Daniel 7
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Toque num versículo para ver as referências cruzadas.
Daniel ƒe drɔ̃ekuku tso lã wɔadã ene ŋu
1Le Belsazar, Babilonia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Daniel ku drɔ̃e esime wòmlɔ eƒe aba dzi eye ŋutega geɖewo to eƒe susu me. Eŋlɔ drɔ̃e la me nyawo da ɖi.
2Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam. 3Lã gã ene siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la do go tso atsiaƒu la me.
4“Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ.
5“Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’
6“Le esia megbe la, mekpɔ lã bubu wònɔ nye ŋkume. Lã sia ɖi lãkle. Aʋala ene nɔ dzime nɛ abe xevi ƒe aʋalawo ene. Lã la to ta ene eye wona ŋusẽe be wòaɖu fia.
7“Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo.
8“Esi menɔ dzoawo ŋu bum la, dzo bubu aɖe do ɖe nye ŋkume; dzo sue aɖe koe wònye do ɖe wo dome eye wòho dzo etɔ̃ le dzo gbãtɔwo dome le eŋgɔ. Ŋkuwo nɔ dzo sia ŋu abe amegbetɔ ƒe ŋkuwo ene eye nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe hã nɔ eŋu.
9“Esi menɔ ŋku lém ɖe eŋu la,
“woɖo fiazikpuiwo woƒe nɔƒewo.
Tete Blema Mawu va nɔ eƒe nɔƒe.
Eƒe awu fu tititi abe sno ene
eye eƒe taɖa fu abe ɖetifu ene.
Eƒe fiazikpui nɔ bibim kple dzo.
10Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ.
Ame akpe akpewo nɔ esubɔm,
ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ.
Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.
11“Meyi ŋkuléle ɖe nuwo ŋu dzi le adegbeƒonya siwo lãdzo la nɔ gbɔgblɔm la ta. Meyi nukpɔkpɔ dzi va se ɖe esime wowu lã la eye wotsɔ eƒe ŋutilã kukua ƒu gbe ɖe dzo bibi la me. 12Woxɔ ŋusẽ le lã bubuawo si gake wona be woanɔ agbe hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
13“Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee. 14Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ nɛ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o.
Drɔ̃e la gɔme ɖeɖe
15“Nye, Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye eye ŋutega siwo mekpɔ la ɖe fu nam. 16Mete ɖe ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka ŋu eye mebia nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔ tso egbɔ.
“Ale wògblɔe nam eye wòna nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖem. 17‘Lã gã eneawoe nye fiaɖuƒe ene siwo ava dzɔ tso anyigba dzi. 18Ke Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo axɔ fiaɖuƒe la eye wòanye wo tɔ tegbee, ɛ̃, tegbetegbe.’
19“Tete medi be manya lã enelia ƒe gɔmeɖeɖe tututu. Lã sia to vovo sãa tso bubuawo gbɔ eye ŋɔdzi nɔ eŋu ŋutɔ kple eƒe gaɖuwo kple akɔblifewo. Enye lã si vuvua nu, ɖua eƒe nu lélewo eye wòtua afɔ nu sia nu si susɔ la dzi. 20Medi hã be manya nu tso eƒe dzo ewo siwo nɔ eƒe ta kple dzo bubu si wòto, esi ŋgɔ dzo etɔ̃ ho le, dzo si ŋu dzedzeme nɔ wu bubuawo eye esi ŋu ŋkuwo kple nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe nɔ la ŋu. 21Esi melé ŋku ɖe eŋu la, dzo sia nɔ aʋa wɔm kple ame kɔkɔeawo eye wònɔ wo dzi ɖum. 22Va se ɖe esime Blema Mawu la va eye wòtso afia na Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo eye ɣeyiɣia de be fiaɖuƒe la nazu wo tɔ.
23“Ena gɔmeɖeɖe siam. ‘Lã eneliae nye fiaɖuƒe enelia si ado ɖe anyigba dzi. Ato vovo tso fiaɖuƒe bubuawo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la dzi, atu afɔ edzi eye wòagbãe. 24Dzo ewoawo nye fia ewo siwo ado tso fiaɖuƒe sia me. Le woawo yome la, fia bubu aɖe ava, ato vovo tso esiwo do ŋgɔ nɛ la gbɔ eye wòaɖu fia etɔ̃ dzi. 25Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã.
26“ ‘Ke ʋɔnu la aɖi anyi, woaxɔ eƒe ŋusẽ le esi eye woagbãe gudugudu tegbetegbe. 27Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’
28“Esiae nye nya la ƒe nuwuwu. Nye, Daniel, nye susuwo ɖe fu nam ŋutɔŋutɔ, nye ŋkume fu kpĩi ke medzra nya la ɖo ɖe nye dzi me.”

Você sabia?
A Visão de Daniel dos Quatro Animais
- Daniel recebeu esta visão durante o primeiro ano de Belsazar, o último rei da Babilônia. A antiga capital imperial ficava localizada às margens do rio Eufrates, na Mesopotâmia.Fontes: o próprio texto bíblico · Belshazzar · Babylon
- O capítulo descreve quatro animais monstruosos que surgem de um mar agitado pelos ventos, interpretados a Daniel como quatro reinos terrenos sucessivos que surgiriam antes do estabelecimento de um reino divino eterno.Fontes: o próprio texto bíblico
- Após presenciar a visão dos animais e a cena do tribunal onde alguém semelhante a um Filho do Homem recebe domínio eterno, Daniel registrou o sonho, sentindo-se profundamente perturbado e visivelmente pálido.Fontes: o próprio texto bíblico
Notas escritas com auxílio de IA a partir de fontes abertas (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, domínio público) e revisadas antes de publicar.
Lugares deste capítulo
- Babylon · 32.543, 44.422 · versículo 1
- Great Sea · Hoje: Mediterranean Sea · 31.805, 34.170 · versículo 2
Só aparecem lugares com identificação de alta confiança (90% ou mais segundo as fontes acadêmicas reunidas pelo OpenBible). Mapa da época: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; mapa atual: © colaboradores do OpenStreetMap; lugares: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Créditos e licença desta tradução
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Fonte: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org