖee le eƒe asi me o. 8Gbɔ̃tsu la va xɔ ŋkɔ ale gbegbe gake le eƒe ŋusẽ ƒe kɔkɔƒe la, eƒe dzo biɖa la ŋe eye dzo titri ene to ɖe eteƒe do ɖe dziƒoya eneawo gbɔ.
9Dzo bubu to tso dzoawo dometɔ ɖeka me. Dzo sia nɔ sue gake eva tsi le ŋusẽ me yi ɖe dziehe godo, va ɣedzeƒe, do ɖe Anyigba Nyui la gbɔ ke. 10Etsi va se ɖe esime wòtɔ dziƒo ŋu, ena ɣletivi aɖewo ge va dze anyigba eye wòtu afɔ wo dzi. 11Edo eɖokui ɖe dzi ɖe aʋakɔwo ƒe Fia la ŋu eye wòxɔ gbe sia gbe ƒe vɔsalã le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la. 12Le aglãdzedze ta la, wotsɔ ame kɔkɔewo ƒe aʋakɔ la kple gbe sia gbe ƒe vɔsa de asi nɛ. Nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ eye wòtsɔ nyateƒe ƒu gbe ɖe anyigba.
13Tete mese ame kɔkɔe aɖe wònɔ nu ƒom eye ame kɔkɔe bubu gblɔ nɛ be “Va se ɖe ɣe ka ɣi hafi ŋutega sia nava eme, ŋutega si ku ɖe gbe sia gbe ƒe vɔsa, aglãdzedze si hea gbegblẽ vɛ kple asiɖeɖe le kɔkɔeƒe la ŋu kple dɔla si dzi woanye avuzi le?”
14Egblɔ nam be, “Fiẽ kple ŋdi akpe eve alafa etɔ̃ ava yi ekema woagbugbɔ kɔkɔƒe la ŋu akɔ.”
Ŋutega la ƒe gɔmeɖeɖe
15Esime nye, Daniel, menɔ ŋutega la kpɔm eye menɔ agbagba dzem be mase egɔme la, ame aɖe si ɖi ŋutsu la tsi tsitre ɖe nye ŋkume 16eye mese ame aɖe ƒe gbe tso Ulai tɔsisi la gbɔ wògblɔ be, “Gabriel, gblɔ ŋutega la ƒe gɔmeɖeɖe na ŋutsu sia.”
17Esi wògogo afi si metsi tsitre ɖo la, vɔvɔ̃ ɖom eye metsyɔ mo anyi. Egblɔ nam be, “Ame vi, se egɔme be ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ŋu.”
18Esime wònɔ nu ƒom nam la, menɔ alɔ̃ me ʋĩi eye metsyɔ mo anyi. Eka asi ŋunye eye wòfɔm ɖe tsitre.
19Egblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mele nu si ava dzɔ emegbe le dɔmedzoe ƒe ɣeyiɣi me la gblɔ ge na wò elabena ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖo la ŋu. 20Agbo dzoevee si nèkpɔ la nye Media fia kple Persia fia. 21Gbɔ̃tsu la nye Grik fia eye dzo titri si nɔ eƒe ŋkuwo dome lae nye fia gbãtɔ. 22Dzo ene siwo to ɖe ɖeka si woŋe teƒe lae nye fiaɖuƒe ene siwo ado tso eƒe dukɔ me gake ŋusẽ ma tɔgbi ke manɔ wo ŋu o.
23“Le woƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu lɔƒo esime aglãdzelawo ƒe aglãdzedze ado gã ɖe edzi la, fia vlo aɖe si nye ayetɔ gã aɖe la, ado. 24Azu ame sesẽ aɖe ŋutɔ gake menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Agblẽ nuwo nyamanyama eye wòakpɔ dzidzedze le nu sia nu si wòawɔ la me. Atsrɔ̃ ŋutsuwo kple ame kɔkɔewo. 25Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.
26“Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.”
27Ɖeɖi te nye, Daniel ŋu eye menɔ dɔba dzi ŋkeke aɖewo. Emegbe mefɔ eye meyi fia la ƒe dɔwɔwɔ dzi. Ŋutega la wɔ nuku nam ŋutɔ; ekɔ wu amewo ƒe gɔmesese.

Você sabia?
A visão do carneiro e do bode
- Em sua visão, Daniel se vê na cidadela de Susã, na província de Elão, junto ao canal de Ulai. Susã era a antiga capital de Elão, e o Ulai, chamado pelos gregos de Eulaus, era um rio que se dividia em dois braços perto da cidade.Fontes: o próprio texto bíblico · Susa · Ulai · Elam
- Esta passagem traz a primeira aparição bíblica do anjo Gabriel por seu próprio nome. Gabriel recebe a ordem de explicar a visão profética a Daniel, que desfalece de temor antes de ser posto em pé pelo anjo.Fontes: o próprio texto bíblico · Gabriel
- A visão fornece identificações geopolíticas explícitas: o carneiro de dois chifres representa os reis da Média e da Pérsia, enquanto o bode peludo representa o rei da Grécia.Fontes: o próprio texto bíblico · Media · Persia · Greece
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Elam · 32.189, 48.258 · versículo 2
- Susa · Hoje: Shush · 32.189, 48.258 · versículo 2
- Canaan · 32.767, 35.333 · versículo 9
- Media · 34.806, 48.516 · versículo 20
- Persia · 34.806, 48.516 · versículo 20
- Greece · 37.972, 23.727 · versículo 21
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org